< Kronika 1 8 >

1 Benyamin ƒe ŋgɔgbevie nye: Bela, Asbel nye Via ŋutsu evelia eye etɔ̃lia ŋkɔe nye Ahara,
Benjamin engendra Béla, son premier-né, Ashbel le second, Achrach le troisième,
2 eneliae nye Noha eye atɔ̃liae nye Rafa.
Nocha le quatrième, et Rapha le cinquième.
3 Bela ƒe viŋutsuwoe nye: Ada, Gera, Abihud,
Les fils de Béla furent: Addar, Guéra, Abihud,
4 Abisua, Naaman, Ahoa
Abishua, Naaman, Achoach,
5 Gera, Sefufan kple Huram.
Guéra, Shéphuphan et Huram.
6 Ehud ƒe viwo nye hlɔ̃metatɔwo le Geba. Wolé wo le aʋa me eye woɖe aboyo wo yi Manahat. Woawoe nye:
Voici les enfants d'Échud; ils étaient chefs des maisons des pères des habitants de Guéba, et ils les transportèrent à Manachath:
7 Naaman, Ahiya, Gera, ame si wogayɔna be Heglam, ame si dzi Uza kple Ahihud.
Naaman, Achija et Guéra; c'est lui qui les transporta. Il engendra Uzza et Achichud.
8 Saharaim gbe srɔ̃a eveawo, Husim kple Baara.
Shacharaïm eut des enfants au pays de Moab, après qu'il eut renvoyé Hushim et Baara, ses femmes.
9 Edzi viwo kple Hodes, srɔ̃a yeyea le Moab nyigba dzi. Ɖeviawoe nye Yobab, Zibia, Mesa, Malkam,
Il engendra de Hodèsh, sa femme, Jobab, Tsibia, Mésha, Malcam,
10 Yeuz, Sakia kple Mirma. Ame siawo katã va zu hlɔ̃mefiawo.
Jéuts, Shocja et Mirma. Ce sont là ses fils, chefs des pères.
11 Do ŋgɔ la, srɔ̃a Husim dzi Ahitub kple Elpaal nɛ.
De Hushim il engendra Abitub, et Elpaal.
12 Elpaal ƒe viwoe nye: Eber, Misam, Semed, ame si tso Ono du kple Lod du kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo.
Les fils d'Elpaal: Éber, Misheam, et Shémer, qui bâtit Ono, Lod et les villes de son ressort.
13 Via bubuwoe nye Beria kple Sema, hlɔ̃mefia siwo nɔ Aiyalon; wonya ame siwo nɔ Gat tsã la dzoe.
Béria et Shéma, qui étaient chefs des pères des habitants d'Ajalon, mirent en fuite les habitants de Gath.
14 Elpaal ƒe viwo dometɔ aɖewoe nye: Ahio, Sasak kple Yeremot.
Achio, Shashak, Jérémoth,
15 Beria ƒe viwoe nye: Zebadia, Arad, Eder,
Zébadia, Arad, Éder,
16 Mikael, Ispa kple Yoha.
Micaël, Jishpha et Jocha, étaient fils de Béria.
17 Elpaal ƒe viwo dometɔ aɖewoe nye: Zebadia, Mesulam, Hizku, Heber,
Zébadia, Meshullam, Hizki, Héber,
18 Ismerai, Izlia kple Yobab.
Jishméraï, Jizlia, et Jobab, étaient fils d'Elpaal.
19 Simei ƒe viwoe nye: Yakim, Zikri, Zabdi,
Jakim, Zicri, Zabdi,
20 Elienai, Ziletai, Eliel
Éliénaï, Tsilethaï, Éliel,
21 Adaya, Beraya kple Simrat.
Adaja, Béraja, et Shimrath, étaient fils de Shimeï.
22 Sasak ƒe viwoe nye: Ispan, Eber, Eliel,
Jishpan, Éber, Éliel,
23 Abdon, Zikri, Hanan
Abdon, Zicri, Hanan,
24 Hananiya, Elam, Antotiya,
Hanania, Élam, Anthothija,
25 Ifdeya kple Penuel.
Jiphdéja et Pénuel, étaient fils de Shashak.
26 Yehoram ƒe viwoe nye: Samserai, Seharia, Atalia,
Shamshéraï, Shécharia, Athalia,
27 Yaaresia, Eliya kple Zikri.
Jaareshia, Élija et Zicri, étaient fils de Jérocham.
28 Ame siwo nye fiawo le hlɔ̃wo nu le Yerusalem woe nye:
Ce sont là les chefs des maisons des pères, chefs selon leur naissance. Ils habitaient à Jérusalem.
29 Yeiel, Gibeon fofo, enɔ Gibeon; srɔ̃a ŋkɔe nye Maaka.
Le père de Gabaon habitait à Gabaon; sa femme s'appelait Maaca.
30 Via ŋutsu tsitsitɔe nye Abdon eye eyomeviwoe nye Zur, Kis, Baal, Ner, Nadab,
Son fils, le premier-né, fut Abdon; puis Tsur, Kis, Baal, Nadab,
31 Gedor, Ahio, Zeker
Guédor, Achio et Zéker.
32 kple Miklot, ame si dzi Simea. Ƒome siawo katã nɔ teƒe ɖeka le Yerusalem gbɔ.
Mikloth engendra Shiméa. Ils habitèrent aussi près de leurs frères à Jérusalem, avec leurs frères.
33 Ner dzi Kis, ame si dzi Saul eye Saul hã dzi Yonatan, Malki Sua, Abinadab kple Esbaal.
Ner engendra Kis; Kis engendra Saül; Saül engendra Jonathan, Malkishua, Abinadab et Eshbaal.
34 Yonatan dzi Mefiboset ame si wogayɔna hã be Meribaal eye eya hã dzi Mika.
Fils de Jonathan: Mérib-Baal. Mérib-Baal engendra Mica.
35 Mika ƒe viwoe nye: Pitɔn, Melek, Tarea kple Ahaz.
Fils de Mica: Pithon, Mélec, Thaeréa et Achaz.
36 Ahaz dzi Yehoiada eye eya hã dzi Alemet, Azmavet kple Zimri, ame si dzi Moza.
Achaz engendra Jéhoadda; Jéhoadda engendra Alémeth, Azmaveth et Zimri; Zimri engendra Motsa;
37 Moza dzi Binea, ame si ƒe viwoe nye Rafa, Eleasa kple Azel.
Motsa engendra Binea, qui eut pour fils Rapha, qui eut pour fils Éleasa, qui eut pour fils Atsel.
38 Ŋutsuvi ade nɔ Azel si; woawoe nye: Azrikam, Bokeru, Ismael, Searia, Obadia kple Hanan.
Atsel eut six fils, dont voici les noms: Azrikam, Bocru, Ismaël, Shéaria, Obadia et Hanan. Tous ceux-là étaient fils d'Atsel.
39 Azel nɔviŋutsu, Esek dzi viŋutsu etɔ̃; gbãtɔe nye Ulam, eveliae nye Yeus eye etɔ̃liae nye Elifelet.
Fils d'Eshek, son frère: Ulam, son premier-né, Jéush le second, et Éliphélet le troisième.
40 Ulam ƒe viwo nye aʋawɔla xɔŋkɔwo eye woƒe alɔ dzɔna le aŋutrɔdada me. Viŋutsu kple tɔgbuiyɔvi alafa ɖeka blaatɔ̃ nɔ esi eye wo katã wonye Benyamin ƒe dzidzimeviwo.
Les fils d'Ulam furent de vaillants guerriers, tirant de l'arc; et ils eurent beaucoup de fils et de petits-fils, cent cinquante. Tous ceux-là sont des enfants de Benjamin.

< Kronika 1 8 >