< Kronika 1 7 >

1 Isaka ƒe viŋutsuwoe nye: Tola, Pua, Yasub kple Simrɔn; wo katã le ame ene.
Issakas Sønner var: Tola, Pua, Jasjub og Sjimron, fire.
2 Tola ƒe viwoe nye: Uzi, Refaya, Yeriel, Yahmai, Ibsam kple Samuel eye wo dometɔ ɖe sia ɖe nye eƒe ƒome ƒe tatɔ. Le Fia David ŋɔli la, aʋawɔla siwo tso ƒome siawo me la de ame akpe blaeve-vɔ-eve, alafa ade.
Tolas Sønner: Uzzi, Refaja, Jeriel, Jamaj, Jibsam og Sjemuel, Overhoveder for Tolas Fædrenehuse, dygtige Krigere. Efter deres Slægtebøger udgjorde deres Tal på Davids Tid 22600.
3 Izrahia nye Uzi ƒe vi. Izrahia ƒe viŋutsuwoe nye: Mikael, Obadia, Yoel kple Isia; wo ame atɔ̃ la katã nye dumegãwo.
Uzzis Sønner: Jizraja, Jizrajas Sønner Mikael, Obadja, Joel og Jissjija, fem, alle sammen Overhoveder.
4 Le David ŋɔli la, aʋawɔla siwo nɔ woƒe dzidzimeviwo dome la de ame akpe blaetɔ̃ vɔ ade. Srɔ̃wo kple viwo sɔ gbɔ le wo ame atɔ̃awo dometɔ ɖe sia ɖe si.
Til dem hørte efter deres Slægtebøger, efter deres Fædrenehuse, krigsrustede Skarer, 36000; de havde nemlig mange kvinder og Børn.
5 Aʋawɔla siwo nɔ Isaka ƒe viwo dome la nye ame akpe blaenyi-vɔ-adre, wode dzesi wo ɖe dzidzimegbalẽ la me.
Deres Brødre, alle Issakars Slægter, var dygtige Krigere; de, som var indført i deres Slægtebog, udgjorde i alt 87 000.
6 Benyamin ƒe viŋutsu etɔ̃awoe nye: Bela, Beker kple Yediael.
Benjamins Sønner: Bela, Beker og Jediael, tre.
7 Bela ƒe viŋutsuwoe nye: Ezbon, Uzi, Uziel, Yerimot kple Iri. Ame atɔ̃ siawo katã nye ƒomewo ƒe tatɔwo. Aʋawɔla siwo le woƒe dzidzimeawo me la nye ame akpe blaeve-vɔ-eve kple blaetɔ̃-vɔ-ene. Wode dzesi wo katã ɖe dzidzimegblalẽwo me.
Belas Sønner: Ezbon, Uzzi, Uzziel Jerimot og Iri, fem, Overhoveder for Fædrenehuse, dygtige Krigere; de, som var indført i deres Slægtebog, udgjorde 22034.
8 Beker ƒe viwoe nye: Zemira, Yoas, Eliezer, Elioenai, Omri, Yeremot, Abiya, Anatɔt kple Alemet.
Bekers Sønner: Zemira, Joasj, Eliezer, Eljoenaj, Omri, Jeremot, Abija, Anatot og Alemet; alle disse var Bekers Sønner;
9 Le Fia David ŋɔli la, aʋawɔla sesẽ akpe blaeve-vɔ-eve alafa eve nɔ woƒe dzidzimeviwo dome eye woƒe kplɔlawo nye woƒe ƒometatɔwo.
de, som var indført i deres Slægtebog efter deres Slægter, Overhovederne for Fædrenehusene, dygtige Krigere, udgjorde 20 200.
10 Yediael ƒe vie nye: Bilhan, eye Bilhan ƒe viwoe nye: Yeus, Benyamin, Ehud, Kenaana, Zetan, Tarsis kple Ahisahar.
Jediaels Sønner: Bilhan; Bilhans Sønner: Je'usj, Binjamin, Ehud, Kena'ana, Zetan, Tarsjisj og Ahisjahar;
11 Yediael ƒe hlɔ̃wo ƒe tatɔwo kple aʋawɔla nye akpe wuiadre, alafa eve le Fia David ŋɔli.
alle disse var Jediaels Sønner, Overhoveder for deres Fædrenehuse, dygtige Krigere, 17200 øvede Krigere.
12 Ir ƒe viwoe nye Supitɔwo kple Hupitɔwo. Husim nye Aher ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka.
Og Sjuppim og Huppim var Irs Sønner, og Husjim var Ahers Sønner
13 Naftali ƒe viwo, ame siwo dzɔ tso Yakob ƒe vi siwo Yakob srɔ̃ Bilha dzi me la woe nye: Yahziel, Guni, Yezer kple Salum.
Naftalis Sønner var: Jabaziel, Guni, Jezer og Sjallum. Bilhas Sønner:
14 Manase ƒe vi siwo srɔ̃a si nye Arameatɔ dzi nɛ la, woe nye Asriel kple Makir, ame si va zu Gilead fofo.
Manasses Sønner, som hans aramaiske Medhustru fødte: Hun fødte Makir, Gileads Fader.
15 Makir nye ame si di srɔ̃wo na Hupim kple Supim. Makir nɔvinyɔnu nye Maaka. Makir ƒe vi bubue nye Zelofehad, ame si si vinyɔnuwo ɖeɖe ko nɔ.
Gilead ægtede en Kvinde ved Navn Ma'aka; hans Søster hed Hammoleket, og hans Broder hed Zelobad; Zelofbad havde kun Døtre.
16 Makir srɔ̃ hã ŋkɔe nye Maaka; edzi ŋutsuvi ɖeka eye wòna ŋkɔe be Peres; nɔvia ŋutsu ŋkɔe nye Seres, ame si dzi ŋutsuvi eve, Ulam kple Rakem.
Gileads Hustru Ma'aka fødte en Søn, som hun kaldte Peresj, medens hans Broder hed Sjeresj; hans Sønnervar Ulam og Rekem.
17 Ulam dzi Bedan. Ale ame siawoe nye Gilead ƒe viwo kple tɔgbuiyɔviwo na Makir, ame si fofoe nye Manase.
Ulams Sønner: Bedan. Det var Sønner af Gilead, en Søn af Makir, en Søn af Manasse.
18 Hamoleket, Makir nɔvinyɔnu dzi Ishod, Abiezer kple Mahla.
Hans Søster Hammoleket fødte Isjhod, Abiezer og Mala.
19 Semida ƒe viwoe nye: Ahian, Sekem, Likhi kple Aniam.
Sjemidas Sønner: Ajan, Sjekm, Likhi og Ani'am.
20 Efraim ƒe vidzimeviwoe nye: Sutela, Via ŋutsu, Bered, ame si dzi Tahat, ame si dzi Eleada, ame si dzi Tahat,
Efraims Sønner: Sjutela hans Søn Bered, hans Søn Tahat, hans Søn El'ada, hans Sønahat,
21 ame si dzi Zabad ame si dzi Sutela. Amewo tso Gat wu Ezer kple Elead esi ame eve siawo yi Gat be yewoafi woƒe lãwo.
hans Søn Zabad, hans Søn Sjutela - og Ezer og El'ad. Dem dræbte Mændene fra Gat, de indfødfe i Landet, fordi de var draget ned for at tage deres Hjorde.
22 Wo fofo Efraim fa wo ɣeyiɣi didi aɖe eye nɔviawo dze agbagba be yewoafa akɔ nɛ.
Deres Fader Efraim sørgede i lang Tid over dem, og hans Brødre kom for at trøste ham.
23 Le esia megbe la, srɔ̃a fɔ fu eye wòdzi ŋutsuvi. Efraim na ŋkɔe be Beria, si gɔmee nye “Dzɔgbevɔ̃e,” le nya si dzɔ la ta.
Så gik han ind til sin Hustru, og hun blev frugtsommelig og fødte en Søn, som han kaldte Beri'a, fordi hans Hus var i Ulykke, da det skete.
24 Efraim ƒe vinyɔnu ŋkɔe nye Seera, eyae tu Bet Horon Anyigbetɔ kple Bet Horon Dzigbetɔ siaa kple Uzen Seera.
Hans Datter var Sje'era, som byggede Nedre- og Øvre-Bet-Horon og Uzzen-Sje'era.
25 Efraim ƒe dzidzimeviwo yi ale: Efraim dzi Refa, ame si dzi Resef, ame si dzi Tela ame si dzi Tahan,
Hans Søn var Refa, hans Søn Resjef, hans Søn Tela, hans Søn Tahan,
26 ame si dzi Ladan, ame si dzi Amihud, ame si dzi Elisama,
hans Søn Ladan, hans Søn Ammihud, hans Søn Elisjama,
27 ame si dzi Nun, ame si dzi Yosua.
hans Søn Nun, hans Søn Josua.
28 Anyigba si dzi wonɔ la do liƒo kple Betel kple du siwo ƒo xlãe; edo liƒo kple Naran le ɣedzeƒe kple Gezer kple eƒe duwo le ɣetoɖoƒe eye wògado liƒo kple Sekem kple du siwo ƒo xlãe heyi Aya kple du siwo ƒo xlãe.
Deres Besiddelser og Boliger var Betel med Småbyer, mod Øst Na'aran, mod Vest Gezer med Småbyer, fremdeles Sikem med Småbyer indtil Ajja med Småbyer;
29 Du siwo nɔ Manase ƒe viwo, ame siwo dzɔ tso Yosef, Israel ƒe vi, me ƒe dzikpɔkpɔ te la, woe nye Bet Sean, Taanak, Megido kple Dor kple du siwo ƒo xlã wo.
langs Manassiternes Grænse Bet-Sjean med Småbyer, Ta'anak med Småbyer, Megiddo med Småbyer og Dor med Småbyer. I dem boede Israels Søn Josefs Sønner.
30 Aser ƒe viŋutsuwoe nye: Imna, Isva, Isvi, Beria kple wo nɔvinyɔnu Sera.
A Sønner: Jimna, Jisjva, Jisjvi og Beri'a og deres Søster Sera.
31 Beria ƒe viwoe nye: Heber kple Malziel, ame si dzi Birzait.
Beri'as Sønner: Heber og Malkiel, som var Birzajits Fader.
32 Heber ƒe viwoe nye: Yaflet, Somer, Hotam kple wo nɔvinyɔnu, Sua.
Heber avlede Jaflet, Sjomer, Hotam og deres Søster Sjua.
33 Yaflet ƒe viwoe nye: Pasak, Bimhal kple Asvat,
Jaflets Sønner: Pasak, Bimhal og Asjvat; det var Jaflets Sønner.
34 Nɔvia, Semer ƒe viŋutsuviwoe nye: Ahi, Rohga, Huba kple Aram.
Sjemers Sønner: Ahi, Roga, Hubba og Aram.
35 Helem ƒe viwoe nye: Zofa, Imna, Seles kple Amal.
Hans Broder Hotams Sønner: Zofa, Jimna, Sjelesj og Amal.
36 Zofa ƒe viwoe nye: Sua, Harnefer, Sual, Beri, Imra,
Zofas Sønner: Sua, Harnefer, Sjual, Beri, Jimra,
37 Bezer, Hod, Sama, Sila, Itran kple Beera.
Bezer, Hod, Sjamma, Sjilsja, Jitran og Be'era.
38 Yeter ƒe viwoe nye: Yefune, Pispa kple Ara.
Jeters Sønner: Jefunne, Pispa og Ara.
39 Ula ƒe viwoe nye: Ara, Haniel kple Rizia.
Ullas Sønner: Ara, Hanniel og Rizja.
40 Aser ƒe dzidzimeviwo katã nye ƒometatɔwo kple aʋawɔla nyuiwo. Wode aʋawɔla akpe blaeve-vɔ-ade.
Alle disse var Asers Sønner. Overhoveder for Fædrenehusene, udsøgte dygtige Krigere, Overhoveder for Øversterne. De, der var indført i Slægtebogen som brugelige til Krigstjeneste, talte 26000.

< Kronika 1 7 >