< Kronika 1 6 >

1 Levi ƒe viwoe nye: Gerson, Kohat kple Merari.
Levijevi su sinovi bili Geršom, Kehat i Merari.
2 Kohat ƒe viwoe nye: Amram, Izhar, Hebron kple Uziel.
Kehatovi sinovi: Amram, Jishar, Hebron i Uziel.
3 Amram ƒe viwoe nye: Aron, Mose kple Miriam. Aron ƒe viwoe nye: Nadab, Abihu, Eleazar kple Itamar.
Amramovi sinovi: Aron, Mojsije i Mirjama. Aronovi sinovi: Nabad i Abihu, Eleazar i Itamar.
4 Aron ƒe vi tsitsitɔwo ƒe dzidzimeviwoe nye: Eleazar si dzi Finehas, ame si dzi Abisua,
Eleazar rodi Pinhasa, Pinhas rodi Abišuu;
5 ame si dzi Buki, ame si dzi Uzi,
Abišua rodi Bukija, Buki rodi Uziju;
6 ame si dzi Zerahia, ame si dzi Merayot,
Uzija rodi Zerahju; Zerahja rodi Merajota.
7 ame si dzi Amaria, ame si dzi Ahitub,
Merajot rodi Amarju; Amarja rodi Ahituba;
8 ame si dzi Zadok, ame si dzi Ahimaaz,
Ahitub rodi Sadoka; Sadok rodi Ahimaasa;
9 ame si dzi Azaria, ame si dzi Yohanan,
Ahimaas rodi Azarju, Azarja rodi Johanana;
10 ame si dzi Azaria, ame si nye Nunɔlagã si nɔ Solomo ƒe gbedoxɔ me le Yerusalem.
Johanan rodi Azarju, koji je bio svećenik u Hramu što ga je sagradio Salomon u Jeruzalemu.
11 Azaria hã dzi Amaria, ame si dzi Ahitub,
Azarja rodi Amarju; Amarja rodi Ahituba;
12 ame si dzi Zadok, ame si dzi Salum,
Ahitub rodi Sadoka, Sadok rodi Šaluma;
13 ame si dzi Hilkia, ame si dzi Azaria.
Šalum rodi Hilkiju, Hilkija rodi Azarju;
14 Azaria dzi Seraya, ame si dzi Yehozadak,
Azarja rodi Seraju; Seraja rodi Josadaka.
15 ame si woɖe aboyoe esime Yehowa na Nebukadnezar ɖe aboyo ame siwo nɔ Yuda kple Yerusalem.
Josadak je otišao kad je Jahve odveo u sužanjstvo Judu i Jeruzalem Nabukodonozorovom rukom.
16 Abe ale si wode dzesii xoxo ene la, Levi ƒe viwoe nye, Gerson, Kohat kple Merari.
Levijevi su sinovi bili Geršom, Kehat i Merari.
17 Gerson ƒe viwoe nye: Libni kple Simei.
Evo imena Geršomovih sinova: Libni i Šimej.
18 Kohat ƒe viwoe nye: Amram, Izhar, Hebron kple Uziel.
Kehatovi su sinovi bili: Amram, Jishar, Hebron i Uziel.
19 Merari ƒe viwoe nye: Mahli kple Musi. Ƒome siwo dzɔ tso Levi ƒe hlɔ̃ me la le ale:
Merarijevi sinovi: Mahli i Muši. Ovo su rodovi Levijevaca po svojim ocima.
20 Gerson ƒe viwoe nye, Libni, Yahat, Zima,
Od Geršoma: sin mu Libni, njegov sin Jahat, njegov sin Zima,
21 Yoa, Ido, Zera kple Yeaterai.
njegov sin Joah, njegov sin Ido, njegov sin Zerah, njegov sin Jeatraj.
22 Kohat ƒe viwoe nye: Aminadab, Korah, Asir,
Kehatovi sinovi: sin mu Aminadab, njegov sin Korah, njegov sin Asir,
23 Elkana, Ebiasaf, Asir,
njegov sin Elkana, njegov sin Ebjasaf, njegov sin Asir;
24 Tahat, Uriel, Uzia kple Saul.
njegov sin Tahat, njegov sin Uriel, njegov sin Uzija, njegov sin Šaul.
25 Elkana ƒe dzidzimeviwo ma ɖe ƒome siawo me: Amasai, Ahimɔt,
Elkanini sinovi: Amasaj i Ahimot;
26 Elkana, Zofai, Nahat,
njegov sin Elkana, njegov sin Sufaj, njegov sin Nahat;
27 Eliab, Yeroham kple Elkana.
njegov sin Eliab, njegov sin Jeroham, njegov sin Elkana. Elkanini sinovi:
28 Samuel ƒe vi siwo nye tatɔwo na ƒome siwo dzɔ tso Samuel me la woe nye: Yoel, Via ŋutsu tsitsitɔ kple evelia, Abiya.
Samuel, njegov prvenac, drugi Abija.
29 Merari ƒe vi siwo nye tatɔwo na ƒome siwo dzɔ tso Merari me la woe nye: Mahli, Libni, Simei, Uza,
Merarijevi sinovi: Mahli, njegov sin Libni, njegov sin Šimej, njegov sin Uza,
30 Simea, Hagia kple Asaya.
njegov sin Šima, njegov sin Hagija, njegov sin Asaja.
31 Fia David ɖo hadzihadzikpɔlawo kple hadzilawo be woakafu Yehowa le agbadɔ la me esime wòtsɔ nubablaɖaka la de eme megbe.
Ovo su oni koje je postavio David da se brinu za pjevanje u Domu Jahvinu kad je Kovčeg ondje našao svoje počivalište;
32 Wotsɔ hadzidzi subɔ le le Mawu ƒe agbadɔ la ŋgɔ va se ɖe esime Solomo tu Yehowa ƒe gbedoxɔ la ɖe Yerusalem eye hadzilawo yi woƒe dɔ dzi le ɖoɖo nu.
oni koji su služili pred Prebivalištem, Šatorom sastanka, pjevajući, dok nije Salomon sagradio Dom Jahvin u Jeruzalemu i koji su obavljali službu po propisanom redoslijedu.
33 Hadzihakplɔlawo ƒe ŋkɔwo kple woƒe dzidzimeviwo le ale: Hadzila Heman tso Kohat ƒe hlɔ̃ la me. Eƒe dzidzime heyi megbe va se ɖe Israel dzi la yi ale: Yoel, Samuel,
Evo onih što su obavljali službu i njihovih sinova: od Kehatovih sinova: pjevač Heman, sin Joela, sina Samuela,
34 Elkana, Yeroham, Eliel, Toax,
sina Elkane, sina Jerohama, sina Eliela, sina Toaha,
35 Zuf, Elkana, Mahat, Amasai,
sina Sifa, sina Elkane, sina Mahata, sina Amasaja,
36 Elkana, Yoel, Azaria, Zefania,
sina Elkane, sina Joela, sina Azarje, sina Sefanije,
37 Tahat, Asir, Ebiasaf, Korah,
sina Tahata, sina Asira, sina Abjasafa, sina Koraha,
38 Izhar, Kohat, Levi, Israel.
sina Jishara, sina Kehata, sina Levija, sina Izraelova.
39 Heman ƒe kpeɖeŋutɔ gbãtɔe nye Asaf, ame si ƒe dzidzime heyi megbe va se ɖe Levi dzi la yi ale: Berekia, Simea,
Brat mu Asaf stajao je s desne strane; Asaf je bio sin Berekje, sina Šime,
40 Mikael, Baaseia, Malkiya,
sina Mihaela, sina Baaseja, sina Malkije,
41 Etni, Zera, Adaya,
sina Etnija, sina Zeraha, sina Adaje,
42 Etan, Zima, Simei,
sina Etana, sina Zime, sina Šimeja,
43 Yahat, Gerson, Levi.
sina Jahata, sina Geršoma, sina Levijeva.
44 Heman ƒe kpeɖeŋutɔ eveliae nye Etan, tso Merari ƒe ƒome la me. Enɔa Heman ƒe miame. Eƒe dzidzimeviwo heyi megbe va se ɖe Levi dzi yi ale: Kisi, Abdi, Maluk,
Merarijevi sinovi, njihova braća, stajala su mu s lijeve strane: Etan, sin Kušija, sina Abdija, sina Maluka,
45 Hasabia, Amazia, Hilkia,
sina Hašabje, sina Amasje, sina Hilkije,
46 Amzi, Bani, Semer,
sina Amsija, sina Banija, sina Šomera,
47 Mahli, Musi, Merari kple Levi.
sina Mahlija, sina Mušija, sina Merarija, sina Levijeva.
48 Woƒe ƒometɔwo nye Levitɔ bubuawo. Wotsɔ wo ɖo dɔ bubu vovovowo nu le Mawu ƒe agbadɔ la me.
Njihova braća leviti bili su postavljeni za svu službu u svetom Prebivalištu, u Domu Božjem.
49 Ke Aron kple eƒe dzidzimeviwo koe nye nunɔlawo. Woƒe dɔdeasiwo dometɔ aɖewoe nye numevɔwo sasa, dzudzɔdodo, dɔwɔwɔ le Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe kple dɔ siwo ku ɖe ƒe sia ƒe ƒe Avuléŋkekenyui le Israel ŋuti. Wokpɔa egbɔ be wowɔ ɖe nu siwo katã Mose, Mawu ƒe dɔla ɖo na wo la dzi pɛpɛpɛ.
Aron i njegovi sinovi prinosili su kad na žrtveniku za paljenice i na kadionom žrtveniku, obavljajući sav posao u Svetinji nad svetinjama i izvršujući obred pomirenja nad Izraelom, prema svemu što je zapovjedio Božji sluga Mojsije.
50 Aron ƒe dzidzimeviwoe nye: Eleazar, Finehas, Abisua,
Ovo su Aronovi sinovi: sin mu Eleazar, njegov sin Pinhas, njegov sin Abišua,
51 Buki, Uzi, Zerahia,
njegov sin Buki, njegov sin Uzi, njegov sin Zerahja,
52 Merayot, Amaria, Ahitub,
njegov sin Merajot, njegov sin Amarja, njegov sin Ahitub,
53 Zadok kple Ahimaaz.
njegov sin Sadok, njegov sin Ahimaas.
54 Du kple anyigba siwo wona Aron ƒe dzidzimeviwo, ame siwo tso Kohat ƒe hlɔ̃ me la woe nye:
Ovo su im boravišta po naseljima u njihovu području: Aronovim sinovima od Kehatove obitelji - jer na njih je pao ždrijeb -
55 Hebron kple lãnyiƒe siwo ƒo xlãe le Yuda.
dali su Hebron u judejskoj zemlji s pašnjacima oko njega.
56 (Ke agbledeƒe kple kɔƒe siwo ƒo xlã du gã la, wotsɔ wo na Kaleb, Yefune ƒe vi.)
Gradsko polje i njegova sela dali su Jefuneovu sinu Kalebu.
57 Esiwo wotso na Aron viwoe nye: Hebron (Sitsoƒedu), Libna kple eŋu lãnyiƒe, Yatir kple Estemoa kple wo ŋu lãnyiƒewo.
Dali su, dakle, Aronovim sinovima gradove-utočišta Hebron i Libnu s pašnjacima, Jatir i Eštemou s pašnjacima,
58 Hilen, Debir,
Hilez s pašnjacima, Debir s pašnjacima,
59 Asan, Yuta kple Bet Semes kpe ɖe woƒe lãnyiƒewo ŋu na Aron ƒe dzidzimeviwo.
Ašan s pašnjacima i Bet Šemeš s pašnjacima.
60 Benyamin ƒe viwo tso du bubu aɖewo, du siwo dometɔ aɖewo nye Geba, Alemet kple Anatɔt hekpe ɖe lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo ŋu. Du siwo katã woma ɖe Kohat ƒe dzidzimeviwo dome le wuietɔ̃.
Od Benjaminova plemena: Gebu s pašnjacima, Alemet s pašnjacima i Anatot s pašnjacima; dakle trinaest gradova po njihovim rodovima.
61 Woda akɔ azɔ be woama anyigba mamlɛa ɖe Kohat ƒe dzidzimevi bubuawo dome eye woxɔ du ewo le Manase ƒe hlɔ̃ ƒe afã ƒe anyigba dzi.
Ostalim Kehatovim sinovima prema plemenskim rodovima pripalo je ždrijebom deset gradova od polovine Manašeova plemena.
62 Woda akɔ eye woxɔ du wuietɔ̃ le Basan le Isaka, Aser, Naftali kple Manase ƒe viwo si tsɔ na Gerson ƒe viwo.
Geršomovim sinovima po njihovim rodovima pripalo je od Jisakarova plemena, od Ašerova plemena, od Naftalijeva plemena i od Manašeova plemena u Bašanu trinaest gradova.
63 Woda akɔ eye woxɔ du wuieve le Ruben, Gad kple Zebulon ƒe viwo si tsɔ na Merari ƒe viwo.
Merarijevim sinovima po njihovim rodovima pripalo je ždrijebom od Rubenova plemena, od Gadova plemena i od Zebulunova plemena dvanaest gradova.
64 Ale Israelviwo tsɔ du siawo kple woƒe lãnyiƒewo na Levitɔwo.
Tako su Izraelovi sinovi dali levitima te gradove s pašnjacima.
65 Le Yuda, Simeon kple Benyamin ƒe towo me la, wotsɔ du siwo ŋkɔ woyɔxoxo la na wo.
Dali su ždrijebom od plemena Judinih sinova, od plemena Šimunovih sinova i od plemena Benjaminovih sinova te gradove koje su spomenuli poimence.
66 Efraim ƒe viwo tsɔ Sitsoƒedu siawo kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo la na Kohat ƒe viwo:
Onima koji su bili od rodova Kehatovih sinova te dobili ždrijebom gradove od Efrajimova plemena
67 Sekem (sitsoƒedu) kple Gezer,
dali su kao gradove-utočišta Šekem s pašnjacima u Efrajimovoj gori i Gezer s pašnjacima,
68 Yokmeam kple Bet Horon,
Jokmeam s pašnjacima, Bet Horon s pašnjacima,
69 Aiyalon kple Gat Rimon kple eŋu lãnyiƒe.
Ajalon s pašnjacima i Gat-Rimon s pašnjacima.
70 Manase ƒe viwo ƒe afã tsɔ Sitsoƒedu siawo kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo la na Kohat ƒe viwo ƒe afã: Aner kple Balaam.
Od polovine Manašeova plemena dali su rodovima ostalih Kehatovih sinova: Aner s pašnjacima i Bileam s pašnjacima.
71 Sitsoƒedu kple woƒe lãnyiƒe siwo Manase ƒe viwo ƒe afã tsɔ na Gerson ƒe viwo la nye: Golan le Basan kple Astarot.
Geršomovim sinovima dali su od rodova polovine Manašeova plemena Golan u Bašanu s pašnjacima i Aštarot s pašnjacima.
72 Isaka ƒe viwo tsɔ Kedes, Daberat,
Od Jisakarova plemena Kedeš s pašnjacima, Dobrat s pašnjacima,
73 Ramot kple Anem kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo la na wo.
Ramot s pašnjacima i Anem s pašnjacima.
74 Aser ƒe viwo tsɔ Abdon, Masal
Od Ašerova plemena Mašal s pašnjacima, Abdon s pašnjacima,
75 Hukok kple Rehob kple woƒe lãnyiƒewo na wo.
Hukok s pašnjacima i Rehob s pašnjacima.
76 Naftali ƒe viwo tsɔ Kedes le Galilea, Hamon kple Kiriataim kple woƒe lãnyiƒewo na wo.
Od Naftalijeva plemena Kedeš u Galileji s pašnjacima, Hamon s pašnjacima i Kirjatajim s pašnjacima.
77 Zebulon ƒe viwo tsɔ Rimono kple Tabor kpakple woƒe lãnyiƒewo na Merari ƒe viwo abe Sitsoƒeduwo ene.
Ostalim Merarijevim sinovima dali su od Zebulunova plemena Rimon s pašnjacima i Tabor s pašnjacima.
78 Tso Ruben ƒe to la me le Yɔdan ƒe akpa kemɛ le Yeriko kasa la, woxɔ Bezer le gbegbe la, Yaza,
S onu stranu Jordana, prema Jerihonu, na istočnoj strani Jordana, dali su im od Rubenova plemena Beser u pustinji s pašnjacima, Jahsu s pašnjacima,
79 Kedemot kple Mefaat kpe ɖe woƒe lãnyiƒewo ŋu.
Kedemot s pašnjacima i Mefaat s pašnjacima.
80 Gad ƒe viwo tsɔ Ramot le Gilead, Mahanaim
Od Gadova plemena Ramot u Gileadu s pašnjacima, Mahanajim s pašnjacima,
81 Hesbon kple Yazer kple woƒe lãnyiƒewo na wo.
Hešbon s pašnjacima i Jazer s pašnjacima.

< Kronika 1 6 >