< Kronika 1 4 >

1 Yuda ƒe dzidzimevi bubuawoe nye: Perez, Hezron, Karmi, Hur kple Sobal.
Nyikwa Juda ne gin: Perez, Hezron, Karmi, Hur gi Shobal.
2 Sobal ƒe vie nye Reaia, ame si dzi Yahat, ame si dzi Ahumai kple Lahad. Ame siawo va zu Zoratitɔwo ƒe ƒomewo.
Reaya wuod Shobal nonywolo Jahath, to Jahath nonywolo Ahumai kod Lahad. Magi ema ne anywola mar jo-Zorath.
3 Etam ƒe dzidzimeviwoe nye: Yezreel, Isma, Idbas kple via nyɔnu Hazelelponi
Magi ema ne yawuot Etam: Jezreel, Ishma kod Idbash, to nyamin-gi niluongo ni Hazelelponi.
4 Penuel dzi Gedor eye Ezer dzi Husa Ezer. Ame siawoe nye Hur ƒe dzidzimeviwo, Hur nye Efrata ƒe ŋgɔgbevi kple Betlehem fofo.
Penuel nonywolo Gedor kod Ezer ma wuon Husha. Magi ne nyikwa Hur, mane en wuod Efratha makayo mane wuon Bethlehem.
5 Asur, Tekoa fofo, ɖe srɔ̃ eve: Hela kple Naara.
Ashur wuon Tekoa ne nigi mon ariyo, Hela kod Naara.
6 Naara dzi Ahuzam, Hefer, Temeni kple Haahastari.
Naara nonywolone Ahuzam, Hefer, Temeni kod Hahashtari. Magi ema ne nyikwa Naara.
7 Hela ƒe viŋutsuwoe nye: Zeret, Zohar, Etnan kple
Yawuot Hela ne gin: Zereth, Zohar, Ethnan
8 Koz, ame si dzi Anub kple Hazobeba hekpe ɖe Harum ƒe vi ƒe hlɔ̃ ŋu eye eya mee hlɔ̃ si wotsɔ kple Aharlel, Harum ƒe vi, ŋkɔ na la dzɔ tso.
kod Koz, mane wuon Anub, to gi Hazobeba kod anywola mar Aharhel wuod Harum.
9 Yabez xɔ ŋkɔ wu nɔvia bubuawo katã. Dadaa na ŋkɔe be, Yabez si gɔmee nye, “Vevesese” elabena dadaa se veve ŋutɔ le edzidzi me.
Jabez ne ngʼat marahuma moloyo owetene. Min-gi nochake Jabez, kowacho niya, “Ne anywole gi rem.”
10 Eyae do gbe ɖa na Israel ƒe Mawu be, “Oo, yram eye nàkpe ɖe ŋunye le nye dɔwɔwɔ me. Meɖe kuku, nɔ kplim le nu sia nu si mawɔ la me eye nàɖem tso nu vɔ̃ kple dzɔgbevɔ̃e ɖe sia ɖe me.” Mawu se eƒe gbedodoɖa.
Jabez noywagorene Nyasach Israel, “Yaye, yie igwedha mondo pinyruodha omedre! Mad lweti obed koda kendo orita mondo kik gima rach ohinya kendo abedi maonge rem.” To Nyasaye notimone mana kaka ne okwayono.
11 Kelub, Suha nɔviŋutsu, dzi Mehir, ame si dzi Eston.
Kelub, owadgi Shuha nonywolo Mehir mane wuon Eshton.
12 Eston dzi Bet Rafa, Pasea kple Tehina, ame si dzi Ir Nahas. Ame siawoe nye Reka ƒe ŋutsuwo.
Eshton nonywolo Beth Rafa, Pasea kod Tehina mane wuon Ir Nahash. Magi ne jo-Reka.
13 Kenaz dzi Otniel kple Seraya. Otniel dzi Hatat Meonatai.
Yawuot Kenaz ne gin: Othniel kod Seraya. Yawuot Othniel ne gin: Hahath kod Meonothai.
14 Meonatai, ame si dzi Ofra. Seraya dzi Yoab, ame si me Ge Harasim, aɖaŋuwɔla siwo nɔ Aɖaŋuwɔlawo ƒe Balime la dzɔ tso.
Meonothai nonywolo Ofra. Seraya nonywolo Joab mane wuon Ge Harashim. Kanyo niluongo ni Ge Harashim nikech joma nodak kanyo ne joma payo gik moko.
15 Kaleb, Yefune ƒe vi, dzi Iru, Ela kple Naam. Kenaz nɔ Ela ƒe viwo dome.
Kaleb ma wuod Jefune nonywolo: Iru, Ela kod Naam. Ela nonywolo ne en Kenaz.
16 Yehalelel ƒe viwoe nye Zif, Zifa, Tiria kple Asarel.
Yawuot Jehalelel ne gin: Zif, Zifa, Tiria kod Asarel.
17 Ezra dzi Yeter, Mered, Efer kple Yalon. Mered ɖe Bitia, fiavinyɔnu aɖe tso Egipte eye wodzi Miriam, Samai kple Isba, ame si nye Estemoa fofo.
Yawuot Ezra ne gin: Jetha, Mered, Efer kod Jalon. Achiel kuom mond Mered nonywolo Miriam, Shamai kod Ishba mane wuon Eshtemoa.
18 Estemoa srɔ̃ nye Yuda nyɔnu aɖe eye wòdzi Yered, Heber kple Yekutiel. Yered nye Gedor fofo, Heber nye Soko fofo eye Yekutiel nye Zanoah fofo.
Magi e nyithind Bithia nyar Farao mane Mered okendo. Jaode ma nyar Juda to nonywolo Jered ma wuon Gedor, Heber nonywolo Soko, to Jekuthiel nonywolo Zanoa.
19 Hodia srɔ̃ nye Naham nɔvinyɔnu. Via ɖekae nye Keila, Garmitɔ la fofo; via bubue dzi Estemoa, Maakatitɔ la.
Yawuot jaod Hodia, nyamin Naham ne gin: Keila ja-Garmi kod Eshtemoa ja-Maaka.
20 Simɔn dzi Amnon, Rina, Ben Hanan kple Tilɔn. Isi dzi Zohet kple Ben Zohet.
Yawuot Shimon ne gin: Amnon, Rina, Ben-Hanan kod Tilon. Nyikwa Ishi ne gin: Zoheth kod Ben-Zoheth.
21 Yuda ƒe viŋutsu, Sela ƒe viŋutsuwoe nye Er, ame si dzi Leka, Lada, ame si dzi Maresa kple ame siwo nye avɔlɔ̃lawo nɔ Bet Asbea,
Yawuot Shela wuod Juda ne gin: Er ma wuon Leka, Laada ma wuon Maresha kod jo-anywola maloso lewni Beth Ashbea;
22 Yokim, Kozeba, Yoas kple Saraf ŋutsuwo, ame siwo ɖu fia le Moab kple Yasubi Lehem. Ŋkɔ siawo tso nuŋlɔɖi xoxoawo me.
Jokim, jo-Kozeba kod Joash gi Saraf mane jatend Moab kod Jashubi Leham. Weche mondikgi noyud koa e kitepe mag ndalo machon.
23 Ame siawo xɔ ŋkɔ le zememe kple agbledede le Nataim kple Gedera me eye wowɔa dɔ na fia la.
Magi ne jo-chwe agulni mane odak Netaim kod Gedera, kendo negidak kanyo ka negitiyone ruoth.
24 Simeon dzi Nemuel, Yamin, Yarib, Zera kple Saul.
Nyikwa Simeon ne gin: Nemuel, Jamin, Jarib, Zera kod Shaul;
25 Saul dzi Salum, ame si dzi Mibsam, ame si dzi Misma.
Shaul nonywolo Shalum, Shalum nonywolo Mibsam, to Mibsam nonywolo Mishma.
26 Misma ƒe viwo dometɔ ɖekae nye Hamuel, ame si dzi Zakur, ame si dzi Simei.
Joka Mishma ne gin: Hamuel nonywolo Zakur, Zakur nonywolo Shimei.
27 Simei dzi viŋutsu wuiade kple vinyɔnu ade. Nɔviawo dometɔ aɖeke ƒe viwo mesɔ gbɔ alea o eye wo viwo mede esi Yudatɔ geɖewo dzina la nu o.
Shimei ne nigi yawuowi apar gauchiel kod nyiri auchiel, owetene to ne onge gi nyithindo mangʼeny omiyo anywolagi duto ne ok obedo oganda maduongʼ kaka jo-Juda.
28 Wonɔ Beerseba, Molada, Hazar Sual
Negidak Bersheba, Molada, Hazar Shual,
29 Bilha, Ezem, Tolad,
Bilha, Ezem, Tolad,
30 Betuel, Horma, Ziklag,
Bethuel, Horma, Ziklag,
31 Bet Markabot, Hazar Susim, Bet Biri kple Saaraim. Du siawo nɔ woƒe asi me va se ɖe David ƒe fiaɖuɣi.
Beth Makaboth, Hazar Susim, Beth Biro kod Sharaim. Magi ne miechgi nyaka chop kinde loch Daudi.
32 Kɔƒe siwo ƒo xlã wo lae nye Etam, Ain, Rimon, Token kple Asan, kɔƒe atɔ̃
Miechgi abich mamoko mane olworogi ne gin Etam, Ain, Rimon, Token kod Ashan,
33 kple kɔƒe siwo katã ƒo xlã du siawo va se ɖe Baalat. Esiawoe nye woƒe duwo, eye dzidzimegbalẽ nɔ wo si.
kaachiel gi gwenge duto mokiewo kodgi mag dak nyaka chopi Baalath. Magi ne miechgi mag dak. Kendo negindiko nonro margi:
34 Mesobab, Yamlek, Yosa Amazia ƒe viŋutsu,
Meshobab, Jamlek, Josha wuod Amazia,
35 Yoel, Yehu, Yosibia ƒe viŋutsu, ame si nye Seraya ƒe vi kple Asiel ƒe vi,
Joel, Jehu wuod Joshibia, ma wuod Seraya ma wuod Asiel,
36 Elioenai, Yaakoba, Yehodaya, Asaya, Adiel, Yesimiel, Benaya,
to gi Elioenai, Jakoba, Jeshohaya, Asaya, Adiel, Jesimiel, Benaya,
37 Zira, ame si nye Sifi ƒe vi, ame si nye Alon ƒe vi, ame si nye Yedaia ƒe vi, ame si nye Simri ƒe vi ame si nye Semaya ƒe vi.
kod Ziza wuod Shifi, ma wuod Alon, ma wuod Jedaya, wuod Shimri, wuod Shemaya.
38 Ŋutsu siwo ƒe ŋkɔ woyɔ va yi la woe nye woƒe ƒomeawo ƒe tatɔwo. Woƒe ƒomewo dzi ɖe edzi fũu
Chwo mondik nying-gi malogo ne jotelo mar anywolagi. Anywolagi nomedore ahinya
39 eye woyi Gedor ƒe gbɔto le balime la ƒe ɣedzeƒe gome le gbeɖuƒe dim na woƒe lãhawo.
kendo negidak nyaka oko mar Gedor koma omanyore gi wuok chiengʼ mar holo ka gimanyo kar kwath ne jambgi.
40 Wokpɔ lãnyiƒe damawo, anyigba la keke nyuie, teƒe si ŋutifafa kple ɖoɖoezizi le. Hamitɔ aɖewo nɔ afi ma kpɔ.
Neginwangʼo kuonde kwath mabeyo, piny ne lach kendo kwe ne nitie. Jo-Ham moko nodak kae mokwongo.
41 Ame siwo ƒe ŋkɔ woŋlɔ da ɖi la va le Yuda Fia Hezekia ƒe fiaɖuɣi. Woho aʋa ɖe Hamitɔwo ŋu le woƒe nɔƒewo nenema ke nye Meunitɔ siwo nɔ afi ma eye wotsrɔ̃ wo keŋkeŋ abe ale si wòle dzedzem egbe ene. Wonɔ woƒe nɔƒe elabena lãnyiƒe nɔ afi ma na woƒe lãhawo.
Chwo ma nying-gi ondikgo nobiro e ndalo Hezekia ruodh Juda. Negimonjo jo-Ham kuma negidakie kod jo-Meun mane nitie kanyo ma gitiekogi duto mana kaka nyisore ratiro nyaka sani. Negidak ka nikech ne nitiere kar kwath ne jambgi.
42 Le esia wɔwɔ vɔ megbe la, aʋawɔla siawo dometɔ alafa atɔ̃ tso Simeon ƒe ƒome la me yi Seir ƒe to la dzi. Woƒe kplɔlawo nye Pelatia, Nearia, Refaya kple Uziel. Wo katã wonye Isi ƒe viwo.
To ji mia abich kuom jo-Simeon, ka otelnigi gi Pelatia, Nearia, Refaya kod Uziel, ma yawuot Ishi ne omonjo piny got Seir.
43 Wowu ame ʋɛe siwo susɔ tso Amalek ƒomea me eye wotsi afi ma va se ɖe egbe.
Neginego jo-Amalek mane otony odongʼ kendo pod gidak kanyo nyaka chil kawuono.

< Kronika 1 4 >