< Kronika 1 3 >

1 Esiawoe nye David ƒe viŋutsu siwo wodzi nɛ le Hebron: Tsitsitɔe nye Amnon, ame si dadae nye Ahinoam tso Yezreel. David ƒe vi eveliae nye Daniel eye dadae nye Abigail tso Karmel.
Davids Sønner, som fødtes ham i Hebron, var følgende: Ammon, den førstefødte, som han havde med Ahinoam fra Jizre'el, den anden Daniel, med Abigajil fra Karmel,
2 Via ŋutsu etɔ̃liae nye Absalom, ame si Maaka, Gesur Fia, Talmai ƒe vinyɔnu dzi nɛ. Eneliae nye Adoniya, ame si dadae nye Hagit.
den tredje Absalom, en Søn af Ma'aka, Kong Talmaj af Gesjurs Datter, den fjerde Adonija, Haggits Søn,
3 Via atɔ̃liae nye Sefatia eye dadae nye Abital Adeliae nye Itream eye dadae nye Egla.
den femte Sjefatja, som han havde med Abital, den sjette Jitream, som han havde med sin Hustru Egla.
4 Wodzi ŋutsu ade siawo na Fia David le Hebron, afi si wòɖu fia le ƒe adre kple afã. Ena Yerusalem zu fiadu eye wòɖu fia le afi ma ƒe blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃.
Seks fødtes ham i Hebron, hvor han herskede syv Aar og seks Maaneder. Tre og tredive Aar herskede han i Jerusalem.
5 Esi David nɔ Yerusalem la, srɔ̃a Batseba, Amiel ƒe vinyɔnu dzi vi ene siwoe nye: Simea, Sobab, Natan kple Solomo.
Følgende fødtes ham i Jerusalem: Sjim'a, Sjobab, Natan og Salomo, hvilke fire han havde med Ammiels Datter Batsjua;
6 Vi asieke bubuwo ganɔ David si; woawoe nye: Ibhar, Elisama, Elifelet,
fremdeles Jibhar, Elisjama, Elifelet,
7 Noga, Nefeg, Yafia,
Noga, Nefeg, Jafia,
8 Elisama, Eliada kple Elifelet.
Elisjama. Be'eljada og Elifelet, i alt ni.
9 Vi siwo nyɔnu bubuwo dzi nɛ la mele ame siawo dome o. Vinyɔnu aɖe hã nɔ David si; eŋkɔe nye Tamar.
Det var alle Davids Sønner foruden Medhustruernes Sønner; og Tamar var deres Søster.
10 Fia Solomo ƒe dzidzimeviwoe nye Rehoboam, Abiya, Asa, Yehosafat,
Salomos Søn Rehabeam, hans Søn Abija, hans Søn Asa, hans Søn Josafat,
11 Yoram alo Yehoram, Ahazia, Yoas,
hans Søn Joram, hans Søn Ahazja, hans Søn Joas,
12 Amazia, Azaria alo Uzia, Yotam,
hans Søn Amazja, hans Søn Azarja, hans Søn Jotam,
13 Ahaz, Hezekia, Manase,
hans Søn Akaz, hans Søn Ezekias, hans Søn Manasse,
14 Amon kple Yosia.
hans Søn Amon, hans Søn Josias.
15 Yosia ƒe viwoe nye, Yohanan alo Yehoahaz, Yehoyakim, Zedekia kple Salum.
Josias's Sønner: Johanan, den førstefødte, den anden Jojakim, den tredje Zedekias, den fjerde Sjallum.
16 Ame siwo ɖu fia ɖe Yehoyakim yome la woe nye, Yehoyatsin si nye Yehoyakim vi kple Zedekia.
Jojakims Sønner: Hans Søn Jekonja, hans Søn Zedekias.
17 Yehoyatsin, ame si wolé la ƒe dzidzimeviwoe nye, Via ŋutsu Sealtiel,
Den fængslede Jekonjas Sønner: Hans Søn Sjealtiel,
18 Malkiram, Pedaya, Senazar, Yekamia, Hosama kple Nedadia.
Malkiram, Pedaja, Sjen'azzar, Jekamja, Hosjama og Nedabja.
19 Pedaya ƒe viŋutsuwoe nye, Zerubabel kple Simei. Zerubabel ƒe viŋutsuwoe nye, Mesulam kple Hananiya. Wo nɔvinyɔnu nye Selomit
Pedajas Sønner: Zerubbabel og Sjim'i. Zerubbabels Sønner: Mesjullam og Hananja og deres Søster Sjelomit.
20 Via ŋutsu atɔ̃ bubuwoe nye Hasuba, Ohel, Berekia, Hasadia kple Yusab Hesed.
Mesjullams Sønner: Hasjuba, Ohel, Berekja, Hasadja og Jusjab-Hesed, fem.
21 Hananiya ƒe dzidzimeviwoe nye, Pelatia kple Yesaya kple Refaya, Arnan, Obadia kple Sekania ƒe viŋutsuwo.
Hananjas Sønner: Pelatja, Jesja'ja, Refaja, Arnan, Obadja og Sjekanja.
22 Sekania ƒe dzidzimeviwoe nye, Semaya kple via ŋutsuwo: Hatus, Igal, Baria, Nearia kple Safat; wole ame ade.
Sjekanjas Sønner: Sjemaja, Hattusj, Jig'al, Baria, Nearja og Sjafat, seks.
23 Viŋutsu etɔ̃ nɔ Nearia si; woawoe nye, Elioenai, Hezekia kple Azrikam.
Nearjas Sønner: Eljoenaj, Hizkija og Azrikam, tre.
24 Vi adre nɔ Elioenai si: Woawoe nye Hodavia, Eliasib, Pelaya, Akub, Yohanan, Delaya kple Anani.
Eljoenajs Sønner: Hodavja, Eljasjib, Pelaja, Akkub, Johanan, Delaja og Anani, syv.

< Kronika 1 3 >