< Kronika 1 29 >

1 Fia David trɔ ɖe ameha la gbɔ azɔ hegblɔ na wo be, “Vinye Solomo, ame si Mawu tia be wòanye Israel fia yeyea la, ɖekakpui dzaa aɖe ko wònye, mekpɔ nuteƒe o, ke dɔ si dze ŋgɔe la nye dɔ gã aɖe elabena gbedoxɔ si wòatu la menye xɔ bubu aɖe ko wòanye o. Yehowa Mawu ŋutɔ ƒe xɔe!
ויאמר דויד המלך לכל הקהל שלמה בני אחד בחר בו אלהים נער ורך והמלאכה גדולה כי לא לאדם הבירה כי ליהוה אלהים׃
2 Mewɔ nu sia nu si le nye ŋutete me eye medi nu siwo katã hiã na xɔ la tutu, esiwo nye sika, klosalo, akɔbli, gayibɔ, ati, ‘oni’ kple kpe xɔasi bubuwo, adzagba xɔasiwo kple kpeɣi.
וככל כחי הכינותי לבית אלהי הזהב לזהב והכסף לכסף והנחשת לנחשת הברזל לברזל והעצים לעצים אבני שהם ומלואים אבני פוך ורקמה וכל אבן יקרה ואבני שיש לרב׃
3 Azɔ esi wònye ɖe metsɔ ɖokuinye sa vɔe ɖe nye Mawu ƒe gbedoxɔ la tutu ŋu ta la, metsɔ nye ŋutɔ nye kesinɔnu siwo nye sika kple klosalo kpe ɖe xɔtunu siwo medi da ɖi la ŋu hena nye Mawu la ƒe gbedoxɔ la tutu.
ועוד ברצותי בבית אלהי יש לי סגלה זהב וכסף נתתי לבית אלהי למעלה מכל הכינותי לבית הקדש׃
4 “Mena sika nyuitɔ tso Ofir ‘tɔn’ alafa ɖeka kple klosalo nyuitɔ ‘tɔn’ alafa eve blaene be woatsɔ afa ɖe gliawo ŋu
שלשת אלפים ככרי זהב מזהב אופיר ושבעת אלפים ככר כסף מזקק לטוח קירות הבתים׃
5 eye sikanuwɔlawo kple klosalonuwɔlawo natsɔ wo awɔ sikanuwo kple klosalonuwo. Azɔ la, ame kae lɔ̃ be yeakɔ ye ɖokui ŋuti egbea na Yehowa?”
לזהב לזהב ולכסף לכסף ולכל מלאכה ביד חרשים ומי מתנדב למלאות ידו היום ליהוה׃
6 Tete ƒometatɔwo, Israel ƒe towo ƒe tatɔwo, asrafo akpe ɖeka kple asrafo alafa ɖeka nunɔlawo kple fia la ƒe dɔnunɔlawo na nu lɔlɔ̃nutɔe.
ויתנדבו שרי האבות ושרי שבטי ישראל ושרי האלפים והמאות ולשרי מלאכת המלך׃
7 Wona nu hena dɔwɔwɔ le Mawu ƒe gbedoxɔ la ŋuti. Wona sika “tɔn” alafa ɖeka blaadre, sika kilogram blaenyi-vɔ-ene kple klosalo “tɔn” alafa etɔ̃ blaene-vɔ-atɔ̃ kple akɔbli “tɔn” alafa ade kple ewo kple gayibɔ “tɔn” akpe etɔ̃ alafa ene blaatɔ̃.
ויתנו לעבודת בית האלהים זהב ככרים חמשת אלפים ואדרכנים רבו וכסף ככרים עשרת אלפים ונחשת רבו ושמונת אלפים ככרים וברזל מאה אלף ככרים׃
8 Wogatsɔ kpe xɔasi sɔ gbɔ aɖe na Yehiel, Gerson ƒe dzidzimevi aɖe be, wòatsɔ ade gbedoxɔ la ƒe nudzraɖoƒe.
והנמצא אתו אבנים נתנו לאוצר בית יהוה על יד יחיאל הגרשני׃
9 Ame sia ame kpɔ dzidzɔ le lɔlɔ̃nununanakpekpeɖeŋunana ƒe mɔnukpɔkpɔ sia ŋu. Fia David ŋutɔ hã kpɔ dzidzɔ ŋutɔ.
וישמחו העם על התנדבם כי בלב שלם התנדבו ליהוה וגם דויד המלך שמח שמחה גדולה׃
10 David ganɔ ameha blibo la ŋkume eye wòkafu Yehowa gblɔ bena, “Oo, Yehowa, mía fofo Israel ƒe Mawu, woakafu wò ŋkɔ tegbetegbe.
ויברך דויד את יהוה לעיני כל הקהל ויאמר דויד ברוך אתה יהוה אלהי ישראל אבינו מעולם ועד עולם׃
11 Tɔwòe nye ŋusẽ, ŋutikɔkɔe, dziɖuɖu kple gãnyenye. Oo, Yehowa, tɔwòe nye nu sia nu si le dziƒo kple anyigba dzi, míekafu wò be nu sia nu le wò dzikpɔkpɔ te.
לך יהוה הגדלה והגבורה והתפארת והנצח וההוד כי כל בשמים ובארץ לך יהוה הממלכה והמתנשא לכל לראש׃
12 Wò ɖeka gbɔ ko kesinɔnuwo kple bubu tsona; wòe nye amegbetɔƒomea dziɖula. Asiwòmee gãnyenye kple ŋusẽ le eye wòe naa gãnyenye kple ŋusẽ ame.
והעשר והכבוד מלפניך ואתה מושל בכל ובידך כח וגבורה ובידך לגדל ולחזק לכל׃
13 Oo, mía Mawu, míeda akpe na wò eye míekafu wò ŋkɔ kɔkɔe la.
ועתה אלהינו מודים אנחנו לך ומהללים לשם תפארתך׃
14 “Ke ame kae menye eye ame kawoe nye amewo nye be nàɖe mɔ na mí be míana nane wò? Gbɔwòe nu sia nu si le mía si la tso eye nu si nye tɔwò xoxo la ko míetsɔ na wò!
וכי מי אני ומי עמי כי נעצר כח להתנדב כזאת כי ממך הכל ומידך נתנו לך׃
15 Elabena, ɣeyiɣi kpui aɖe ko míanɔ afi sia; míenye amedzro le anyigba dzi abe ale si mía fofowo nɔ do ŋgɔ na mí ene. Míaƒe ŋkekewo le anyigba dzi le abe vɔvɔlĩ ene; wo nu yina kaba eye wo teƒe buna.
כי גרים אנחנו לפניך ותושבים ככל אבתינו כצל ימינו על הארץ ואין מקוה׃
16 Oo, Yehowa, míaƒe Mawu, nu siwo katã míeƒo ƒu da ɖi be míatsɔ atu gbedoxɔ na wò ŋkɔ kɔkɔe la, tso wò ŋutɔ gbɔwò! Tɔwòe wo katã nye!
יהוה אלהינו כל ההמון הזה אשר הכיננו לבנות לך בית לשם קדשך מידך היא ולך הכל׃
17 Nye Mawu, menya be èdoa amewo kpɔna be yeanya ne wonye ame nyuiwo elabena èkpɔa ŋudzedze le ame nyuiwo ŋu. Mewɔ nu siawo katã kple tameɖoɖo nyui, mekpɔ wò amewo esime wona nuwo lɔlɔ̃nutɔe kple dzidzɔ.
וידעתי אלהי כי אתה בחן לבב ומישרים תרצה אני בישר לבבי התנדבתי כל אלה ועתה עמך הנמצאו פה ראיתי בשמחה להתנדב לך׃
18 Oo, Yehowa, mía fofowo, Abraham, Isak kple Israel ƒe Mawu! Na wòanye wò amewo ƒe didi be yewoaɖo to wò ɣe sia ɣi eye nàkpɔ egbɔ be woƒe lɔlɔ̃ na wò metrɔ gbeɖe o.
יהוה אלהי אברהם יצחק וישראל אבתינו שמרה זאת לעולם ליצר מחשבות לבב עמך והכן לבבם אליך׃
19 Na dzi nyui si trɔ ɖe Mawu ŋu la vinye, Solomo, ale be wòawɔ wò sewo dzi le nu suetɔwo kekeake me eye wòakpɔ mɔ na wò gbedoxɔ si tutu ta mewɔ dzadzraɖo siawo katã la ƒe nuwuwu.”
ולשלמה בני תן לבב שלם לשמור מצותיך עדותיך וחקיך ולעשות הכל ולבנות הבירה אשר הכינותי׃
20 Azɔ la, David gblɔ na ameawo katã be, “Mikafu Yehowa, miaƒe Mawu la” eye wokafu Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la. Wode ta agu le Yehowa kple fia la ŋkume.
ויאמר דויד לכל הקהל ברכו נא את יהוה אלהיכם ויברכו כל הקהל ליהוה אלהי אבתיהם ויקדו וישתחוו ליהוה ולמלך׃
21 Esi ŋu ke la, wotsɔ nyitsu akpe ɖeka, agbo akpe ɖeka kple alẽvi akpe ɖeka sa numevɔ na Yehowa. Wosa numevɔ kple vɔsa bubu geɖewo ɖe Israel nu.
ויזבחו ליהוה זבחים ויעלו עלות ליהוה למחרת היום ההוא פרים אלף אילים אלף כבשים אלף ונסכיהם וזבחים לרב לכל ישראל׃
22 Emegbe la, woɖu nu eye wono nu le Yehowa ŋkume kple dzidzɔ gã aɖe. Wogaɖo Fia David ƒe vi, Solomo, woƒe Fiae zi evelia kpe ɖe Fia David ŋu. Wosi ami nɛ le Yehowa ŋkume abe woƒe kplɔla ene eye wosi ami na Zadok abe woƒe Nunɔla ene.
ויאכלו וישתו לפני יהוה ביום ההוא בשמחה גדולה וימליכו שנית לשלמה בן דויד וימשחו ליהוה לנגיד ולצדוק לכהן׃
23 Ale Mawu na Fia Solomo xɔ fofoa, David ƒe fiazikpui. Nu dze edzi nɛ ŋutɔ eye Israel blibo la ɖo toe.
וישב שלמה על כסא יהוה למלך תחת דויד אביו ויצלח וישמעו אליו כל ישראל׃
24 Dukɔ la kplɔlawo, asrafomegãwo kple nɔviawo katã ka atam be yewoanɔ fia la yome.
וכל השרים והגברים וגם כל בני המלך דויד נתנו יד תחת שלמה המלך׃
25 Yehowa na Israelviwo katã lɔ̃e, kesinɔnu geɖewo nɔ esi eye bubu nɔ eŋu wu fofoa.
ויגדל יהוה את שלמה למעלה לעיני כל ישראל ויתן עליו הוד מלכות אשר לא היה על כל מלך לפניו על ישראל׃
26 David, Yese ƒe viŋutsu, ɖu fia ɖe Israel blibo la dzi.
ודויד בן ישי מלך על כל ישראל׃
27 Eɖu fia ɖe Israel dzi ƒe blaene, ƒe adre le Hebron, ƒe blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃ le Yerusalem.
והימים אשר מלך על ישראל ארבעים שנה בחברון מלך שבע שנים ובירושלם מלך שלשים ושלוש׃
28 Etsi ŋutɔ, enye kesinɔtɔ kple bubume gã aɖe hafi ku eye via Solomo ɖu fia ɖe eteƒe.
וימת בשיבה טובה שבע ימים עשר וכבוד וימלך שלמה בנו תחתיו׃
29 Woŋlɔ Fia David ƒe ŋutinya tsitotsito ɖe Nyagblɔɖila Samuel ƒe agbalẽ me, ɖe ŋutinya si Nyagblɔɖila Natan ŋlɔ la me kple esi Nyagblɔɖila Gad ŋlɔ la me.
ודברי דויד המלך הראשנים והאחרנים הנם כתובים על דברי שמואל הראה ועל דברי נתן הנביא ועל דברי גד החזה׃
30 Nuŋlɔɖi siawo ƒo nu tso Fia David ƒe fiaɖuɖu, eƒe ŋusẽ, nu siwo katã dzɔ ɖe eya ŋutɔ dzi, Israel dukɔ la dzi kple dukɔ siwo ƒo xlã Israel dukɔ ƒe fiawo dzi la ŋu.
עם כל מלכותו וגבורתו והעתים אשר עברו עליו ועל ישראל ועל כל ממלכות הארצות׃

< Kronika 1 29 >