< Kronika 1 28 >
1 David yɔ Israel ƒe dɔdzikpɔlawo katã ƒo fu ɖe Yerusalem; Woawoe nye to vovovoawo ƒe tatɔwo, aʋafia siwo nɔ hatsotsoawo nu le fia la ƒe dɔ me, ame akpewo kple ame alafawo ƒe tatɔwo, dɔnunɔla siwo kpɔa fia la ƒe viŋutsuwo kple eƒe nunɔamesiwo kple lãhawo dzi, kpe ɖe fiasã la me dɔwɔlawo kple kalẽtɔwo kple aʋakalẽtɔwo ŋuti.
Now David summoned all the leaders of Israel to Jerusalem: the leaders of the tribes, the leaders of the divisions in the king’s service, the commanders of thousands and of hundreds, and the officials in charge of all the property and cattle of the king and his sons, along with the court officials and mighty men—every mighty man of valor.
2 Fia David tsi tsitre ɖe ameawo ŋkume eye wògblɔ na wo be, “Miɖo tom, nɔvinye ŋutsuwo kple nye dukɔmetɔwo, meɖoe ɖe nye dzi me be matu xɔ si anye dzudzɔƒe na Yehowa ƒe nubablaɖaka la eye wòanye afɔɖodzinu na míaƒe Mawu la. Ale mewɔ ɖoɖo ɖe etutu ŋuti.
Then King David rose to his feet and said, “Listen to me, my brothers and my people. It was in my heart to build a house as a resting place for the ark of the covenant of the LORD and as a footstool for our God. I had made preparations to build it,
3 Ke Mawu gblɔ nam be, ‘Menye wòe atu xɔ na nye ŋkɔ o elabena aʋawɔlae nènye eye nèkɔ ʋu ɖi.’
but God said to me, ‘You are not to build a house for My Name, because you are a man of war who has spilled blood.’
4 “Ke Yehowa, Israel ƒe Mawu la tiam le fofonye ƒe ƒome blibo la me be, manye fia ɖe Israel dzi tegbee. Etia Yuda ƒe viwo eye wòtia fofonye ƒe ƒome tso wo dome. Nye nu nyo Yehowa ŋu eye wòna mezu fia ɖe Israel dukɔ blibo la nu.
Yet the LORD, the God of Israel, chose me out of all my father’s house to be king over Israel forever. For He chose Judah as leader, and from the house of Judah He chose my father’s household, and from my father’s sons He was pleased to make me king over all Israel.
5 Yehowa na vi geɖewom eye wòtia Solomo tso vinyewo dome be wòanɔ tenyeƒe, anɔ Israel fiaɖuƒe la ƒe fiazikpui dzi.
And of all my sons—for the LORD has given me many sons—He has chosen Solomon my son to sit on the throne of the kingdom of the LORD over Israel.
6 Egblɔ nam be, ‘Viwò, Solomo atu gbedoxɔ la elabena metiae abe vinye ene eye manye fofoa.
And He said to me, ‘Solomon your son is the one who will build My house and My courts, for I have chosen him as My son, and I will be his Father.
7 Ne egalé nye sewo kple ɖoɖowo me ɖe asi abe ale si wòlé wo me ɖe asi va se ɖe fifia ene la, mana eƒe fiaɖuƒe nanɔ anyi tegbetegbe.’
I will establish his kingdom forever, if he resolutely carries out My commandments and ordinances, as is being done this day.’
8 “Eya ta le Israel, Yehowa ƒe asaɖa blibo la ŋkume kple míaƒe Mawu la ƒe tome la, mele nu xlɔ̃m mi be miawɔ ɖe ɖoɖo kple se siwo katã Yehowa, miaƒe Mawu la de na mi la dzi be anyigba nyui sia nanye mia tɔ eye wòanye domenyinu na miaƒe viwo tso mavɔ me yi mavɔ me.
So now in the sight of all Israel, the assembly of the LORD, and in the hearing of our God, keep and seek out all the commandments of the LORD your God, so that you may possess this good land and leave it as an inheritance to your descendants forever.
9 “Eye wò, vinye Solomo, dze si fofowòwo ƒe Mawu la eye nàsubɔe kple dzi faa kple wò susu blibo elabena Yehowa kpɔa dzi ɖe sia ɖe me eye wònyaa ame sia ame ƒe susu. Ne èdi Yehowa la, àkpɔe, ke ne ègbugbɔ le eyome la, atsɔ wò aƒu gbe tegbetegbe.
As for you, Solomon my son, know the God of your father and serve Him wholeheartedly and with a willing mind, for the LORD searches every heart and understands the intent of every thought. If you seek Him, He will be found by you; but if you forsake Him, He will reject you forever.
10 Eya ta, kpɔ nyuie elabena wòe Yehowa tia be nàtu yeƒe gbedoxɔ si anye kɔkɔeƒe. Lé dzi ɖe ƒo eye nàwɔ nu si wòɖo na wò.”
Consider now that the LORD has chosen you to build a house for the sanctuary. Be strong and do it.”
11 Azɔ la, David tsɔ xɔ la kple eƒe xɔxɔnuwo, nudzraɖoƒewo, xɔtamexɔwo, xɔ emetɔwo, kɔkɔeƒe la kple amenuveveteƒe la ƒe tata na ƒe via Solomo.
Then David gave his son Solomon the plans for the portico of the temple, its buildings, storehouses, upper rooms, inner rooms, and the room for the mercy seat.
12 Etsɔ nu siwo katã gbɔgbɔ la de eƒe susu me be wòawɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnuwo, xɔ siwo katã ƒo xlãe na Mawu ƒe gbedoxɔ la ƒe nudzraɖoƒewo kple fia wɔnuteƒewo ƒe nudzraɖoƒe ƒe tatawo hã nɛ.
The plans contained everything David had in mind for the courts of the house of the LORD, for all the surrounding rooms, for the treasuries of the house of God and of the dedicated things,
13 Ewɔ ɖoɖo tsɔ nɛ ku ɖe nunɔlawo kple Levitɔwo ƒe hatsotsowo ŋuti kple subɔsubɔdɔ siwo katã woawɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ la me kple nu siwo katã ŋuti dɔ woawɔ le subɔsubɔdɔ me la me.
for the divisions of the priests and Levites, for all the work of service in the house of the LORD, and for all the articles of service in the house of the LORD:
14 Eda sika hena sikaŋudɔwɔnu vovovo siwo ŋu dɔ woawɔ le subɔsubɔ vovovoawo me eye wòda klosalo hã hena klosaloŋudɔwɔnu vovovo siwo ŋu dɔ woawɔ le subɔsubɔ vovovoawo me.
the weight of all the gold articles for every kind of service; the weight of all the silver articles for every kind of service;
15 Eda sika si ade na akaɖitiawo kple akaɖiawo wɔwɔ la nɛ. Egada klosalo si woatsɔ awɔ bosomikaɖitiwo kple akaɖigbɛawo ɖe ale si woawɔ ɖe sia ɖe ŋudɔe la nu.
the weight of the gold lampstands and their lamps, including the weight of each lampstand and its lamps; the weight of each silver lampstand and its lamps, according to the use of each lampstand;
16 Eda sika hena kplɔ̃wo wɔwɔ na Ŋkumeɖobolo ɖe sia ɖe eye wògada klosalo na klosalokplɔ̃wo hã.
the weight of gold for each table of showbread, and of silver for the silver tables;
17 Eda sika nyuitɔ na gaflowo, ʋuhlẽgbawo kple kpluwo wɔwɔ. Eda sika na sikagbawo wɔwɔ. Nenema kee wòda klosalo na klosalogbawo wɔwɔ.
the weight of the pure gold for the forks, sprinkling bowls, and pitchers; the weight of each gold dish; the weight of each silver bowl;
18 Hekpe ɖe esiawo ŋuti la, eda sika si ŋu wokɔ wòdza la na dzudzɔʋeʋĩdovɔsamlekpui la. Fia la tsɔ ɖoɖo siwo wòwɔ ɖe tasiaɖamwo ŋu la hã nɛ, esi nye sika Kerubi siwo keke woƒe aʋalãwo eye wodo vɔvɔlĩ ɖe Yehowa ƒe nubablaɖaka la dzi.
the weight of the refined gold for the altar of incense; and the plans for the chariot of the gold cherubim that spread their wings and overshadowed the ark of the covenant of the LORD.
19 David gblɔ na Solomo be, “Yehowa ƒe asie ŋlɔ ɖoɖo siawo katã nam.
“All this,” said David, “all the details of this plan, the LORD has made clear to me in writing by His hand upon me.”
20 Sẽ ŋu eye nàlé dzi ɖe ƒo. Mègana dɔdeasi la ƒe akɔtitri nado ŋɔdzi na wò o elabena Yehowa, Mawu nye Mawu la li kpli wò eye magblẽ wò ɖi o. Akpɔ egbɔ be wowu Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu nu nyuie.
David also said to Solomon his son, “Be strong and courageous, and do it. Do not be afraid or discouraged, for the LORD God, my God, is with you. He will neither fail you nor forsake you before all the work for the service of the house of the LORD is finished.
21 Nunɔlawo kple Levitɔwo ƒe hatsotso vovovoawo asubɔ le gbedoxɔ la me. Ame bubu siwo nya aɖaŋu vovovowo la atsɔ wo ɖokuiwo ana hena dɔwo wɔwɔ. Dumegãwo kple dukɔ blibo la aɖo to wò eye woanɔ wò kpɔkplɔ te.”
The divisions of the priests and Levites are ready for all the service of the house of God, and every willing man of every skill will be at your disposal for the work. The officials and all the people are fully at your command.”