< Kronika 1 26 >

1 Mama si me agbonudzɔlawo nɔ lae nye si: Tso Korah ƒe viwo dome: Meselemia, Kore ƒe vi, ame si nye Asaf ƒe viŋutsuwo dometɔ ɖeka.
εἰς διαιρέσεις τῶν πυλῶν υἱοῖς Κορεϊμ Μοσολλαμια υἱὸς Κωρη ἐκ τῶν υἱῶν Αβιασαφ
2 Meselemia ƒe kpeɖeŋutɔwoe nye viawo; woƒe ŋkɔwo le tsitsinue nye: Zekaria, Yediael, Zebadia, Yatniel,
καὶ τῷ Μοσολλαμια υἱοί Ζαχαριας ὁ πρωτότοκος Ιδιηλ ὁ δεύτερος Ζαβαδιας ὁ τρίτος Ιεθνουηλ ὁ τέταρτος
3 Elam, Yehohanan kple Eliehoenai.
Ωλαμ ὁ πέμπτος Ιωαναν ὁ ἕκτος Ελιωηναι ὁ ἕβδομος
4 Obed Edom ƒe viwo hã nye gbedoxɔŋudzɔlawo. Woƒe ŋkɔwo le tsitsinue nye: Semaya, Yehozabad, Yoa, Sakar, Netanel,
καὶ τῷ Αβδεδομ υἱοί Σαμαιας ὁ πρωτότοκος Ιωζαβαδ ὁ δεύτερος Ιωαα ὁ τρίτος Σωχαρ ὁ τέταρτος Ναθαναηλ ὁ πέμπτος
5 Amiel, Isaka kple Peuletai. Mawu yrae kple viŋutsu enyi!
Αμιηλ ὁ ἕκτος Ισσαχαρ ὁ ἕβδομος Φολλαθι ὁ ὄγδοος ὅτι εὐλόγησεν αὐτὸν ὁ θεός
6 Viŋutsuwo nɔ via Semaya, hã si, ame siwo nye kplɔlawo le wo fofo ƒe ƒome me elabena ŋutete nɔ wo ŋu.
καὶ τῷ Σαμαια υἱῷ αὐτοῦ ἐτέχθησαν υἱοὶ τοῦ πρωτοτόκου Ρωσαι εἰς τὸν οἶκον τὸν πατρικὸν αὐτοῦ ὅτι δυνατοὶ ἦσαν
7 Semaya ƒe viŋutsuwoe nye esiawo: Otni, Refael, Obed kple Elzabad; Semaya ƒe ƒometɔ Elihu kple Semakia hã nye ame siwo ŋu ŋutete nɔ.
υἱοὶ Σαμαια Γοθνι καὶ Ραφαηλ καὶ Ωβηδ καὶ Ελζαβαδ καὶ Αχιου υἱοὶ δυνατοί Ελιου καὶ Σαβχια καὶ Ισβακωμ
8 Obed Edom ƒe vi kple tɔgbuiyɔvi siawo de ame blaade-vɔ-eve eye wo katã wonye ame siwo ŋu ŋutete kple ŋusẽ nɔ eye wodze na woƒe dɔdeasiwo wɔwɔ.
πάντες ἀπὸ τῶν υἱῶν Αβδεδομ αὐτοὶ καὶ οἱ ἀδελφοὶ αὐτῶν καὶ υἱοὶ αὐτῶν ποιοῦντες δυνατῶς ἐν τῇ ἐργασίᾳ οἱ πάντες ἑξήκοντα δύο τῷ Αβδεδομ
9 Meselemia ƒe vi wuienyiawo kple nɔviawo hã nye kplɔla nyuiwo.
καὶ τῷ Μοσολλαμια υἱοὶ καὶ ἀδελφοὶ δέκα καὶ ὀκτὼ δυνατοί
10 Hosa, ame si tso Merari ƒe viwo dome la, tia Simri tso viawo dome abe tatɔ ene togbɔ be menye eyae nye tsitsitɔ o hã.
καὶ τῷ Ωσα τῶν υἱῶν Μεραρι υἱοὶ φυλάσσοντες τὴν ἀρχήν ὅτι οὐκ ἦν πρωτότοκος καὶ ἐποίησεν αὐτὸν ὁ πατὴρ αὐτοῦ ἄρχοντα
11 Via bubuwo dometɔ aɖewo ƒe ŋkɔwo le tsitsinue nye: Hilkia, vi evelia, Tebalia, vi etɔ̃lia kple Zekaria, vi enelia. Hosa ƒe viwo kple nɔviawo de ame wuietɔ̃.
τῆς διαιρέσεως τῆς δευτέρας Ταβλαι ὁ τρίτος Ζαχαριας ὁ τέταρτος πάντες οὗτοι υἱοὶ καὶ ἀδελφοὶ τῷ Ωσα τρισκαίδεκα
12 Wotsɔ gbedoxɔŋudzɔlawo ƒe kplɔlawo ƒe ŋkɔwo na hatsotso vovovo siwo me woma dzɔlawo ɖo. Abe Levitɔ bubuawo ene la, woƒe dɔdeasie nye be woawɔ subɔsubɔdɔwo le gbedoxɔ la me.
τούτοις αἱ διαιρέσεις τῶν πυλῶν τοῖς ἄρχουσι τῶν δυνατῶν ἐφημερίαι καθὼς οἱ ἀδελφοὶ αὐτῶν λειτουργεῖν ἐν οἴκῳ κυρίου
13 Wona wodzɔa gbedoxɔ la ƒe agbo vovovoawo ŋu; womebua ƒome siwo me wotso la ŋu o elabena wowɔa nu siawo katã to nudzidze me.
καὶ ἔβαλον κλήρους κατὰ τὸν μικρὸν καὶ κατὰ τὸν μέγαν κατ’ οἴκους πατριῶν αὐτῶν εἰς πυλῶνα καὶ πυλῶνα
14 Selemia ƒe dɔe nye wòadzɔ Ɣedzeƒegbo la ŋu. Woda akɔ na ƒe Via ŋutsu, Zekaria, ame si nye aɖaŋuɖola nyui aɖe eye akɔdada la na be wòadzɔ Anyiehegbo la ŋu.
καὶ ἔπεσεν ὁ κλῆρος τῶν πρὸς ἀνατολὰς τῷ Σαλαμια καὶ Ζαχαρια υἱοὶ Ιωας τῷ Μελχια ἔβαλον κλήρους καὶ ἐξῆλθεν ὁ κλῆρος βορρᾶ
15 Akɔdada la na be Obed Edom nadzɔ Dziehegbo la ŋu eye via ŋutsuwo nadzɔ nudzraɖoƒe la ŋu,
τῷ Αβδεδομ νότον κατέναντι οἴκου εσεφιν
16 kple Ɣetoɖoƒegbo kple Salexet ƒe agbo si le dzigbemɔ la dzi yi Supim kple Hosa dzi la ŋu. Woma dzɔlawo ƒe dɔ na wo sɔsɔe.
εἰς δεύτερον τῷ Ωσα πρὸς δυσμαῖς μετὰ τὴν πύλην παστοφορίου τῆς ἀναβάσεως φυλακὴ κατέναντι φυλακῆς
17 Levi vi ade dzɔa Ɣedzeƒegbo la ŋu, ame ene dzɔa anyiehegbo la ŋu, ene dzɔa dziehegbo la ŋu, eye ame eve dzɔa nudzraɖoƒe la ŋu gbe sia gbe.
πρὸς ἀνατολὰς ἓξ τὴν ἡμέραν βορρᾶ τῆς ἡμέρας τέσσαρες νότον τῆς ἡμέρας τέσσαρες καὶ εἰς τὸ εσεφιν δύο
18 Dzɔla ene nɔa gbadzaƒe la ƒe mɔto eye eve nɔa gbadzaƒe la ŋutɔ ƒe ɣetoɖoƒegbo la nu, ame ene dzɔa dzigbemɔ la ŋu eye ame eve dzɔa teƒe siwo ƒo xlã wo la ŋu gbe sia gbe.
εἰς διαδεχομένους καὶ πρὸς δυσμαῖς τέσσαρες καὶ εἰς τὸν τρίβον δύο διαδεχομένους
19 Wotia gbedoxɔŋudzɔlawo tso Korah ƒe viwo kple Merari ƒe viwo dome.
αὗται αἱ διαιρέσεις τῶν πυλωρῶν τοῖς υἱοῖς Κορε καὶ τοῖς υἱοῖς Μεραρι
20 Levitɔ bubuawo kpɔa gbedoxɔ la ƒe gadzraɖoƒe kple nudzraɖoƒe siwo me wodaa nu siwo wotsɔ vɛ na Mawu la dzi.
καὶ οἱ Λευῖται ἀδελφοὶ αὐτῶν ἐπὶ τῶν θησαυρῶν οἴκου κυρίου καὶ ἐπὶ τῶν θησαυρῶν τῶν καθηγιασμένων
21 Ƒome geɖewo dzɔ tso Ladan, Gerson ƒe viwo dometɔ ɖeka me; Yehieli ƒe vi ƒe ƒome hã nɔ wo dome.
υἱοὶ Λαδαν υἱοὶ τῷ Γηρσωνι τῷ Λαδαν ἄρχοντες πατριῶν τῷ Λαδαν τῷ Γηρσωνι Ιιηλ
22 Yehieli ƒe vi bubu eveawo, Zetam kple Yoel, kpɔa gbedoxɔ la ƒe gadzraɖoƒe kple nudzraɖoƒe dzi.
καὶ υἱοὶ Ιιηλ Ζεθομ καὶ Ιωηλ οἱ ἀδελφοὶ ἐπὶ τῶν θησαυρῶν οἴκου κυρίου
23 Tso Amramitɔwo, Izharitɔwo, Hebronitɔwo kple Uzielitɔwo dome la:
τῷ Αμβραμ καὶ Ισσααρ Χεβρων καὶ Οζιηλ
24 Subael, Gersom ƒe dzidzimevi, ame si nye Mose ƒe viŋutsu la ƒe dɔ wònye be wòakpɔ gadzraɖoƒe la dzi.
καὶ Σουβαηλ ὁ τοῦ Γηρσαμ τοῦ Μωυσῆ ἡγούμενος ἐπὶ τῶν θησαυρῶν
25 Dzidzime la tso Eliezer dzi yi ale: Eliezer dzi Rehabia, ame si dzi Yesaya, ame si dzi Yoram, Yoram dzi Zikri, ame si dzi Selomɔt.
καὶ τῷ ἀδελφῷ αὐτοῦ τῷ Ελιεζερ Ρααβιας υἱὸς καὶ Ιωσαιας καὶ Ιωραμ καὶ Ζεχρι καὶ Σαλωμωθ
26 Wotia Selomɔt kple nɔviawo be woakpɔ nu siwo Fia David kple kplɔla bubuawo abe, asrafomegãwo ene, na Yehowa la dzi.
αὐτὸς Σαλωμωθ καὶ οἱ ἀδελφοὶ αὐτοῦ ἐπὶ πάντων τῶν θησαυρῶν τῶν ἁγίων οὓς ἡγίασεν Δαυιδ ὁ βασιλεὺς καὶ οἱ ἄρχοντες τῶν πατριῶν χιλίαρχοι καὶ ἑκατόνταρχοι καὶ ἀρχηγοὶ τῆς δυνάμεως
27 Ame siawo kɔa afunyinu siwo wokpɔ to aʋawɔwɔ me la ŋu hena ŋu dɔ wɔwɔ le gbedoxɔ la me.
ἃ ἔλαβεν ἐκ τῶν πολέμων καὶ ἐκ τῶν λαφύρων καὶ ἡγίασεν ἀπ’ αὐτῶν τοῦ μὴ καθυστερῆσαι τὴν οἰκοδομὴν τοῦ οἴκου τοῦ θεοῦ
28 Selomɔt kple nɔviawo kpɔa nu siwo ŋuti Nyagblɔɖila Samuel kple Saul, Kis ƒe vi kple Abner, Ner ƒe vi kple Yoab, Zeruya ƒe vi, kɔ na Yehowa kple nu siwo ame xɔŋkɔ bubuwo na Yehowa la dzi.
καὶ ἐπὶ πάντων τῶν ἁγίων Σαμουηλ τοῦ προφήτου καὶ Σαουλ τοῦ Κις καὶ Αβεννηρ τοῦ Νηρ καὶ Ιωαβ τοῦ Σαρουια πᾶν ὃ ἡγίασαν διὰ χειρὸς Σαλωμωθ καὶ τῶν ἀδελφῶν αὐτοῦ
29 Wotsɔ Kenania kple viawo tso Izhar ƒe viwo dome ɖo dɔdzikpɔlawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo.
τῷ Ισσαρι Χωνενια καὶ υἱοὶ αὐτοῦ τῆς ἐργασίας τῆς ἔξω ἐπὶ τὸν Ισραηλ τοῦ γραμματεύειν καὶ διακρίνειν
30 Wotia Hasabia kple eƒe hlɔ̃metɔ akpe ɖeka alafa adre tso Hebron, ame siwo katã nye ame ŋkutawo la be, woakpɔ Israelvi siwo le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe la dzi. Woƒe dɔdeasie nye be woakpɔ afi ma tɔwo ƒe Mawusubɔbɔnyawo kple dukɔmenyawo dzi.
τῷ Χεβρωνι Ασαβιας καὶ οἱ ἀδελφοὶ αὐτοῦ υἱοὶ δυνατοί χίλιοι καὶ ἑπτακόσιοι ἐπὶ τῆς ἐπισκέψεως τοῦ Ισραηλ πέραν τοῦ Ιορδάνου πρὸς δυσμαῖς εἰς πᾶσαν λειτουργίαν κυρίου καὶ ἐργασίαν τοῦ βασιλέως
31 Le Hebronitɔwo gome la, Yeriae nye woƒe tatɔ le ƒomeawo ƒe dzidzimegbalẽ lawo nu. Le David ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaenelia me la, woto dzidzimegbalẽ la me eye wokpɔ be, Hebronitɔ siwo ŋu ŋutete nɔ la woe nye, Yazer le Gilead,
τοῦ Χεβρωνι Ιουδιας ὁ ἄρχων τῶν Χεβρωνι κατὰ γενέσεις αὐτῶν κατὰ πατριάς ἐν τῷ τεσσαρακοστῷ ἔτει τῆς βασιλείας αὐτοῦ ἐπεσκέπησαν καὶ εὑρέθη ἀνὴρ δυνατὸς ἐν αὐτοῖς ἐν Ιαζηρ τῆς Γαλααδίτιδος
32 Ƒometɔ akpe eve alafa adre nɔ Yeria si. Ame siawo nye ame siwo ŋu ŋutete nɔ, wonye ƒometatɔwo. Fia David tsɔ wo ɖo Ruben ƒe viwo, Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã nu be woakpɔ nya sia nya si ku ɖe Mawu kple fia la ŋu la gbɔ.
καὶ οἱ ἀδελφοὶ αὐτοῦ υἱοὶ δυνατοί δισχίλιοι ἑπτακόσιοι ἄρχοντες πατριῶν καὶ κατέστησεν αὐτοὺς Δαυιδ ὁ βασιλεὺς ἐπὶ τοῦ Ρουβηνι καὶ Γαδδι καὶ ἡμίσους φυλῆς Μανασση εἰς πᾶν πρόσταγμα κυρίου καὶ λόγον βασιλέως

< Kronika 1 26 >