< Kronika 1 25 >
1 David kple eƒe aʋafiawo ɖe Asaf ƒe viŋutsu aɖewo ɖe aga, Heman kple Yedutun na nyagbɔgblɔɖi ƒe dɔ eye kasaŋku, gakasaŋku kple asiʋuiwo ƒoƒo kplɔa wo ɖo. Ŋutsu siwo wɔa dɔ sia la ƒe ŋkɔwoe nye:
Asimismo David y los príncipes del ejército apartaron para el ministerio a los hijos de Asaf, y de Hemán, y de Iditún, los cuales profetizaban con arpas, salterios y címbalos: y fue el número de ellos, de los varones que obraban en su ministerio:
2 Tso Asaf ƒe viŋutsuwo dome: Zakur, Yosef, Netania kple Asarela. Asaf ƒe viwo nɔ Asaf ƒe kpɔkplɔ te, ame siwo gblɔa nya ɖi nɔ fia la ŋutɔ ƒe kpɔkplɔ te.
De los hijos de Asaf: Zacur, José, Natanías, y Asarela, hijos de Asaf, debajo de la mano de Asaf, el cual profetizaba al mandado del rey.
3 Ame siwo tso Yedutun ƒe viŋutsuwo dome la woe nye: Gedalia, Zeri, Yesaya, Simei, Hasabia kple Matitia. Wo katã le ame ade eye wonɔ wo fofo, Yedutun ƒe kpɔkplɔ te. Woawoe nye ame siwo gblɔa nya ɖi eye woƒoa kasaŋku, daa akpe eye wokafua Yehowa.
De Iditún: los hijos de Iditún; Godolías, Sori, Jesaías, Hasabías, y Matatías, seis debajo de la mano de su padre Iditún, el cual profetizaba con arpa para glorificar y alabar a Jehová.
4 Ame siwo tso Heman ƒe viŋutsuwo domee nye: Bukia, Matania, Uziel, Subael kple Yerimot, Hananiya, Hanani, Eliata, Gidalti kple Romamti, Ezer, Yosbekasa, Maloti, Hotir kple Mahaziot.
De Hemán: los hijos de Hemán; Bocciau, Mataniau, Oziel, Subuel, Jerimot, Jananias, Janani, Eliata, Guedelti, Romenti-ezer, Jezba-casa, Melloti, Otir, y Mahaziot.
5 (Ame siawo katã nye Heman, fia la ƒe nukpɔla ƒe viŋutsuwo. Wotsɔ wo nɛ to Mawu ƒe ŋugbedodo me be woadoe ɖe dzi. Mawu na ƒe viŋutsu wuiene kple vinyɔnu etɔ̃ Heman.)
Todos estos fueron hijos de Hemán, vidente del rey en palabras de Dios, para ensalzar cuerno: y dio Dios a Hemán catorce hijos y tres hijas.
6 Ŋutsu siawo katã nɔ wo fofo ƒe kpɔkplɔ te be woatsɔ gakogoewo, saŋkuwo kple kasaŋkuwo aƒo hawo le subɔsubɔ me le Mawu ƒe aƒe me. Asaf, Yedutun kple Heman nɔ fia la ƒe kpɔkplɔ te.
Y todos estos estaban debajo de la mano de su padre para cantar en la casa de Jehová con címbalos, salterios, y arpas, para el ministerio del templo de Dios debajo de la mano del rey, de Asaf, de Iditún, y de Hemán.
7 Woawo kple woƒe ƒometɔwo, ame siwo srɔ̃ hadzidzi henya hadzidzi na Yehowa nyuie la ƒe xexlẽmee nye alafa eve blaenyi-vɔ-enyi.
Y fue el número de ellos con sus hermanos sabios en cánticos de Jehová, todos los sabios, doscientos y ochenta y ocho.
8 Wotia hadzilawo to nudzidze me eye womebu nufiala alo nusrɔ̃vi ŋu o.
Asimismo echaron suertes, guarda contra guarda, el chico con el grande, el sabio con el discípulo.
9 Nudzidze gbãtɔ dze Yosef si tso Asaf ƒe ƒome me kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve. Nudzidze evelia dze Gedalia kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
Y la primera suerte salió a Asaf por José. La segunda por Godolías, él con sus hermanos e hijos que eran doce.
10 Nudzidze etɔ̃lia dze Zakur kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
La tercera por Zacur, y sus hijos y hermanos, doce.
11 Nudzidze enelia dze Izri kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
La cuarta por Isarí, y sus hijos y sus hermanos, doce.
12 Nudzidze atɔ̃lia dze Netania kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
La quinta por Natanías, y sus hijos y sus hermanos, doce.
13 Nudzidze adelia dze Bukia kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
La sexta por Bocciau, y sus hijos y sus hermanos, doce.
14 Nudzidze adrelia dze Yesarela kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
La séptima por Isreela, y sus hijos y sus hermanos, doce.
15 Nudzidze enyilia dze Yesaya kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
La octava por Jesaías, y sus hijos y sus hermanos, doce.
16 Nudzidze asiekelia dze Matania kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
La nona por Matanías, y sus hijos y sus hermanos, doce.
17 Nudzidze ewolia dze Simei kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
La décima por Semeí, y sus hijos y sus hermanos, doce.
18 Nudzidze wuiɖekɛlia dze Azarel kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
La undécima por Azareel, y sus hijos y sus hermanos, doce.
19 Nudzidze wuievelia dze Hasabia kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
La duodécima por Hasabías, y sus hijos y sus hermanos, doce.
20 Nudzidze wuietɔ̃lia dze Sebuel kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
La trecena por Subael, y sus hijos y sus hermanos, doce.
21 Nudzidze wuienelia dze Matitia kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
La catorcena por Matatías, y sus hijos y sus hermanos, doce.
22 Nudzidze wuiatɔ̃lia dze Yeremot kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
La quincena por Jerimot, y sus hijos y sus hermanos, doce.
23 Nudzidze wuiadelia dze Hananiya kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
La dieziseisena por Jananías, y sus hijos y sus hermanos, doce.
24 Nudzidze wuiadrelia dze Yosbekasa kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
La decimaséptima por Jesbacasa, y sus hijos y sus hermanos, doce.
25 Nudzidze wuienyilia dze Hanani kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
La décimaoctava por Janani, y sus hijos y sus hermanos, doce.
26 Nudzidze wuiasiekelia dze Maloti kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
La décimanona por Melloti, y sus hijos y sus hermanos, doce.
27 Nudzidze blaevelia dze Eliata kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
La vigésima por Eliata, y sus hijos y sus hermanos, doce.
28 Nudzidze blaeve-vɔ-ɖekɛlia dze Hotir kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
La veinte y una por Otir, y sus hijos y sus hermanos, doce.
29 Nudzidze blaeve-vɔ-evelia dze Gidalti kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
La veinte y dos por Gedelti, y sus hijos y sus hermanos, doce.
30 Nudzidze blaeve-vɔ-etɔ̃lia dze Mahaziot kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
La veinte y tres por Mahaziot, y sus hijos y sus hermanos, doce.
31 Nudzidze blaeve-vɔ-enelia dze Romamti Ezer kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
La veinte y cuatro por Romenti-ezer, y sus hijos y sus hermanos, doce.