< Kronika 1 24 >
1 Esiawoe nye Aron ƒe viŋutsuwo ƒe mama ɖe hawo me. Aron ƒe viŋutsuwo nye Nadab, Abihu, Eleazar kple Itamar.
亞倫子孫的班次記在下面:亞倫的兒子是拿答、亞比戶、以利亞撒、以他瑪。
2 Ke Nadab kple Abihu ku do ŋgɔ na wo fofo; viŋutsu aɖeke menɔ wo si o ale Eleazar kple Itamar wɔ dɔ abe nunɔlawo ene.
拿答、亞比戶死在他們父親之先,沒有留下兒子;故此,以利亞撒、以他瑪供祭司的職分。
3 David kple Zadok, ame si nɔ Eleazar ƒe hlɔ̃metɔwo teƒe kple Ahimelek, ame si nɔ Itamar ƒe hlɔ̃metɔwo teƒe la, ma Aron ƒe dzidzimeviwo ɖe hatsotsowo me be, woawɔ subɔsubɔdɔawo le ɣeyiɣi vovovoawo me.
以利亞撒的子孫撒督和以他瑪的子孫亞希米勒,同着大衛將他們的族弟兄分成班次。
4 Woma Eleazar ƒe dzidzimeviwo ɖe akpa wuiade me eye woma Itamar tɔwo ɖe akpa enyi me elabena ame siwo ŋu amekpɔkplɔ ƒe ŋutete nɔ la, sɔ gbɔ le Eleazar ƒe dzidzimeviwo dome wu.
以利亞撒子孫中為首的比以他瑪子孫中為首的更多,分班如下:以利亞撒的子孫中有十六個族長,以他瑪的子孫中有八個族長;
5 Woda akɔ hafi de dɔawo asi na hatsotso vovovoawo ale be ameŋkumekpɔkpɔ aɖeke menɔ anyi o elabena Mawu ƒe ame xɔŋkɔwo kple amegãwo tso Eleazar kple Itamar ƒe ƒome me.
都掣籤分立,彼此一樣。在聖所和上帝面前作首領的有以利亞撒的子孫,也有以他瑪的子孫。
6 Semaya, tso Levitɔwo dome, ame si fofoe nye Netanel la, nye nuŋlɔla. Eŋlɔ ameawo ƒe ŋkɔwo kple woƒe dɔdeasiwo da ɖi le fia la kple Nunɔla Zadok kple Ahimelek, Abiata ƒe vi kple Levitɔwo ƒe tatɔwo ŋkume. Wode dɔ ɖe sia ɖe asi na Eleazar ƒe viwo ƒe ha eveawo kple Itamar ƒe viwo ƒe ha ɖeka la sɔsɔe.
作書記的利未人拿坦業的兒子示瑪雅在王和首領,與祭司撒督、亞比亞他的兒子亞希米勒,並祭司利未人的族長面前記錄他們的名字。在以利亞撒的子孫中取一族,在以他瑪的子孫中取一族。
7 Wodzidze nu hena dɔdede asi na hatsotsoawo le ɖoɖo sia nu: Hatsotso gbãtɔ ƒe tatɔe nye Yehoyarib. Hatsotso evelia ƒe tatɔe nye Yedaia.
掣籤的時候,第一掣出來的是耶何雅立,第二是耶大雅,
8 Hatsotso etɔ̃lia ƒe tatɔe nye Harim. Hatsotso enelia ƒe tatɔe nye Seorim.
第三是哈琳,第四是梭琳,
9 Hatsotso atɔ̃lia ƒe tatɔe nye Malkiya. Hatsotso adelia ƒe tatɔe nye Miyamin.
第五是瑪基雅,第六是米雅民,
10 Hatsotso adrelia ƒe tatɔe nye Hakɔz. Hatsotso enyilia ƒe tatɔe nye Abiya.
第七是哈歌斯,第八是亞比雅,
11 Hatsotso asiekelia ƒe tatɔe nye Yesua. Hatsotso ewolia ƒe tatɔe nye Sekania.
第九是耶書亞,第十是示迦尼,
12 Hatsotso wuiɖekɛlia ƒe kplɔlae nye Eliasib. Hatsotso wuievelia ƒe kplɔlae nye Yakim.
第十一是以利亞實,第十二是雅金,
13 Hatsotso wuietɔ̃lia ƒe kplɔlae nye Hupa. Hatsotso wuienelia ƒe kplɔlae nye Yesebeab.
第十三是胡巴,第十四是耶是比押,
14 Hatsotso wuiatɔ̃lia ƒe kplɔlae nye Bilga. Hatsotso wuiadelia ƒe kplɔlae nye Imer.
第十五是璧迦,第十六是音麥,
15 Hatsotso wuiadrelia ƒe kplɔlae nye Hezir. Hatsotso wuienyilia ƒe kplɔlae nye Hapizez.
第十七是希悉,第十八是哈闢悉,
16 Hatsotso wuiasiekelia ƒe kplɔlae nye Petahia. Hatsotso blaevelia ƒe kplɔlae nye Hezekiel.
第十九是毗他希雅,第二十是以西結,
17 Hatsotso blaeve-vɔ-ɖekɛlia ƒe kplɔlae nye Yakin. Hatsotso blaeve-vɔ-evelia ƒe kplɔlae nye Gamul.
第二十一是雅斤,第二十二是迦末,
18 Hatsotso blaeve-vɔ-etɔ̃lia ƒe kplɔlae nye Delaya eye hatsotso blaeve-vɔ-enelia ƒe kplɔlae nye Mazia.
第二十三是第來雅,第二十四是瑪西亞。
19 Hatsotso ɖe sia ɖe wɔ eƒe dɔdeasi le gbedoxɔ la me abe ale si Mawu ɖoe da ɖi to wo fofo Aron dzi ene.
這就是他們的班次,要照耶和華-以色列的上帝藉他們祖宗亞倫所吩咐的條例進入耶和華的殿辦理事務。
20 Levitɔwo ƒe aƒekɔwo ƒe tatɔ bubuwoe nye esiawo: Yehdeia dzɔ tso Amram me to Sebuel dzi;
利未其餘的子孫如下:暗蘭的子孫裏有書巴業;書巴業的子孫裏有耶希底亞。
21 Isia nye Rehabia ƒe dzidzimevi;
利哈比雅的子孫裏有長子伊示雅。
22 Yahat nye Izhar ƒe dzidzimevi to Selomot dzi;
以斯哈的子孫裏有示羅摩;示羅摩的子孫裏有雅哈。
23 Hebron viwoe nye: Yeria nye gbãtɔ, Amaria nye evelia, Yahaziel nye etɔ̃lia eye Yekameam nye enelia.
希伯倫 的子孫裏有長子耶利雅,次子亞瑪利亞,三子雅哈悉,四子耶加面。
24 Samir nye Uziel ƒe dzidzimevi to Mika dzi;
烏薛的子孫裏有米迦;米迦的子孫裏有沙密。
25 Zekaria nye Uziel ƒe dzidzimevi to Isia, Mika nɔvi dzi;
米迦的兄弟是伊示雅;伊示雅的子孫裏有撒迦利雅。
26 Mahli Musi kple Yaazia nye Merari ƒe dzidzimeviwo;
米拉利的兒子是抹利、母示、雅西雅;雅西雅的兒子有比挪;
27 Viŋutsu etɔ̃ nɔ Yaazia si; woawoe nye: Soham, Zakur kple Ibri;
米拉利的子孫裏有雅西雅的兒子比挪、朔含、撒刻、伊比利。
28 Mahli dzi Eleazar ke eya medzi ŋutsuvi aɖeke o.
抹利的兒子是以利亞撒;以利亞撒沒有兒子。
29 Kis ƒe viŋutsuwoe nye Yerameel.
基士的子孫裏有耶拉篾。
30 Vi etɔ̃, Mahli, Eder kple Yeremot nɔ Musi si. Esiawoe nye Leviviwo le woƒe ƒome nu.
母示的兒子是末力、以得、耶利摩。按着宗族這都是利未的子孫。
31 Wodzidze nu hafi de dɔ asi na wo abe Aron ƒe dzidzimeviwo ene; womebu woƒe tsitsi alo ɖoƒe ŋu o. Wowɔe le Fia David, Zadok, Ahimelek kple nunɔlawo ƒe tatɔwo kple Levitɔwo ŋkume.
他們在大衛王和撒督,並亞希米勒與祭司利未人的族長面前掣籤,正如他們弟兄亞倫的子孫一般。各族的長者與兄弟沒有分別。