< Kronika 1 23 >

1 Esi David tsi, ku amegã eye wòxɔ ƒe geɖe la, etsɔ Via ŋutsu Solomo ɖo Fiae ɖe Israel nu.
David, âgé et rassasié de jours, établit Salomon, son fils, roi sur Israël.
2 Eyɔ dukplɔlawo, nunɔlawo kple Levitɔwo katã le Israel ƒo ƒu hena fiaɖoɖo ƒe wɔnawo.
Il assembla tous les chefs d’Israël, les sacrificateurs et les Lévites.
3 Woxlẽ Levitɔ siwo xɔ ƒe blaetɔ̃ kple edzivɔwo eye wode ame akpe blaetɔ̃-vɔ-enyi.
On fit le dénombrement des Lévites, depuis l’âge de trente ans et au-dessus; comptés par tête et par homme, ils se trouvèrent au nombre de trente-huit mille.
4 David gblɔ be, “Ame siawo dometɔ akpe blaeve-vɔ-ene akpɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu dzi eye ame akpe ade nanye dɔnunɔlawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo.
Et David dit: Qu’il y en ait vingt-quatre mille pour veiller aux offices de la maison de l’Éternel, six mille comme magistrats et juges,
5 Ame akpe ene anye agbonudzɔlawo eye akpe ene nakafu Yehowa kple haƒonu siwo metsɔ na mi hena Mawu kafukafu.”
quatre mille comme portiers, et quatre mille chargés de louer l’Éternel avec les instruments que j’ai faits pour le célébrer.
6 Le esia megbe la, ema wo ɖe akpa gã etɔ̃ me. Etsɔ Levi ƒe vi etɔ̃awo ƒe ŋkɔwo na mamawo eye wozu Gerson ƒe ha, Kohat ƒe ha kple Merari ƒe ha.
David les divisa en classes d’après les fils de Lévi, Guerschon, Kehath et Merari.
7 Woma Gerson ƒe viwo hã ɖe akpa eve me eye wotsɔ Gerson ƒe viwo Ladan kple Simei ƒe ŋkɔwo na wo.
Des Guerschonites: Laedan et Schimeï.
8 Ladan ƒe viŋutsuwoe nye, Yehiel, ame si nye gbãtɔ, Zetam kple Yoel. Wo ame etɔ̃e.
Fils de Laedan: le chef Jehiel, Zétham et Joël, trois.
9 Simei ƒe viŋutsuwoe nye, Selomot, Haziel kple Haran. Wo ame etɔ̃e. Ame siawoe nye Ladan ƒome la ƒe tatɔwo.
Fils de Schimeï: Schelomith, Haziel et Haran, trois. Ce sont là les chefs des maisons paternelles de la famille de Laedan.
10 Simei ƒe viŋutsuwoe nye: Yahat, Ziza, Yeus kple Beria. Ame siawoe nye Simei viwo. Wole ame ene.
Fils de Schimeï: Jachath, Zina, Jeusch et Beria. Ce sont là les quatre fils de Schimeï.
11 (Yahat nye viŋutsu gbãtɔ eye Ziza nye evelia. Ke Yeus kple Beria medzi viŋutsu geɖewo o eya ta woxlẽ wo abe ƒome ɖeka ene eye dɔdeasi ɖeka nɔ wo si.)
Jachath était le chef, et Zina le second; Jeusch et Beria n’eurent pas beaucoup de fils, et ils formèrent une seule maison paternelle dans le dénombrement.
12 Wogama Kohat ƒe viwo ƒe hlɔ̃wo ɖe akpa ene me eye wotsɔ Kohat ƒe viwo ƒe ŋkɔwo na wo: Amram, Izhar, Hebron kple Uziel.
Fils de Kehath: Amram, Jitsehar, Hébron et Uziel, quatre.
13 Amram ƒe viwoe nye Aron kple Mose. Wotia Aron kple viawo da ɖi hena nuwo ŋu kɔkɔ kple vɔsasa le Yehowa ŋkume. Aron subɔna le Yehowa ŋkume eye wòyraa ameawo le Yehowa ƒe ŋkɔ me ɣeawo katã ɣi.
Fils d’Amram: Aaron et Moïse. Aaron fut mis à part pour être sanctifié comme très saint, lui et ses fils à perpétuité, pour offrir les parfums devant l’Éternel, pour faire son service, et pour bénir à toujours en son nom.
14 Wobu Mose, Mawu ƒe dɔla ƒe viŋutsuwo ɖe Levitɔwo dome.
Mais les fils de Moïse, homme de Dieu, furent comptés dans la tribu de Lévi.
15 Mose ƒe viŋutsuwoe nye, Gersom kple Eliezer.
Fils de Moïse: Guerschom et Éliézer.
16 Gersom ƒe dzidzimeviwoe nye, Subael, ame si nye viŋutsu gbãtɔ.
Fils de Guerschom: Schebuel, le chef.
17 Eliezer ƒe vi: Rehabia nye vi ɖekɛ kple gbãtɔ eye wònye hlɔ̃ la ƒe tatɔ. (Eliezer megadzi vi aɖeke o, ke Rehabia viwo sɔ gbɔ ŋutɔ.)
Et les fils d’Éliézer furent: Rechabia, le chef; Éliézer n’eut pas d’autre fils, mais les fils de Rechabia furent très nombreux.
18 Izhar ƒe viwo ƒe tatɔe nye Selomit.
Fils de Jitsehar: Schelomith, le chef.
19 Hebron ƒe viwo ƒe tatɔe nye, Yeria, via eveliae nye Amaria, etɔ̃liae nye Yahaziel eye eneliae nye Yekameam.
Fils d’Hébron: Jerija, le chef; Amaria, le second; Jachaziel, le troisième; et Jekameam, le quatrième.
20 Uziel ƒe vi gbãtɔe nye, Mika eye eveliae nye Isia.
Fils d’Uziel: Michée, le chef; et Jischija, le second.
21 Merari ƒe viwoe nye, Mahli kple Musi. Mahli ƒe viwoe nye, Eleazar kple Kis.
Fils de Merari: Machli et Muschi. Fils de Machli: Éléazar et Kis.
22 Eleazar medzi viŋutsu aɖeke hafi ku o, via nyɔnuwo ɖe wo fofo nɔvi, Kis ƒe viŋutsuwo.
Éléazar mourut sans avoir de fils; mais il eut des filles, que prirent pour femmes les fils de Kis, leurs frères.
23 Musi ƒe viwoe nye Mahli, Eder kple Yeremot.
Fils de Muschi: Machli, Éder et Jerémoth, trois.
24 Le amexexlẽ la me la, woda Levi ƒe vi siwo katã xɔ ƒe blaeve kple edzivɔ la ɖe hlɔ̃ kple aƒekɔ siawo me eye woɖo na wo be woawɔ subɔsubɔdɔ le gbedoxɔ la me
Ce sont là les fils de Lévi, selon leurs maisons paternelles, les chefs des maisons paternelles, d’après le dénombrement qu’on en fit en comptant les noms par tête. Ils étaient employés au service de la maison de l’Éternel, depuis l’âge de vingt ans et au-dessus.
25 elabena David gblɔ be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu la na ŋutifafa mí eye wòanɔ Yerusalem ɣe sia ɣi.
Car David dit: L’Éternel, le Dieu d’Israël, a donné du repos à son peuple, et il habitera pour toujours à Jérusalem;
26 Azɔ ya la, magahiã be Levitɔwo natsɔ Agbadɔ la kple nu siwo ŋu dɔ woawɔ le eme la tso teƒe ɖeka ayi teƒe bubu o.”
et les Lévites n’auront plus à porter le tabernacle et tous les ustensiles pour son service.
27 Levitɔwo xexlẽe nye nu mamlɛtɔ si David wɔ hafi ku.
Ce fut d’après les derniers ordres de David qu’eut lieu le dénombrement des fils de Lévi depuis l’âge de vingt ans et au-dessus.
28 Levitɔwo ƒe dɔe nye be, woakpe ɖe Aron ƒe dzidzimeviwo ŋu le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe dɔwo wɔwɔ me. Woawoe akpɔ, xɔxɔnuawo, xɔŋuxɔewo, nu kɔkɔeawo ŋu kɔkɔ ƒe wɔnawo dzi kple dɔ bubuwo wɔwɔ le Mawu ƒe aƒe la me.
Placés auprès des fils d’Aaron pour le service de la maison de l’Éternel, ils avaient à prendre soin des parvis et des chambres, de la purification de toutes les choses saintes, des ouvrages concernant le service de la maison de Dieu,
29 Woawoe tsɔa ŋkumeɖobolo ɖoa kplɔ̃ dzi, tua wɔ hena nuɖuvɔsawo, mea akpɔnɔ kple amɔ maʋamaʋã, blua abolowɔ hemenɛ eye wokpɔa nudanuwo kple nudzidzenuwo katã dzi.
des pains de proposition, de la fleur de farine pour les offrandes, des galettes sans levain, des gâteaux cuits sur la plaque et des gâteaux frits, de toutes les mesures de capacité et de longueur:
30 Enɔ na wo hã be woatsi tsitre ada akpe, akafu Mawu ŋdi sia ŋdi. Woawɔ alea fiẽ sia fiẽ hã.
ils avaient à se présenter chaque matin et chaque soir, afin de louer et de célébrer l’Éternel,
31 Nenema kee woawɔ nenye be wole numevɔwo sam na Yehowa le Dzudzɔgbe ŋkekewo dzi, Dzinu yeye ŋkekenyuiwo kple ŋkekenyui ɖoɖi bubuwo dzi. Enɔ na wo be woasubɔ le Yehowa ŋkume le agbɔsɔsɔ aɖe sinu me ɣe sia ɣi le ɖoɖo si wogblɔ ɖa ɖi na wo la nu.
et à offrir continuellement devant l’Éternel tous les holocaustes à l’Éternel, aux sabbats, aux nouvelles lunes et aux fêtes, selon le nombre et les usages prescrits.
32 Ale Levitɔwo wɔa woƒe dɔdeasiwo le Agbadɔ la me, le Kɔkɔeƒe la me eye wowɔnɛ le wo nɔvi siwo nye Aron ƒe dzidzimeviwo la ƒe dzikpɔkpɔ te. Wowɔa dɔ siawo katã le Yehowa ƒe gbedoxɔ me.
Ils donnaient leurs soins à la tente d’assignation, au sanctuaire, et aux fils d’Aaron, leurs frères, pour le service de la maison de l’Éternel.

< Kronika 1 23 >