< Kronika 1 22 >

1 Ale David gblɔ be, “Yehowa Mawu ƒe aƒe la anɔ afi sia eye nenema kee anye vɔsamlekpui si dzi Israel asa vɔ le.”
Then David said, “Here shall be the house of the LORD God, as well as the altar of burnt offering for Israel.”
2 Azɔ la, David na be amedzro siwo katã nɔ Israelnyigba dzi la nakpa kpe na gbedoxɔ la tutu.
So David gave orders to gather the foreigners in the land of Israel, from whom he appointed stonecutters to prepare finished stones for building the house of God.
3 Emegbe la, wotsɔ gayibɔ tu gatagbadzɛwo na ʋɔtruwo kple agbowo kple nulégawo. Wololo akɔbli wòsɔ gbɔ ale gbegbe be womate ŋu adae o.
David provided a large quantity of iron to make the nails for the doors of the gateways and for the fittings, together with more bronze than could be weighed
4 Tirotɔwo kple Sidontɔwo tso sedati geɖewo vɛ na David.
and more cedar logs than could be counted; for the Sidonians and Tyrians had brought a large quantity of cedar logs to David.
5 David gblɔ be, “Vinye Solomo nye ɖekakpui dzaa aɖe ko, evɔ ele be Yehowa ƒe gbedoxɔ la nanye xɔ nyui, wɔnuku, xɔŋkɔ aɖe le xexe blibo la me eya ta made asi dzadzraɖowɔwɔ me na etutu tso fifia.” Ale David ƒo ƒu xɔtunuawo da ɖi hafi eƒe kuɣi ɖo.
And David said, “My son Solomon is young and inexperienced, and the house to be built for the LORD must be exceedingly magnificent—famous and glorious throughout all lands. Therefore I must make preparations for it.” So David made lavish preparations before his death.
6 Azɔ la, egblɔ na ƒe via Solomo be wòatu gbedoxɔ la na Yehowa, Israel ƒe Mawu la.
Then David called for his son Solomon and instructed him to build a house for the LORD, the God of Israel.
7 Egblɔ na Solomo be, “Vinye, medi be nye ŋutɔ matu gbedoxɔ la hafi,
“My son,” said David to Solomon, “it was in my heart to build a house for the Name of the LORD my God,
8 ke Yehowa meɖe mɔ nam o. Egblɔ nam be, ‘Èwu ame geɖewo akpa le aʋa gãwo me. Èna anyigba biã le nye ŋkume eya ta menye wòe atu nye gbedoxɔ la o.
but this word of the LORD came to me: ‘You have shed much blood and waged great wars. You are not to build a house for My Name because you have shed so much blood on the ground before Me.
9 Ke mana nàdzi viŋutsu aɖe ame si anye ŋutifafame aɖe elabena mana ŋutifafa nanɔ eya kple futɔwo dome le dukɔ siwo ƒo xlã mi la me. Woayɔe be Solomo, si gɔmee nye, “Ŋutifafa” eye mana ŋutifafa kple dzidzeme Israel le eƒe fiaɖuɣi.
But a son will be born to you who will be a man of rest. I will give him rest from all his enemies on every side; for his name will be Solomon, and I will grant to Israel peace and quiet during his reign.
10 Eyae atu nye gbedoxɔ la, anɔ abe nye ŋutɔ vinye ene eye manye fofoa. Mana ƒe viawo kple viawo ƒe viwo naɖu fia to Israel ƒe dzidzimewo katã me!’
He is the one who will build a house for My Name. He will be My son, and I will be his Father. And I will establish the throne of his kingdom over Israel forever.’
11 “Eya ta Yehowa nanɔ kpli wò eye wòana nuwo nadze edzi na wò esi nànɔ nu siwo wòɖo na wò la wɔm eye nànɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la tum.
Now, my son, may the LORD be with you, and may you succeed in building the house of the LORD your God, as He said you would.
12 Yehowa nana gɔmesese wò ale be nàlé eƒe sewo me ɖe asi ne eɖo wò fiae ɖe Israel dzi.
Above all, may the LORD give you insight and understanding when He puts you in command over Israel, so that you may keep the Law of the LORD your God.
13 “Eya ta ne èlé se kple ɖoɖo siwo wòna Israel to Mose dzi me ɖe asi la, nuwo adze edzi na wò. Wɔ kalẽ eye nàlé dzi ɖe ƒo; mègavɔ̃ o, ke boŋ nàtsɔ dzo ɖe wò dɔwo ŋu!
Then you will succeed, if you carefully follow the statutes and ordinances that the LORD commanded Moses for Israel. Be strong and courageous. Do not be afraid or discouraged.
14 “Metsɔ dzigbɔɖi blibo di sika ‘tɔn’ akpe etɔ̃ alafa ene blaatɔ̃, klosalo ‘tɔn’ akpe blaetɔ̃-vɔ-ene alafa atɔ̃ kple akɔbli kple gayibɔ kpekpeme gã aɖe hekpe ɖe ati kple kpe ŋu hena Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu; mɔɖeɖe li be miadi nu siawo akpe wo faa.
Now behold, I have taken great pains to provide for the house of the LORD—100,000 talents of gold, 1,000,000 talents of silver, and bronze and iron too great to be weighed. I have also provided timber and stone, and you may add to them.
15 Gawu la, kpeɖolawo kple atikpalawo kple aɖaŋudɔwɔla vovovowo le asiwò.
You also have many workers: stonecutters, masons, carpenters, and men skilled in every kind of work—
16 Aɖaŋudɔwɔla siawo nya sika, klosalo, akɔbli kple gayibɔ ŋu dɔ wɔwɔ nyuie eya ta dze dɔ la gɔme eye Yehowa nanɔ kpli wo.”
in gold and silver, bronze and iron—craftsmen beyond number. Now begin the work, and may the LORD be with you.”
17 Ale David ɖe gbe na Israel ƒe kplɔlawo katã be woakpe ɖe ye vi, Solomo ŋu le gbedoxɔ la tutu me.
Then David ordered all the leaders of Israel to help his son Solomon:
18 Egblɔ be, “Yehowa, miaƒe Mawu la nanɔ kpli mi. Ena ŋutifafa ɖo miawo kple dukɔ siwo ƒo xlã mi la dome elabena Yehowa ƒe ŋkɔ mee meɖu wo dzi le hena eƒe amewo.
“Is not the LORD your God with you, and has He not granted you rest on every side? For He has given the inhabitants of the land into my hand, and the land has been subdued before the LORD and His people.
19 Azɔ la, midze agbagba le go ɖe sia ɖe me be, miaɖo to Yehowa, miaƒe Mawu la eye miatsɔ nubablaɖaka la kple nu kɔkɔe bubu siwo ŋu dɔ wowɔna le subɔsubɔ me la va Yehowa ƒe gbedoxɔ la me!”
Now set your heart and soul to seek the LORD your God. Get started building the sanctuary of the LORD God, so that you may bring the ark of the covenant of the LORD and the holy articles of God into the temple that will be built for the Name of the LORD.”

< Kronika 1 22 >