< Kronika 1 21 >

1 Eva eme be Satana tsi tsitre ɖe Israel ŋu eye wòdee David me be wòaxlẽ Israel blibo la.
OR Satana si levò contro ad Israele, ed incitò Davide ad annoverare Israele.
2 David gblɔ na Yoab kple kplɔla bubuawo be, “Miɖaxlẽ Israelviwo tso Beerseba va se ɖe Dan eye miana manya woƒe xexlẽme.”
E Davide disse a Ioab, ed a' capi del popolo: Andate, annoverate Israele da Beerseba, fino in Dan; e rapportatemene il numero, acciocchè io lo sappia.
3 Ke Yoab melɔ̃ ɖe nya sia dzi o. Ebia David be, “Ne Yehowa na eƒe amewo dzi ɖe edzi zi alafa ɖeka hã la, ɖe wo katã manye tɔwòwo oa? Nu ka ta nèle didim be míawɔ nu sia? Nu ka ta nàna Israel nakpɔ fɔbubu?”
E Ioab disse: Il Signore accresca il suo popolo per cento cotanti; non [sono] essi tutti, o re, mio signore, servitori del mio signore? perchè cerca il mio signore questa cosa? perchè sarebbe questo [imputato] a colpa ad Israele?
4 Ke fia la ƒe nya ɖu Yoab kple aʋafia bubuawo tɔ dzi ta la, Yoab wɔ nu si wòɖo nɛ. Ezɔ mɔ to Israelnyigba blibo la dzi eye wòtrɔ yi Yerusalem.
Ma la parola del re prevalse a Ioab. Ioab adunque si partì, e andò attorno per tutto Israele; poi tornò in Gerusalemme.
5 Yoab gblɔ na David be, ame siwo ate ŋu awɔ aʋa la nye ame miliɔn ɖeka akpe alafa ɖeka le Israel kple ame akpe alafa ene blaadre le Yuda.
E diede a Davide la somma del popolo annoverato; e di tutto Israele vi erano undici volte centomila uomini che potevano trar la spada; e di Giuda, quattrocensettantamila uomini, che potevano trar la spada.
6 Ke mexlẽ Leviviwo kple Benyaminviwo de ame siawo me o elabena mekpɔ dzidzɔ le nu si fia la zi edzi be wòawɔ la ŋu o.
Or egli non annoverò Levi, nè Beniamino, fra gli altri; perciocchè il comandamento del re gli era abbominevole.
7 Mawu hã mekpɔ dzidzɔ le amexexlẽ sia ŋu o, eya ta wòhe to na Israel ɖe eta.
Or questa cosa dispiacque a Dio; laonde egli percosse Israele.
8 David gblɔ na Mawu be, “Nyee nye ame si wɔ nu vɔ̃, meɖe kuku, tsɔe kem, medze si nu vɔ̃ si mewɔ le nu sia wɔwɔ me.”
E Davide disse a Dio: Io ho gravemente peccato d'aver fatta questa cosa; ma ora fa', ti prego, passar via l'iniquità del tuo servitore; perciocchè io ho fatta una gran follia.
9 Yehowa gblɔ na Gad, ame si nye nukpɔla na David be,
E il Signore parlò a Gad, veggente di Davide, dicendo:
10 “Yi, nàgblɔ na David be, ‘Nya si Yehowa gblɔe nye: Metsɔ nu etɔ̃ le dadam ɖe wò ŋkume. Tia wo dometɔ ɖeka ne mawɔ eŋu dɔ ɖe ŋutiwò.’”
Va', e parla a Davide, dicendo: Così ha detto il Signore: Io ti propongo tre cose; eleggitene una, ed io te [la] farò.
11 Ale Gad yi David gbɔ eye wògblɔ nɛ be, “Nya si Yehowa gblɔe nye, ‘Tsɔ ɖeka le nu etɔ̃awo dome.
Gad adunque venne a Davide, e gli disse: Così ha detto il Signore: Prenditi:
12 Ne èlɔ̃ la, àtia be dɔwuame nava anyigba la dzi ƒe etɔ̃ loo, alo Israel ƒe futɔwo nasi mi ɣleti etɔ̃ loo alo Yehowa ƒe dɔla nana dɔvɔ̃ nawu amewo le anyigba la dzi ŋkeke etɔ̃. Bu eŋuti nyuie eye nàna manya ŋuɖoɖo si matsɔ ayi na ame si dɔm la.’”
o la fame per tre anni; o di non poter durare davanti a' tuoi nemici per tre mesi, e che la spada de' tuoi nemici ti aggiunga; ovvero che la spada del Signore, e la pestilenza sia per tre giorni nel paese; e che l'Angelo del Signore faccia il guasto per tutte le contrade d'Israele. Ora dunque, vedi ciò che io ho da rispondere a Colui che mi ha mandato.
13 David gblɔ na Gad be, “Meɖo xaxa gã aɖe me. Na madze Yehowa ƒe asi me le eƒe nublanuikpɔkpɔ sɔ gbɔ la ta, ke mègana madze amegbetɔ ƒe asi me o.”
E Davide rispose a Gad: Io son grandemente distretto: deh! che io caggia nelle mani del Signore; conciossiachè grandissime [sieno] le sue compassioni; e ch'io non caggia nelle mani degli uomini.
14 Ale Yehowa na dɔvɔ̃ va Israelnyigba dzi eye wòwu ame akpe blaadre.
Il Signore adunque mandò una pestilenza in Israele, e morirono settantamila uomini d'Israele.
15 Le dɔvɔ̃ la ƒe ɣeyiɣi me la, Mawu ɖo mawudɔla aɖe ɖa be wòagbã Yerusalem, ke egakpɔ nublanui na du la ale gbegbe be, wòtrɔ ta me eye wòɖe gbe na mawudɔla la be, “Esɔ gbɔ!” Mawudɔla la nɔ tsitre ɖe Arauna, Yebusitɔ la ƒe lugbɔƒe ɣe ma ɣi.
Or Iddio mandò l'Angelo in Gerusalemme, per farvi il guasto; ma, come egli era per fare il guasto, il Signore riguardò, e si pentì del male, e disse all'Angelo che distruggeva: Basta; ritrai ora la tua mano. Or l'Angelo del Signore stava in piè presso dell'aia di Ornan Gebuseo.
16 Esi David kpɔ mawudɔla la wònɔ tsitre ɖe dziƒo kple anyigba dome, ɖe eƒe yi le aku me eye wòdoe ɖe Yerusalem gbɔ la, eya kple Israel ƒe ametsitsiwo ta akpanya eye wodze anyi ɖe Yehowa ŋkume, le konyifafa me.
E Davide alzò gli occhi, e vide l'Angelo del Signore che stava in piè fra terra e cielo, avendo in mano la spada tratta, vibrata contro a Gerusalemme. E Davide, e tutti gli Anziani, coperti di sacchi, caddero sopra le lor facce.
17 David gblɔ na Mawu be, “Nyee nye ame si wɔ nu vɔ̃ be mena be woaxlẽ amewo. Ke nu kae alẽ siawo ya wɔ? Oo, Yehowa, nye Mawu, tsrɔ̃ nye kple nye ƒome, ke mègatsrɔ̃ wò amewo o.”
E Davide disse a Dio: Non [sono] io quello che ho comandato che si annoverasse il popolo? Io dunque [son] quello che ho peccato, ed ho del tutto mal fatto; ma queste pecore che cosa hanno fatto? deh! Signore Iddio mio, sia la tua mano contro a me, e contro alla casa di mio padre; e non [sia] contro al tuo popolo, per [percuoterlo] di piaga.
18 Yehowa ƒe dɔla gblɔ na Gad be wòagblɔ na David be wòatu vɔsamlekpui na Yehowa ɖe Arauna, Yebusitɔ la ƒe lugbɔƒe.
Allora l'Angelo del Signore disse a Gad, che dicesse a Davide di salire all'aia di Ornan Gebuseo, per rizzar [quivi] un altare al Signore.
19 Ale David wɔ ɖe nya si Gad gblɔ nɛ le Yehowa ƒe ŋkɔ me la dzi.
E Davide salì [là], secondo la parola di Gad, ch'egli avea detta a Nome del Signore.
20 Esime Arauna nɔ lu gbɔm la, enye kɔ eye wòkpɔ mawudɔla la; Via ŋutsu ene siwo nɔ egbɔ la, ɣla wo ɖokuiwo.
Or Ornan, trebbiando del grano, si era rivolto, ed avea veduto l'Angelo; e si era nascosto, co' suoi quattro figliuoli.
21 Esi David va Arauna gbɔ eye Arauna fɔ kɔ dzi kpɔe la, Arauna dzo le lugbɔƒe la eye wòɖade ta agu tsyɔ mo anyi ɖe David ƒe ŋkume.
E quando Davide fu giunto ad Ornan, Ornan riguardò; ed avendo veduto Davide, uscì fuor dell'aia, e s'inchinò a Davide con la faccia verso terra.
22 David gblɔ na Arauna be, “Tsɔ wò lugbɔƒe la nam ale be maɖi vɔsamlekpui na Yehowa ɖe edzi be dɔvɔ̃ si le dukɔa dzi la nu natso. Dzrae nam ɖe asi si wòaxɔ tututu la nu.”
E Davide disse ad Ornan: Dammi il luogo di quest'aia; acciocchè io vi edifichi un altare al Signore; dammelo per lo [suo] giusto prezzo; acciocchè questa piaga sia arrestata d'in sul popolo.
23 Arauna gblɔ na David be, “Xɔe! Nye aƒetɔ, fia la newɔ nu sia nu si dze eŋu. Kpɔ ɖa, mana nyitsu hena numevɔsa la, luƒotiwo hena nake eye lu hena nuɖuvɔsa la. Matsɔ esiawo katã na wò.”
Ed Ornan disse a Davide: Prendite[lo], e faccia il re, mio signore, ciò che gli piace; vedi, io [ti] dono questi buoi per olocausti, e queste trebbie per legne, e questo grano per offerta; io [ti] dono il tutto.
24 Fia David ɖo eŋu na Arauna be, “Ao, maƒlee ko. Maxe fe si dze la, ɖe eta. Nyemate ŋu atsɔ nu si nye tɔwò la asa vɔe na Yehowa, asa numevɔ kple nu siwo ta nyemexe fe aɖeke ɖo o!”
Ma il re Davide disse ad Ornan: No; anzi io del tutto comprerò [queste cose] per giusto prezzo; perciocchè io non voglio presentare al Signore ciò che [è] tuo, nè offerire olocausto che io abbia avuto in dono.
25 Ale David xe sikaga kilogram adre na Arauna ɖe lugbɔƒe la ta.
Davide adunque diede ad Ornan per quel luogo il peso di seicento sicli d'oro.
26 David ɖi vɔsamlekpui na Yehowa ɖe afi ma eye wòsa numevɔ kple akpedavɔ le edzi. Edo gbe ɖa na Yehowa eye Yehowa ɖo eŋu nɛ heɖo dzo ɖa tso dziƒo wòva bi vɔsa la le vɔsamlekpui la dzi.
E Davide edificò quivi un altare al Signore, ed offerse olocausti, e sacrificii da render grazie, ed invocò il Signore, il quale gli rispose dal cielo col fuoco [ch'egli mandò] in su l'altar dell'olocausto.
27 Tete Yehowa ɖe gbe na mawudɔla la be wòatsɔ eƒe yi la ade aku me.
E per comandamento del Signore, l'Angelo rimise la sua spada nel fodero.
28 Le ɣe ma ɣi me, esi David kpɔ be Yehowa ɖo yeƒe gbedodoɖa ŋu le Yebusitɔ, Arauna ƒe lugbɔƒea la, esa vɔwo le afi ma.
In quel tempo, Davide veggendo che il Signore gli avea risposto nell'aia di Ornan Gebuseo, vi sacrificò.
29 Yehowa ƒe Agbadɔ si Mose tu le gbedzi ƒe vɔsamlekpui si dzi wowɔ numevɔsa le ɣe ma ɣi me la nɔ Gibeon ƒe vɔsaƒe.
Or il Tabernacolo del Signore che Mosè avea fatto nel deserto, e l'Altare degli olocausti, [era] in quel tempo nell'alto luogo in Gabaon.
30 Ke David mete ŋu yi vɔsaƒe la ne wòabia gbe Yehowa o elabena evɔ̃ na Yehowa ƒe dɔla la ƒe yi.
E Davide non potè andare davanti a quello, per ricercare Iddio; perciocchè egli era spaventato per la spada dell'Angelo del Signore.

< Kronika 1 21 >