< Kronika 1 20 >

1 Le Adame esi fiawo ƒe aʋawɔɣi ɖo la, Yoab nɔ ŋgɔ na asrafohawo. Ewɔ Amonitɔwo ƒe anyigba wòtrɔ zu gbegbe eye woɖaɖe to ɖe Raba, ke David nɔ Yerusalem. Yoab dze Raba dzi eye wòwɔe wòzu aƒedo.
Slijedeće godine, u doba kad kraljevi izlaze u rat, izvede Joab vojsku i poče pustošiti zemlju amonsku. Došavši, opsjeo je Rabu; David bijaše ostao u Jeruzalemu. Joab je osvojio Rabu i razorio je.
2 David ɖe fiakuku le woƒe fia, Milkom ƒe ta eye wotsɔe ɖɔ na Fia David. Fiakuku la ƒe kpekpeme anɔ sika kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene eye wotsɔ kpe xɔasiwo ɖo atsyɔ nɛ. Woha afunyinu geɖe le du la me.
Tada je David uzeo njihovu kralju s glave krunu i vidio da je teška jedan zlatni talenat, a na njoj je bilo drago kamenje. Stavili su je na glavu Davidu, koji je iz grada odnio vrlo velik plijen.
3 Ekplɔ dua me nɔlawo dzoe eye wode dɔ sesẽwo wɔwɔ asi na wo be woawɔ laxalaxadɔwo, fiwo kple fiadɔwo. David wɔ alea le Amonitɔwo ƒe duwo katã me. Emegbe David kple eƒe aʋakɔ blibo la gbugbɔ yi Yerusalem.
Narod koji bijaše u gradu izvede van i stavi ga da radi pilama, gvozdenim pijucima i sjekirama. Tako je David učinio svim gradovima Amonovih sinova. Potom se vratio sa svim narodom u Jeruzalem.
4 Egawɔ aʋa kple Filistitɔwo le Gezer, ke Sibekai, ŋutsu aɖe tso Husat, wu Sipai, si nye Refaim ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka ale Filistitɔwo na ta.
Poslije toga opet izbi rat s Filistejcima u Gezeru; tada je Hušanin Sibkaj pogubio Sipaja, koji je bio od Refaimovih potomaka; i bili su pokoreni.
5 Le aʋa bubu si wogawɔ kple Filistitɔwo me la, Elhanan, Yair ƒe vi, wu Lahmi, Goliat nɔvi, ame si ƒe akplɔti lolo abe ati si le avɔlɔ̃lawo ƒe agbati me ene.
Uz to je nastao i rat s Filistejcima, u kojem je Jairov sin Elhanan pogubio Lahmija, brata Golijata Gitejca, koji je imao kopljaču kao tkalačko vratilo.
6 Le aʋa bubu si wowɔ le Gat me la, ame dzɔtsu aɖe to asibidɛ ade ɖe asi ɖe sia ɖe kple afɔbidɛ ade ɖe afɔ ɖe sia ɖe, asibidɛawo kple afɔbidɛawo de blaeve-vɔ-ene. Eya hã nye Rafa ƒe dzidzimevi.
Potom opet izbi rat u Gatu, gdje je bio neki čovjek visoka rasta: imaše taj na svakoj ruci i nozi po šest prstiju, dakle dvadeset i četiri; i on bijaše Rafin potomak.
7 Esi wòɖu fewu le Israel ŋu la, David nɔviŋutsu, Simea ƒe vi, Yonatan wui.
Kad je počeo ružiti Izraela, ubi ga Jonatan, sin Davidova brata Šimeja.
8 Ame siawo nye Rafa ƒe dzidzime viwo tso Gat eye wotsi David kple eƒe amewo ƒe asi me.
To su bili Rafini potomci u Gatu koji su izginuli od Davidove ruke i od ruke njegovih slugu.

< Kronika 1 20 >