< Kronika 1 2 >
1 Esiawoe nye Israel ƒe viŋutsuwo: Ruben, Simeon, Levi, Yuda, Isaka, Zebulon,
Вот сыновья Израиля: Рувим, Симеон, Левий, Иуда, Иссахар, Завулон,
2 Dan, Yosef, Benyamin, Naftali, Gad kple Aser.
Дан, Иосиф, Вениамин, Неффалим, Гад и Асир.
3 Yuda dzi ŋutsuvi etɔ̃ kple Bat Sua, Kanaan ɖetugbi aɖe. Woawoe nye Er, Onan kple Sela. Via tsitsitɔ, Er, vɔ̃ɖi le Yehowa ƒe ŋkume ale gbegbe be, Yehowa wui.
Сыновья Иуды: Ир, Онан и Силом, - трое родились у него от дочери Шуевой, Хананеянки. И был Ир, первенец Иудин, не благоугоден в очах Господа, и Он умертвил его.
4 Er ƒe ahosi, Tamar kple Er fofo, Yuda, wodzi evenɔviwo: Perez kple Zera; ale viŋutsuvi atɔ̃ nɔ Yuda si.
И Фамарь, невестка его, родила ему Фареса и Зару. Всех сыновей у Иуды было пятеро.
5 Perez ƒe viwoe nye: Hezron kple Hamul.
Сыновья Фареса: Есром и Хамул.
6 Zera ƒe viwo nye: Zimri, Etan, Heman, Kalkol kple Dara.
Сыновья Зары: Зимри, Ефан, Еман, Халкол и Дара; всех их пятеро.
7 Aka, Karmi ƒe vie nye ame si he fukpekpe va Israel dzi elabena efi nu kɔkɔewo.
Сыновья Харми: Ахар, наведший беду на Израиля, нарушив заклятие.
8 Etan ƒe vie nye Azaria.
Сын Ефана: Азария.
9 Hezron ƒe viwoe nye Yerameel, Ram kple Kelubai.
Сыновья Есрома, которые родились у него: Иерахмеил, Арам и Хелувай.
10 Ram dzi Aminadab eye Aminadab dzi Nahson, ame si va zu Yuda to la ƒe kplɔla ɖeka.
Арам же родил Аминадава; Аминадав родил Наассона, князя сынов Иудиных;
11 Nahson dzi Salma eye Salma hã dzi Boaz.
Наассон родил Салмона, Салмон родил Вооза;
12 Boaz dzi Obed ame si dzi Yese.
Вооз родил Овида, Овид родил Иессея;
13 Yese ƒe vi gbãtɔe nye Eliab, eveliae nye Abinadab eye etɔ̃liae nye Simea;
Иессей родил первенца своего Елиава, второго - Аминадава, третьего - Самму,
14 eneliae nye Netanel, atɔ̃liae nye Radai,
четвертого - Нафанаила, пятого - Раддая,
15 adelia nye Ozem eye adreliae nye David.
шестого - Оцема, седьмого - Давида.
16 Srɔ̃a ma ke dzi vinyɔnuvi eve nɛ. Woawoe nye Zeruia kple Abigail. Zeruya ƒe viŋutsuwoe nye Abisai, Yoab kple Asahel.
Сестры их: Саруия и Авигея. Сыновья Саруии: Авесса, Иоав и Азаил, трое.
17 Yeter, ame si nye ŋutsu aɖe tso Ismael nyigba dzi la ɖe Abigail eye wòdzi ŋutsuvi aɖe si wona ŋkɔe be Amasa la nɛ.
Авигея родила Амессу; отец же Амессы - Иефер, Измаильтянин.
18 Kaleb, Hezron ƒe vi ɖe srɔ̃ eve, Azuba kple Yeriot. Azuba ƒe viwoe nye: Yeser, Sobab kple Ardon.
Халев, сын Есрома, родил от Азувы, жены своей, и от Иериофы, и вот сыновья его: Иешер, Шовав и Ардон.
19 Esi Azuba ku la, Kaleb ɖe Efrat eye wòdzi ŋutsuvi, Hur, nɛ.
И умерла Азува; и взял себе Халев жену Ефрафу, и она родила ему Хура.
20 Hur ƒe vie nye Uri eye Uri hã dzi Bezalel.
Хур родил Урия, Урий родил Веселиила.
21 Esi Hezron xɔ ƒe blaade la eɖe Makir ƒe vinyɔnu eye wòdzi ŋutsuvi, Segub nɛ. Makir ƒe vi bubue nye Gilead.
После Есром вошел к дочери Махира, отца Галаадова, и взял ее, будучи шестидесяти лет, и она родила ему Сегува.
22 Segub nye Yair fofo. Du blaeve-vɔ-etɔ̃ nɔ Yair ƒe kpɔkplɔ te le Gileadnyigba dzi.
Сегув родил Иаира, и было у него двадцать три города в земле Галаадской.
23 (Ke Gesur kple Aram xɔ Havot Yair kple Kenat kple du sue blaade siwo ƒo xlãe la le esi sesẽtɔe.) Ame siawo katã nye Makir, si nye Gilead fofo la ƒe viwo.
Но Гессуряне и Сирияне взяли у них селения Иаира, Кенаф и зависящие от него города, - шестьдесят городов. Все эти города сыновей Махира, отца Галаадова.
24 Esi Hezron ku le Kaleb Efrata la, Abiya, Hezron srɔ̃ dzi Asur, Tekoa fofo.
По смерти Есрома в Халев-Ефрафе, жена Есромова, Авия, родила ему Ашхура, отца Фекои.
25 Hezron ƒe vi tsitsitɔ, Yerameel ƒe viwoe nye: Ram ƒe viŋutsu tsitsitɔ, Buna, Oren, Ozem kple Ahiya.
Сыновья Иерахмеила, первенца Есромова, были: первенец Рам, за ним Вуна, Орен, Оцем и Ахия.
26 Yerameel srɔ̃ evelia, Atara, dzi Onam.
Была у Иерахмеила и другая жена, имя ее Афара; она мать Онама.
27 Ram ƒe viwoe nye Maaz, Yamin kple Eker.
Сыновья Рама, первенца Иерахмеилова, были: Маац, Иамин и Екер.
28 Onam ƒe viwoe nye Samai kple Yada. Samai dzi Nadab kple Abisur.
Сыновья Онама были: Шаммай и Иада. Сыновья Шаммая: Надав и Авишур.
29 Abisur kple srɔ̃a Abihail dzi Aban kple Molid.
Имя жене Авишуровой Авихаиль, и она родила ему Ахбана и Молида.
30 Nadab ƒe viwoe nye Seled kple Apaim. Seled medzi vi aɖeke hafi ku o.
Сыновья Надава: Селед и Афаим. И умер Селед бездетным.
31 Apaim ƒe vie nye Isi, ame si dzi Sesan eye eya hã dzi Ahlai.
Сын Афаима: Иший. Сын Ишия: Шешан. Сын Шешана: Ахлай.
32 Samai nɔvi dzi ŋutsuvi eve: Yeter kple Yonatan. Yeter medzi vi aɖeke hafi ku o,
Сыновья Иады, брата Шаммаева: Иефер и Ионафан. Иефер умер бездетным.
33 ke Yonatan dzi vi eve: Pelet kple Zaza. Ame siawoe nye Yerameel ƒe viwo.
Сыновья Ионафана: Пелеф и Заза. Это сыновья Иерахмеила.
34 Viŋutsu aɖeke menɔ Sesan si o; vinyɔnuwo koe nɔ esi. Egipte dɔlaŋutsu aɖe nɔ esi; eŋkɔe nye Yarha.
У Шешана не было сыновей, а только дочери. У Шешана был раб, Египтянин, имя его Иарха;
35 Sesan tsɔ via nyɔnu na eƒe dɔlaŋutsu, Yarha, wòɖe eye wodzi Atai.
Шешан отдал дочь свою Иархе рабу своему в жену: и она родила ему Аттая.
36 Atai dzi Natan, ame si dzi Zabad,
Аттай родил Нафана, Нафан родил Завада;
37 ame si dzi Eflal, ame si dzi Obed,
Завад родил Ефлала, Ефлал родил Овида;
38 ame si dzi Yehu, ame si dzi Azaria.
Овид родил Иеуя, Иеуй родил Азарию;
39 Azaria dzi Helez, ame si dzi Eleasa,
Азария родил Хелеца, Хелец родил Елеасу;
40 ame si dzi Sismai, ame si dzi Salum.
Елеаса родил Сисмая, Сисмай родил Саллума;
41 Salum dzi Yekamia ame si dzi Elisama.
Саллум родил Иекамию, Иекамия родил Елишаму.
42 Kaleb, Yerameel nɔvi ƒe vi tsitsitɔe nye Mesa, ame si dzi Zif, ame si dzi Maresa, ame si dzi Hebron.
Сыновья Халева, брата Иерахмеилова: Меша, первенец его, - он отец Зифа; и сыновья Мареши, отца Хеврона.
43 Hebron ƒe viwoe nye Korah, Tapua, Rekem kple Sema.
Сыновья Хеврона: Корей и Таппуах, и Рекем и Шема.
44 Sema dzi Raham ame si dzi Yorkeam. Rekem dzi Samai.
Шема родил Рахама, отца Иоркеамова, а Рекем родил Шаммая.
45 Samai dzi Maon eye Maon dzi Bet Zur.
Сын Шаммая Маон, а Маон - отец Беф-Цура.
46 Kaleb kple eƒe ahiãvi, Efa, wodzi Haran, Moza kple Gazez. Haran dzi Gazez.
И Ефа, наложница Халевова, родила Харана, Моцу и Газеза. И Харан родил Газеза.
47 Yahdai dzi Regem, Yotam, Gesan, Pelet, Efa kple Saaf.
Сыновья Иегдая: Регем, Иофам, Гешан, Пелет, Ефа и Шааф.
48 Kaleb ƒe ahiãvi, Maaka, dzi Seber kple Tirhana.
Наложница Халевова, Мааха, родила Шевера и Фирхану;
49 Egadzi Saaf, ame si nye Madmana fofo kple Seva, Makbena fofo kple Gibea. Kaleb ƒe vinyɔnue nye Aksa.
она же родила Шаафа, отца Мадманны, Шеву, отца Махбены и отца Гивеи. Дочь же Халева - Ахса.
50 Hur, ame si nye Kaleb kple Efrata ƒe vi tsitsitɔ la, dzi Sobal, Kiriat Yearim fofo,
Вот сыновья Халева: сын Хур, первенец Ефрафы; Шовал, отец Кириаф-Иарима;
51 Salma, Betlehem fofo kple Haref, Bet Gader fofo.
Салма, отец Вифлеема; Хареф, отец Бефгадера.
52 Sobal ƒe viwoe nye Kiriat Yearim kple Haroe, ame si ƒe dzidzimeviwoe nye Menuhot tɔwo ƒe afã.
У Шовала, отца Кириаф-Иарима, были сыновья: Гарое, Хаци, Галменюхот.
53 Kiriat Yearim ƒe dzidzimeviwoe nye Yatiritɔwo, Putitɔwo, Sumatitɔwo kple Misraitɔwo, ame siwo me Zoratitɔwo kple Estaolitɔwo do tso.
Племена Кириаф-Иарима: Ифрияне, Футияне, Шумафане и Мидраитяне. От сих произошли Цоряне и Ештаоляне.
54 Salma ƒe viwoe nye: Betlehem, Netofatitɔwo, Atrot Bet Yoab, Manahatitɔwo ƒe afã kple Zoritɔwo,
Сыновья Салмы: Вифлеемляне и Нетофафяне, венец дома Иоавова и половина Менухотян - Цоряне,
55 agbalẽŋlɔlawo ƒe ƒome siwo nɔ Yabez: Tiratitɔwo, Imeatitɔwo kple Sukatitɔwo. Ame siawo katã nye Kenitɔwo eye wodzɔ tso Hamat me, ame si nye Rekab ƒe ƒome la fofo.
и племена Соферийцев, живших в Иабеце, Тирейцы, Шимейцы, Сухайцы: это Кинеяне, происшедшие от Хамафа, отца Бетрехава.