< Kronika 1 19 >

1 Esi ɣeyiɣiawo va le yiyim la, Amonitɔwo ƒe fia, Nahas, ku eye Via ŋutsu ɖu fia ɖe eteƒe.
It came about later that Nahash, king of the people of Ammon, died, and that his son became king in his place.
2 David ɖo be, “Manyo dɔme na Hanun, Nahas ƒe vi elabena fofoa nyo dɔme nam.” Ale David dɔ amewo ɖa be woado babaa na Hanun le fofoa ƒe ku ta. Esi David ƒe amewo va tu Hanun le Amonitɔwo ƒe anyigba dzi be yewoado babaa nɛ la,
David said, “I will show kindness to Hanun son of Nahash, because his father showed kindness to me.” So David sent messengers to console him concerning his father. David's servants entered the land of the Ammonites and went to Hanun, in order to console him.
3 Amonitɔwo ƒe amegãwo gblɔ na Hanun be, “Ɖe nèbu be David le bubu dem ye fofo ŋu to ame siawo dɔdɔ ɖe gbɔwò be woado babaa na wò mea? Menye ɖe ame siawo va be yewoatsa ŋku le anyigba la dzi eye yewoaho aʋa ɖe eŋu oa?”
But the Ammonite princes said to Hanun, “Do you think that David is honoring your father because he has sent men to comfort you? Do not his servants come to you to explore and examine the land in order to overthrow it?”
4 Nu sia na Fia Hanun lé Fia David ƒe amewo. Ena wolũ ge na wo eye wolã woƒe awuwo le woƒe agɔnu ale be woɖe amama ɖe agɔnu eye wòdo mɔ wo.
So Hanun seized David's servants, shaved them, cut off their garments to the waist, up to their buttocks, and sent them away.
5 Ke esi wova gblɔ ŋutsuawo ŋu nya na David la, edɔ amewo woɖakpe ŋutsuawo kple gbedeasi be woatsi Yeriko va se ɖe esime woƒe ge nato elabena wodo ŋukpe wo ŋutɔ.
When they explained this to David, he sent to meet with them, for the men were deeply ashamed. The king said, “Stay at Jericho until your beards have grown back, and then return.”
6 Esi Amonitɔwo kpɔ be yewozu David ƒe ketɔwo la, Hanun kple Amonitɔwo tsɔ klosaloga kilogram akpe blaetɔ̃ vɔ ade be woaɖada aʋatasiaɖamwo kple wo dolawo tso Aram Naharaim, Aram Maaka kple Zoba.
When the Ammonites saw that they had become a stench to David, Hanun and the Ammonites sent a thousand talents of silver to hire Aramean chariots and horsemen from Naharaim, Maacah, and Zobah.
7 Woda tasiaɖam akpe blaetɔ̃-vɔ-eve kple wo dolawo. Nenema ke wotsɔ Maaka fia kple eƒe aʋakɔ blibo la, ame siwo va ƒu asaɖa anyi ɖe Medeba gbɔ, esime woyɔ Amonitɔwo ƒo ƒu tso woƒe duwo me eye wodo yi aʋakpeƒe.
They hired thirty-two thousand chariots and the king of Maacah and his army, who came and encamped before Medeba. Then the Ammonites gathered themselves together from their cities and came out to battle.
8 Esi David se nya sia la, eɖo Yoab kple aʋakɔ blibo la ɖa.
When David heard of it, he sent Joab and his entire army to meet them.
9 Amonitɔwo do go va woƒe dua ƒe agbo nu hena aʋawɔwɔ, eye fia siwo va la le aʋagbedzi wo tɔ wo tɔe.
The people of Ammon came out and lined up for battle at the city gate, while the kings who had come were by themselves in the field.
10 Yoab kpɔ be wodze aʋa ɖe ye ŋgɔ kple ye megbe siaa eya ta etia Israel ƒe asrafo siwo bi ɖe aʋawɔwɔ me eye wòna woɖakpe aʋa kple Aramtɔwo.
When Joab saw the battle lines facing him both in front and behind, he chose some of Israel's best fighters and arranged them against the Arameans.
11 Ena akpa evelia si nɔ nɔvia Abisai ƒe kpɔkplɔ te la kpe aʋa kple Amonitɔwo.
As for the rest of the army, he gave it into the command of Abishai his brother, and he put them into battle lines against the army of Ammon.
12 Yoab gblɔ na nɔvia be, “Ne Aramtɔwo sẽ nam akpa la, nàva kpe ɖe ŋunye, ke ne Amonitɔwo sẽ na wò akpa la, mava kpe ɖe ŋuwò.
Joab said, “If the Arameans are too strong for me, then you, Abishai, must rescue me. But if the army of Ammon is too strong for you, then I will come and rescue you.
13 “Lé dzi ɖe ƒo, eye na míawɔ aʋa la kalẽtɔe na míaƒe dukɔ kple míaƒe Mawu la ƒe duwo. Yehowa awɔ nu si nyo le eŋkume.”
Be strong, and let us show ourselves to be strong for our people and for the cities of our God, for Yahweh will do what is good in his eyes.”
14 Tete Yoab kple eƒe aʋakɔwo lũ ɖe Aramtɔwo dzi be woakpe aʋa kpli wo eye Aramtɔwo si le wo nu.
So Joab and the soldiers of his army advanced to the battle against the Arameans, who were forced to flee before the army of Israel.
15 Esi Amonitɔwo kpɔ be Aramtɔwo nɔ sisim la, woawo hã lé du tsɔ le nɔvia Abisai ŋgɔ eye woɖage ɖe du la me eya ta Yoab trɔ dzo yi Yerusalem.
When the army of Ammon saw that the Arameans had fled, they also fled from Joab's brother Abishai and went back into the city. Then Joab returned from the people of Ammon and went back to Jerusalem.
16 Esime Aramtɔwo kpɔ be Israelviwo ɖu yewo dzi la, wodɔ amewo be woadi aʋawɔla bubuwo tso Ufrates tɔsisi la godo eye wonɔ Sofak, Fia Hadadezer ƒe aʋafia gã ƒe kpɔkplɔ te.
When the Arameans saw that they were being defeated by Israel, they sent for reinforcements from beyond the Euphrates River, with Shophak the commander of Hadadezer's army.
17 Esi wogblɔ nya sia na David la, eƒo Israel blibo la nu ƒu, tso Yɔdan eye wodze aʋa ɖe wo ŋu. David ho aʋa ɖe Aramtɔwo ŋu eye Aramtɔwo wɔ aʋa kplii.
When David was told this, he gathered all Israel together, crossed the Jordan, and came upon them. He arranged the army for battle against the Arameans, and they fought him.
18 Ke Aramtɔwo si le Israel nu eye David wu woƒe tasiaɖamŋusɔdola akpe adre kple asrafo afɔzɔla akpe blaene. Ewu woƒe aʋafia Sofak hã.
The Arameans fled from Israel, and David killed seven thousand Aramean charioteers and forty thousand foot soldiers. He also killed Shophak, the commander of the army.
19 Esi Hadadezer ƒe amewo kpɔ be Israel si yewo la, wowɔ ŋutifafa kple David eye wozu etenɔlawo. Tso esia dzi la, Aramtɔwo megakpe ɖe Amonviwo ŋu le woƒe aʋawɔwɔ me kpɔ o.
When all the kings who were servants of Hadadezer saw that they were defeated by Israel, they made peace with David and served them. So the people of Aram were no longer willing to help the Ammonites.

< Kronika 1 19 >