< Kronika 1 16 >
1 Ale wotsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la yi Agbadɔ si David tu nɛ la me. Israel kplɔlawo sa numevɔ kple akpedavɔ le Mawu ŋkume.
So they brought the ark of God and placed it inside the tent that David had pitched for it. And they presented burnt offerings and peace offerings before God.
2 Esi David sa numevɔ kple akpedavɔ vɔ la, eyra ameawo le Yehowa ƒe ŋkɔ me
When David had finished sacrificing the burnt offerings and peace offerings, he blessed the people in the name of the LORD.
3 eye wòtsɔ abolo, lãkɔ kple waintsetsebolo na Israelvi ɖe sia ɖe, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa.
Then he distributed to every man and woman of Israel a loaf of bread, a date cake, and a raisin cake.
4 Etia Levitɔ aɖewo be woanɔ nublaɖaka la ŋgɔ anɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu la kafum, anɔ akpe dam nɛ eye woanɔ eƒe yayra biam ɖe amewo dzi madzudzɔmadzudzɔe. Ame siwo wode dɔ sia asi na la woe nye:
David appointed some of the Levites to minister before the ark of the LORD, to celebrate, to give thanks, and to praise the LORD, the God of Israel.
5 Asaf, ameawo ƒe kplɔla, eyae ƒoa gakogoe. Eƒe hadɔwɔlawoe nye: Zekaria, Yeiel, Semiramɔt, Yehiel, Matitia, Eliab, Benaya, Obed Edom kple Yeiel. Woawoe ƒoa saŋkuwo kple kasaŋkuwo.
Asaph was the chief, Zechariah was second, then Jeiel, Shemiramoth, Jehiel, Mattithiah, Eliab, Benaiah, Obed-edom, and Jeiel. They were to play the harps and lyres, while Asaph sounded the cymbals
6 Nunɔla Benaya kple Nunɔla Yahaziel kua kpẽ le nubablaɖaka la ŋgɔ gbe sia gbe.
and the priests Benaiah and Jahaziel blew the trumpets regularly before the ark of the covenant of God.
7 Ɣe ma ɣie David dze hadzilawo ŋu dɔ wɔwɔ gɔme le Agbadɔ la me be woadzi akpedaha na Yehowa. Ame si nɔ hadzilawo nue nye Asaf.
On that day David first committed to Asaph and his brothers this song of thanksgiving to the LORD:
8 Wodzi ha be: Mida akpe na Yehowa Miyɔ eƒe ŋkɔ eye miɖe gbeƒã nu siwo wòwɔ la le dukɔwo dome.
“Give thanks to the LORD; call upon His name; make known His deeds among the nations.
9 Midzi ha nɛ, midzi kafukafuha nɛ, Miɖe gbeƒã eƒe nukunuwɔwɔwo;
Sing to Him, sing praises to Him; tell of all His wonders.
10 Miƒo adegbe le eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ŋu, mina ame siwo dia Yehowa la ƒe dzi natso aseye.
Glory in His holy name; let the hearts of those who seek the LORD rejoice.
11 Midi Yehowa, mibia eƒe ŋusẽ, Midi eƒe ŋkume ɖaa.
Seek out the LORD and His strength; seek His face always.
12 Miɖo ŋku nukunu siwo wòwɔ, eƒe dzesiwo kple eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo dzi.
Remember the wonders He has done, His marvels, and the judgments He has pronounced,
13 O Israel, eƒe dɔla ƒe dzidzimeviwo, O Yakob ƒe viwo, ame siwo wòtia.
O offspring of His servant Israel, O sons of Jacob, His chosen ones.
14 Eyae nye Yehowa, míaƒe Mawu! Eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ xɔ anyigba la katã dzi.
He is the LORD our God; His judgments carry throughout the earth.
15 Eɖoa ŋku eƒe nubabla kple se siwo wòde na dzidzime akpewo la dzi ɖaa,
Remember His covenant forever, the word He ordained for a thousand generations—
16 Eƒe nu si wòbla kple Abraham, kple atam si wòka na Isak la dzi.
the covenant He made with Abraham, and the oath He swore to Isaac.
17 Eɖo kpe edzi na Yakob Abe sedede ene eye na Israel abe nubabla mavɔ ene be:
He confirmed it to Jacob as a decree, to Israel as an everlasting covenant:
18 “Wòe matsɔ Kanaanyigba la na, abe wò domenyinu ene!”
‘I will give you the land of Canaan as the portion of your inheritance.’
19 Esi wonye ame ʋɛ aɖewo ko, Womesɔ gbɔ o eye wonye amedzrowo le anyigba dzi la,
When they were few in number, few indeed, and strangers in the land,
20 Esime wotsa tso dukɔ me yi dukɔ me Tso fiaɖuƒe ɖeka me yi bubu me la,
they wandered from nation to nation, from one kingdom to another.
21 Yehowa meɖe mɔ be ame aɖeke nate wo ɖe anyi o Eka mo na fiawo le wo ta
He let no man oppress them; He rebuked kings on their behalf:
22 Mawu gblɔ na fia mawo be, “Migaka asi nye amesiaminawo o eye migawɔ nuvevi nye nyagblɔɖilawo o.”
‘Do not touch My anointed ones! Do no harm to My prophets!’
23 Oo, anyigba, midzi ha na Yehowa, Miɖe gbeƒã eƒe xɔxɔ le dukɔwo dome gbe sia gbe,
Sing to the LORD, all the earth. Proclaim His salvation day after day.
24 Miɖe eƒe Ŋutikɔkɔefia le dukɔwo dome kple eƒe nukudɔwo fia le anyigbadzitɔwo katã dome.
Declare His glory among the nations, His wonderful deeds among all peoples.
25 Elabena Yehowa lolo eye wòdze kafukafu ŋutɔ; ele be woavɔ̃e wu mawuwo katã.
For great is the LORD, and greatly to be praised; He is to be feared above all gods.
26 Dukɔwo ƒe mawuwo nye legbawo. Ke Yehowae wɔ dziƒowo.
For all the gods of the nations are idols, but it is the LORD who made the heavens.
27 Atsyɔ̃ kple gãnyenye le eŋgɔ eye ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe le eƒe kɔkɔeƒe la me.
Splendor and majesty are before Him; strength and joy fill His dwelling.
28 O mi dukɔwo ƒe ƒomewo, mitsɔ bubu kple ŋusẽ na Yehowa.
Ascribe to the LORD, O families of the nations, ascribe to the LORD glory and strength.
29 Ɛ̃, mitsɔ ŋutikɔkɔe si dze eƒe ŋkɔ la nɛ. Mido ɖe eŋkume kple nunana. Misubɔ Yehowa le eƒe kɔkɔenyenye ƒe atyɔ̃ me.
Ascribe to the LORD the glory due His name; bring an offering and come before Him. Worship the LORD in the splendor of His holiness;
30 Mi anyigbawo katã, midzo nyanyanya le eŋkume. Eɖo xexea gɔme anyi goŋgoŋgoŋ, mate ŋu aʋã o.
tremble before Him, all the earth. The world is firmly established; it cannot be moved.
31 Dziƒowo, mitso aseye, anyigba nedzɔ dzi. Wonegblɔ le dukɔwo dome be, “Yehowae le fia ɖum.”
Let the heavens be glad, and the earth rejoice. Let them say among the nations, ‘The LORD reigns!’
32 Atsiaƒu kple emenuwo katã neɖe gbe eye gbegbe kple emenuwo katã netso aseye!
Let the sea resound, and all that fills it; let the fields exult, and all that is in them.
33 Ekema avemetiwo katã adzi ha Woadzi ha kple dzidzɔ le Yehowa ŋkume, Elabena egbɔna be yeadrɔ̃ ʋɔnu anyigba.
Then the trees of the forest will sing for joy before the LORD, for He is coming to judge the earth.
34 Mida akpe na Yehowa elabena eƒe dɔme nyo Eye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.
Give thanks to the LORD, for He is good; His loving devotion endures forever.
35 Mido ɣli be, “Oo Mawu, mia Ɖela, ɖe mí, Ƒo mía nu ƒu eye nàɖe mí tso dukɔwo ƒe asi me. Be míada akpe na wò ŋkɔ kɔkɔe la, Be míadzɔ dzi le wò kafukafu me.”
Then cry out: ‘Save us, O God of our salvation; gather and deliver us from the nations, that we may give thanks to Your holy name, that we may glory in Your praise.’
36 Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu la Tso mavɔ me yi mavɔ me. Tete ameawo katã xɔ ɖe edzi be, “Amen, mikafu Yehowa.”
Blessed be the LORD, the God of Israel, from everlasting to everlasting.” Then all the people said, “Amen!” and “Praise the LORD!”
37 David tia Asaf kple nɔvia Levitɔwo be woawɔ subɔsubɔdɔ ɣe sia ɣi le Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ eye woawɔ nu sia nu si hiã na wɔwɔ la gbe sia gbe.
So David left Asaph and his brothers there before the ark of the covenant of the LORD, to minister there regularly according to the daily requirements,
38 Ame siwo wode dɔ sia asi na la, woe nye: Obed Edom, Yedutun ƒe vi, Hosa kple wo nɔvi blaade-vɔ-enyi, ame siwo nye agbonudzɔlawo.
along with Obed-edom and his sixty-eight relatives. Obed-edom son of Jeduthun, and also Hosah, were to be gatekeepers.
39 Wogawɔa Yehowa ƒe Agbadɔ xoxo si nɔ Gibeon to la dzi la ŋu dɔ. David gble Nunɔla Zadok kple Nunɔla bubuawo ɖi be woasubɔ Yehowa le afi ma.
And David left Zadok the priest and his fellow priests before the tabernacle of the LORD at the high place in Gibeon
40 Wosa numevɔ na Yehowa ŋdi sia ŋdi, fiẽ sia fiẽ le numevɔsamlekpui la dzi abe ale si Yehowa ɖo na Israel ene.
to regularly present burnt offerings to the LORD on the altar of burnt offerings, morning and evening, according to all that was written in the Law of the LORD, which He had commanded Israel to keep.
41 David gatia Heman kple Yedutun kple ame bubu aɖewo, ame siwo ŋkɔwo wode dzesi la be woada akpe na Yehowa le eƒe lɔlɔ̃ kple amenuveve si li ɖaa la ta.
With them were Heman, Jeduthun, and the rest of those chosen and designated by name to give thanks to the LORD, for “His loving devotion endures forever.”
42 Heman kple Yedutun kua woƒe kpẽwo eye woƒoa woƒe gakogoewo kpena ɖe hadzidzi ŋu eye kafukafu dea dzi na Yehowa bobobo. Wotia Yedutun ƒe viwo wozu agbonudzɔlawo.
Heman and Jeduthun had with them trumpets and cymbals for the music and instruments for the songs of God. And the sons of Jeduthun were stationed at the gate.
43 Esi aseyetsotso la wu enu eye ame sia ame trɔ yi eƒe aƒe me la, David hã trɔ yi eƒe aƒe me eye wòyra eƒe aƒemetɔwo.
Then all the people departed for their homes, and David returned home to bless his household.