< Kronika 1 14 >

1 Azɔ la, Hiram, Tiro fia dɔ dɔlawo ɖo ɖe David. Etsɔ sedatiwo, gliɖolawo kple atikpalawo kpe ɖe wo ŋuti be woatu fiasã nɛ.
Hiram, roi de Tyr, envoya des messagers à David, et du bois de cèdre, et des tailleurs de pierres et des charpentiers, pour lui bâtir une maison.
2 Azɔ David nya nu si ta Mawu ɖoe fiae na Israel eye wòna eƒe fiaɖuƒe keke ta. Nu tɔxɛ aɖe tae, eyae nye be wòado dzidzɔ na Mawu ƒe amewo.
David reconnut que l’Éternel l’affermissait comme roi d’Israël, et que son royaume était haut élevé, à cause de son peuple d’Israël.
3 Esi David ʋu yi Yerusalem la, egaɖe srɔ̃ aɖewo eye wòdzi viŋutsu kple vinyɔnu geɖewo.
David prit encore des femmes à Jérusalem, et il engendra encore des fils et des filles.
4 Vi siwo wodzi na Fia David le Yerusalem la ƒe ŋkɔwoe nye: Samua, Sobab, Natan, Solomo,
Voici les noms de ceux qui lui naquirent à Jérusalem: Schammua, Schobab, Nathan, Salomon,
5 Ibhar, Elisua, Elpelet,
Jibhar, Élischua, Elphéleth,
6 Noga, Nefeg, Yafia,
Noga, Népheg, Japhia,
7 Elisama, Beeliada kple Elifelet.
Élischama, Beéliada et Éliphéleth.
8 Esi Filistitɔwo se be David zu Israel fia yeyea la, woƒo ƒu aʋakɔ aɖe nu be yewoayi aɖalée. Ke David se be wogbɔna la, eho yi wo kpe ge.
Les Philistins apprirent que David avait été oint pour roi sur tout Israël, et ils montèrent tous à sa recherche. David, qui en fut informé, sortit au-devant d’eux.
9 Filistitɔwo nɔ nuwo ham le Refaim balime.
Les Philistins arrivèrent, et se répandirent dans la vallée des Rephaïm.
10 David bia Mawu be, “Mayi aɖawɔ aʋa kpli woa? Ɖe nàtsɔ wo ade asi nama?” Yehowa ɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, yi, matsɔ wo ade asi na wò.”
David consulta Dieu, en disant: Monterai-je contre les Philistins, et les livreras-tu entre mes mains? Et l’Éternel lui dit: Monte, et je les livrerai entre tes mains.
11 Ale David kple eƒe aʋakɔ la yi ɖadze Filistitɔwo dzi le Baal Perazim eye wòtsrɔ̃ wo. Egblɔ be, “Mawu to dzinye kplɔ nye futɔwo dzoe abe ale si tsi ŋɔna tso tsixaɖoƒe ene!” Esia ta wòna ŋkɔ teƒe la tso ɣe ma ɣi be, “Baal Perazim” si gɔmee nye, “Aƒetɔ si gba go.”
Ils montèrent à Baal-Peratsim, où David les battit. Puis il dit: Dieu a dispersé mes ennemis par ma main, comme des eaux qui s’écoulent. C’est pourquoi l’on a donné à ce lieu le nom de Baal-Peratsim.
12 Le aʋakpekpe sia megbe la, Filistitɔwo gblẽ woƒe legbawo ɖe anyi, ke David ɖe gbe eye wotɔ dzo wo katã.
Ils laissèrent là leurs dieux, qui furent brûlés au feu d’après l’ordre de David.
13 Emegbe la, Filistitɔwo gava kaka ɖe balime la me.
Les Philistins se répandirent de nouveau dans la vallée.
14 David gabia nu si wòawɔ la Mawu eye Mawu ɖo eŋu nɛ be, “Mègaho dze wo yome me o, ke boŋ trɔ ɖa le wo ŋu eye nàva tu wo le balsamtiawo gbɔ.
David consulta encore Dieu. Et Dieu lui dit: Tu ne monteras pas après eux; détourne-toi d’eux, et tu arriveras sur eux vis-à-vis des mûriers.
15 Ne èse gbeɖiɖi aɖe le atiawo tame abe asrafowoe le azɔli zɔm ene la, ekema nàdze wo dzi elabena esia afia be, Mawu dze ŋgɔ na wò be nàtsrɔ̃ Filistitɔwo ƒe aʋakɔwo.”
Quand tu entendras un bruit de pas dans les cimes des mûriers, alors tu sortiras pour combattre, car c’est Dieu qui marche devant toi pour battre l’armée des Philistins.
16 Ale David wɔ nu si Mawu ɖo nɛ eye wòsi Filistitɔwo ƒe aʋakɔ la tso keke Gibeon va se ɖe Gezer.
David fit ce que Dieu lui avait ordonné, et l’armée des Philistins fut battue depuis Gabaon jusqu’à Guézer.
17 David ƒe ŋkɔ de dzi le afi sia afi eye Yehowa na be dukɔwo katã navɔ̃e.
La renommée de David se répandit dans tous les pays, et l’Éternel le rendit redoutable à toutes les nations.

< Kronika 1 14 >