< Kronika 1 13 >

1 David de aɖaŋu kple eƒe aʋafiawo kple asrafo akpewo kple alafawo nunɔlawo.
茲にダビデ千人の長百人の長などの諸將とあひ議り
2 Emegbe la, egblɔ na Israel ha blibo la be, “Nenye be edze mia ŋu eye wònye Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe lɔlɔ̃nu la, mina míaɖo du ɖe kpuiƒe kple didiƒe siaa ɖe mía nɔvi mamlɛ siwo le Israel ƒe anyigbawo katã dzi. Nenema ke míaɖo du ɖe nunɔlawo kple Levitɔwo, ame siwo nɔ anyi kpli wo le woƒe duwo kple lãnyiƒewo me be woava kpe ɖe mía ŋu.
而してダビデ、イスラエルの全會衆に言けるは汝らもし之を善とし我らの神ヱホバこれを允したまはば我ら徧く人を遣してイスラエルの各地に留まれる我らの兄弟ならびにその諸郊地の邑々にをる祭司とレビ人とに至らせ之をして我らの所に集まらしめん
3 Mina míaɖatsɔ míaƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la va mía gbɔe elabena míebia eta le Saul ƒe fiaɖuɖu ƒe ɣeyiɣiwo me o.”
而して我らまた我らの神の契約の櫃を我らの所に移さんサウルの世には我ら之に就て詢ことをせざりしなりと
4 Ame sia ame lɔ̃ ɖe nya sia dzi enumake elabena nya la dze wo ŋu.
會衆みな然すべしと言り其は民みな此事を善と觀たればなり
5 Ale David yɔ Israelviwo katã tso Sihor tɔsisi le Egipte ŋu va se ɖe Hamat ƒe mɔnu ale be woanɔ anyi hafi woatsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la vɛ tso Kiriat Yearim.
是においてダピデはキリアテヤリムより神の契約の櫃を舁きたらんとてエジプトのジホルよりハマテの入口までのイスラエル人をことごとく召あつめ
6 Ale Fia David kple Israel dukɔ blibo la yi Baala, si nye Kiriat Yearim le Yuda be yewoatsɔ Mawu Yehowa ƒe nubablaɖaka si woda ɖe kerubiwo tame la vɛ.
而してダビデ、イスラエルの一切の人とともにバアラといふユダのキリアテヤリムに上り往きケルビムの上に坐したまふヱホバ神の名をもて稱らるる契約の櫃を其處より舁のぼらんとし
7 Wotsɔe da ɖe tasiaɖam yeye aɖe dzi tso Abinadab ƒe aƒe me. Uza kple Ahio kplɔ nyiawo.
乃ち神の契約の櫃を新しき車に載てアビナダブの家より牽いだしウザとアヒオその車を御せり
8 David kple Israel ƒe aƒe blibo la katã nɔ dzidzɔ kpɔm, nɔ ɣe ɖum kple woƒe ŋusẽ katã le Mawu ŋkume. Wonɔ ha dzim ɖe saŋkuwo, kasaŋkuwo, asiʋuiwo, gakogoewo kple kpẽwo ƒe ɖiɖi ŋu.
ダビデおよびイスラエルの人はみな歌と琴と瑟と鼗鼓と鐃鈸と喇叭などを以て力をきはめ歌をうたひて神の前に踊れり
9 Ke esi woɖo lugbɔƒe le Kidon la, Uza do asi ɖa be yeadzɔ nubablaɖaka la elabena nyiawo ƒe afɔwo kli nu.
かくてキドンの禾場に至れる時ウザ手を神の契約の櫃に伸してこれを扶へたり其は牛これを振たればなり
10 Tete Yehowa do dɔmedzoe ɖe Uza ŋu eye wòwui ɖe esi wòka asi nubablaɖaka la ŋu ta. Ale Uza ku ɖe afi ma le Mawu ƒe ŋkume.
ウザその手を伸て契約の櫃につけたるによりてヱホバこれに向ひて忿怒を發してこれを撃たまびければ其處にて神の前に死り
11 David do dɔmedzoe ɖe Yehowa ŋu le nu si wòwɔ Uza la ta eye wòna ŋkɔ teƒe ma be, Perez Uza si, gɔmee nye, “Afi si wodo dɔmedzoe ɖe Uza ŋu le.” Ŋkɔ sia tsi teƒe la ŋu va se ɖe egbe.
ヱホバ、ウザを撃たまひしに因てダビデ怒れり其處は今日までペレヅウザ(ウザ撃)と稱へらる
12 Azɔ David vɔ̃ Mawu eye wòbia be “Aleke mawɔ hafi ate ŋu atsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la ava aƒee?”
その日ダビデ神を畏れて言り我なんぞ神の契約の櫃を我所に舁ゆくべけんやと
13 Eya ta David metsɔ nubablaɖaka la va eɖokui gbɔ le David ƒe Du la me o, ke boŋ ekɔe yi ɖada ɖe Obed Edom, ame si tso Git la ƒe aƒe me.
ダビデその契約の櫃を己のところダビデの城邑にうつさず之を轉らしてガテ人オベデエドムの家に舁いらしめたり
14 Nubablaɖaka la nɔ afi ma le Obed Edom kple eƒe ƒometɔwo gbɔ ɣleti etɔ̃ eye Yehowa yra Obed Edom ƒe ƒome kple nu sia nu si le esi.
神の契約の櫃オベデエドムの家にありて其家族とともにおかかるること三月なりきヱホバ、オベデエドムの家とその一切の所有を祝福たまへり

< Kronika 1 13 >