< Kronika 1 12 >
1 Ame siawoe nye aʋawɔla siwo va kpe ɖe David ŋu le Ziklag esi wonyae le Saul, Kis ƒe vi la ƒe ŋkume. Woawoe nye kalẽtɔ siwo kpe ɖe eŋu le aʋawɔwɔ me.
大衛因怕基士的兒子掃羅,躲在洗革拉的時候,有勇士到他那裏幫助他打仗。
2 Wo katã lé aŋutrɔwo ɖe asi, wonye aŋutrɔdala kple akafodala nyuiwo eye wowɔa mia kple ɖusi siaa ŋu dɔ sɔsɔe. Wo katã wotso Benyamin ƒe to la me abe Saul ke ene.
他們善於拉弓,能用左右兩手甩石射箭,都是便雅憫人掃羅的族弟兄。
3 Ame siawo Nunɔlae nye Ahiezer kple Yoas, Semaa tso Gibea ƒe viŋutsuwo. Bubuwoe nye: Yeziel kple Pelet, Azmavet ƒe viwo, Beraka Yehu tso Anatɔt,
為首的是亞希以謝,其次是約阿施,都是基比亞人示瑪的兒子。還有亞斯瑪威的兒子耶薛和毗力,又有比拉迦,並亞拿突人耶戶,
4 Ismaya tso Gibeon, kalẽtɔ kple kplɔla na Ame Blaetɔ̃awo; Yeremia, Yahaziel, Yohanan, Yozabad tso Gederat,
基遍人以實買雅(他在三十人中是勇士,管理他們),且有耶利米、雅哈悉、約哈難,和基得拉人約撒拔、
5 Eluzai, Yerimot, Bealia, Semeria, Sefatia tso Haruf;
伊利烏賽、耶利摩、比亞利雅、示瑪利雅,哈律弗人示法提雅,
6 Elkana, Isia, Azarel, Yoezer kple Yasobeam, ame siwo katã nye Korah ƒe viwo;
可拉人以利加拿、耶西亞、亞薩列、約以謝、雅朔班,
7 Yoela kple Zebadia, Yeroham, ame siwo tso Gedor ƒe viŋutsuwo.
基多人耶羅罕的兒子猶拉和西巴第雅。
8 Aʋawɔla kalẽtɔ aɖewo siwo tso Gad ƒe viwo dome hã yi David gbɔ le gbedzi. Wowɔa akpoxɔnu kple akplɔ siaa ŋu dɔ nyuie. Woƒe mo le abe dzata tɔ ene eye woɖea abla abe zi ene le towo dzi.
迦得支派中有人到曠野的山寨投奔大衛,都是大能的勇士,能拿盾牌和槍的戰士。他們的面貌好像獅子,快跑如同山上的鹿。
9 Ezer nye woƒe tatɔ, Obadia nye evelia, etɔlia nye Eliab.
第一以薛,第二俄巴底雅,第三以利押,
10 Mismana nye enelia, Yeremia nye atɔ̃lia,
第四彌施瑪拿,第五耶利米,
11 Atai nye adelia, Eliel nye adrelia,
第六亞太,第七以利業,
12 enyiliae nye Yohanan; asiekeliae nye Elzabad;
第八約哈難,第九以利薩巴,
13 ewoliae nye Yeremia eye wuiɖekɛliae nye Makbanai.
第十耶利米,第十一末巴奈。
14 Gad ƒe vi siawoe nye aʋafiawo; ame alafa ɖeka mate ŋu anɔ te ɖe wo dometɔ gblɔetɔ nu o eye wo dometɔ sesẽtɔ ate ŋu anɔ te ɖe ame akpe nu.
這都是迦得人中的軍長,至小的能抵一百人,至大的能抵一千人。
15 Woawoe nye ame siwo tso Yɔdan tɔsisi la le dzinu gbãtɔ me esi wòɖɔ gbagba eye wonya ame siwo katã nɔ balia me la ɖe du nu. Ɖewo si to ɣedzeƒe eye ɖewo hã si to ɣetoɖoƒe.
正月,約旦河水漲過兩岸的時候,他們過河,使一切住平原的人東奔西逃。
16 Aʋawɔla bubuwo tso Benyamin ƒe viwo kple Yuda ƒe viwo dome ame siwo hã va de David dzi le eƒe mɔ sesẽ la me.
又有便雅憫和猶大人到山寨大衛那裏。
17 David yi ɖakpe wo eye wògblɔ na wo be, “Ne mieva le ŋutifafa me be yewoakpe ɖe ŋunye la, ekema mele klalo be mawɔ ɖeka kpli mi ke ne mieva be yewoadem asi na nye futɔwo, le esime nye asiwo mewɔ vɔ̃ aɖeke o la, ekema mía fofowo ƒe Mawu nakpɔe eye wòadrɔ̃ ʋɔnu mi.”
大衛出去迎接他們,對他們說:「你們若是和和平平地來幫助我,我心就與你們相契;你們若是將我這無罪的人賣在敵人手裏,願我們列祖的上帝察看責罰。」
18 Tete Mawu ƒe Gbɔgbɔ ɖiɖi ɖe Amasai, Ame Blaetɔ̃awo ƒe tatɔ dzi eye wògblɔ be, “Oo David, tɔwòwoe míenye! Oo Yese viŋutsu, míeli kpli wò! Ŋutifafa, ŋutifafa na wò eye ŋutifafa na ame siwo kpena ɖe ŋuwò, elabena wò Mawu la akpe ɖe ŋuwo.” Ale David xɔ wo eye wòtsɔ wo ɖo eƒe adzohawo nu.
那時上帝的靈感動那三十個勇士的首領亞瑪撒,他就說: 大衛啊,我們是歸於你的! 耶西的兒子啊,我們是幫助你的! 願你平平安安, 願幫助你的也都平安! 因為你的上帝幫助你。 大衛就收留他們,立他們作軍長。
19 Ŋutsu aɖewo tso Manase ƒe to la me ame siwo si va de David dzi esi wònɔ Filistitɔwo gbɔ be wòawɔ aʋa kple Saul. (Eya kple eƒe ameawo mekpe ɖe Filistitɔwo ŋu o elabena le aɖaŋudede megbe la, Filistitɔwo ƒe fiawo na wòtrɔ dzo. Wogblɔ be, “Woava tso ta le mía nu nenye be esi yi eƒe aƒetɔ Saul gbɔ.”)
大衛從前與非利士人同去,要與掃羅爭戰,有些瑪拿西人來投奔大衛,他們卻沒有幫助非利士人;因為非利士人的首領商議,打發他們回去,說:「恐怕大衛拿我們的首級,歸降他的主人掃羅。」
20 Manase ƒe vi siwo va kpe ɖe David ŋu esi wòyi Ziklag la woe nye: Adna, Yozabad, Yediael, Mikael, Yozabad, Elihu kple Ziletai. Ame siawo katã nye ame akpewo nunɔlawo le Manase.
大衛往洗革拉去的時候,有瑪拿西人的千夫長押拿、約撒拔、耶疊、米迦勒、約撒拔、以利戶、洗勒太都來投奔他。
21 Wokpe ɖe David ŋu wòɖu adzohawo dzi elabena wo katã wonye aʋawɔla kalẽtɔwo eye wonye aʋafiawo le eƒe asrafoha me.
這些人幫助大衛攻擊群賊;他們都是大能的勇士,且作軍長。
22 Tso ŋkeke yi ŋkeke la, ame geɖewo va kpe ɖe David ŋu va se ɖe esime aʋakɔ gã aɖe va ɖo esi, si le abe Mawu ƒe aʋakɔ ene.
那時天天有人來幫助大衛,以致成了大軍,如上帝的軍一樣。
23 Ame geɖewo va kpe ɖe David ŋu le Hebron eye wodi vevie be David naɖu fia ɖe Saul teƒe abe ale si Yehowa gblɔe do ŋgɔ ene. Ame siawoe nye:
預備打仗的兵來到希伯崙見大衛,要照着耶和華的話將掃羅的國位歸與大衛。他們的數目如下:
24 Ame akpe ade alafa enyi tso Yuda; woglã wo ɖokuiwo kple akpoxɔnuwo kple akplɔwo;
猶大支派,拿盾牌和槍預備打仗的有六千八百人。
25 aʋawɔla sesẽ akpe adre alafa ɖeka tso Simeon ƒe viwo dome;
西緬支派,能上陣大能的勇士有七千一百人。
26 ame akpe ene alafa ade tso Levi ƒe viwo dome.
利未支派有四千六百人。
27 Aron ƒe dzidzimeviwo ame akpe etɔ̃. Ame siwo nɔ Yehoiada ƒe kpɔkplɔ te la nye ame akpe etɔ̃ alafa adre
耶何耶大是亞倫家的首領,跟從他的有三千七百人。
28 Zadok kple eƒe ƒometɔ blaeve-vɔ-eve nye amegãwo le nunɔlawo dome.
還有少年大能的勇士撒督,同着他的有族長二十二人。
29 Ame akpe etɔ̃ tso Benyamin ƒe viwo, ame siwo me Saul dzɔ tso la dome. Benyamin ƒe vi geɖewo ganɔ Saul yome va se ɖe ɣe ma ɣi.
便雅憫支派,掃羅的族弟兄也有三千人,他們向來大半歸順掃羅家。
30 Aʋawɔla sesẽ akpe blaeve alafa enyi tso Efraim ƒe viwo dome; wo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ŋkɔ le eƒe hlɔ̃ me.
以法蓮支派大能的勇士,在本族著名的有二萬零八百人。
31 Woɖo ame akpe wuienyi ɖa tso Manase ƒe viwo ƒe afã me be woakpe ɖe David ŋu wòazu fia.
瑪拿西半支派,冊上有名的共一萬八千人,都來立大衛作王。
32 Kplɔla alafa eve kple woƒe ƒometɔwo tso Isaka ƒe viwo dome. Ame siawo nya nu si tututu dze be Israel nawɔ.
以薩迦支派,有二百族長都通達時務,知道以色列人所當行的;他們族弟兄都聽從他們的命令。
33 Ame akpe blaatɔ̃ tso Zebulon ƒe viwo dome. Wohe wo katã nyuie eye wonɔ David yome kple dzi blibo.
西布倫支派,能上陣用各樣兵器打仗、行伍整齊、不生二心的有五萬人。
34 Aʋamegã akpe ɖeka kple aʋawɔla akpe blaetɔ̃-vɔ-adre, ame siwo glã wo ɖokuiwo kple akpoxɔnu kple akplɔ la, tso Naftali ƒe viwo dome.
拿弗他利支派,有一千軍長;跟從他們、拿盾牌和槍的有三萬七千人。
35 Ame akpe blaeve-vɔ-enyi, alafa ade tso Dan ƒe viwo dome. Wo katã wodzra ɖo na aʋawɔwɔ.
但支派,能擺陣的有二萬八千六百人。
36 Ame akpe blaene tso Aser ƒe viwo dome. Wohe wo nyuie eye wonɔ klalo na aʋawɔwɔ.
亞設支派,能上陣打仗的有四萬人。
37 Ame akpe alafa ɖeka blaeve tso Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa kemɛ, afi si Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã nɔ. Woawo tsɔ aʋawɔnu ɖe sia ɖe ƒomevi ɖe asi.
約旦河東的呂便支派、迦得支派、瑪拿西半支派,拿着各樣兵器打仗的有十二萬人。
38 Ame siawo katã do aʋawɔwu heyi Hebron kple taɖodzinu ɖeka sia be David nazu Israel fia. Le nyateƒe me la, Israel blibo la nɔ klalo be David naɖu fia.
以上都是能守行伍的戰士,他們都誠心來到希伯崙,要立大衛作以色列的王。以色列其餘的人也都一心要立大衛作王。
39 Woɖu nu eye wono nu kple David ŋkeke etɔ̃ elabena wodzra ɖo na woƒe vava.
他們在那裏三日,與大衛一同吃喝,因為他們的族弟兄給他們預備了。
40 Kpuiƒetsolawo kple ame siwo tso didiƒe ke abe Isaka, Zebulon kple Naftali ene la tsɔ nuɖuɖu ɖe tedziwo, kposɔwo kple nyiwo dzi vɛ. Wotsɔ wɔ, akpɔnɔ, waintsetse, wain, ami, nyiwo kple alẽwo vɛ hena kplɔ̃ɖoɖo elabena dzidzɔ yɔ Israel ƒe anyigba blibo la dzi.
靠近他們的人以及以薩迦、西布倫、拿弗他利人將許多麵餅、無花果餅、乾葡萄、酒、油,用驢、駱駝、騾子、牛馱來,又帶了許多的牛和羊來,因為以色列人甚是歡樂。