< Kronika 1 11 >

1 Israel ha blibo la va ƒo ƒu ɖe David gbɔ le Hebron eye wogblɔ nɛ be, “Wò ŋutilã kple ʋue míenye.
Then all Israel came to David at Hebron and said, “Look, we are your flesh and bone.
2 Tsã esi Saul nye fia gɔ̃ hã la, wòe nye ame si kplɔ Israel le eƒe aʋawɔwɔ katã me eye Yehowa, wò Mawu, gblɔ na wò be, ‘Wòe akplɔ nye dukɔ, Israel eye wòe ava nye woƒe fia.’”
In the recent past, when Saul was king over us, it was you who led the Israelite army. Yahweh your God said to you, 'You will shepherd my people Israel, and you will become a ruler over my people Israel.'”
3 Esi Israel ƒe dumegãwo va kpe ta le Fia David gbɔ le Hebron la, ebla nu kpli wo le Yehowa ƒe ŋkume eye wosi ami na David heɖoe fiae ɖe Israel dzi abe ale si Yehowa gblɔ na Samuel ene.
So all the elders of Israel came to the king at Hebron, and David made a covenant with them before Yahweh. They anointed David king over Israel. In this way, the word of Yahweh that had been declared by Samuel came true.
4 Le esia megbe la, David kple Israel blibo la ho aʋa ɖe Yerusalem, du si woyɔna tsã be Yebus la ŋu. Yebusitɔwo nye ame siwo nye anyigba la dzi nɔla gbãtɔwo.
David and all Israel went to Jerusalem (that is, Jebus). Now the Jebusites, the inhabitants of the land, were there.
5 Wogblɔ na David be, “Màge ɖe afi sia o.” Ke David kple eƒe amewo ɖu wo dzi eye woxɔ Zion mɔ sesẽ la si woyɔna azɔ be, “David ƒe Du.”
The inhabitants of Jebus said to David, “You will not come in here.” But David took the stronghold of Zion, that is, the city of David.
6 David gblɔ be, “Ame sia ame si atre Yebusitɔwo sisi la, azu aʋafia.” Yoab, Zeruya ƒe viŋutsu dze Yebusitɔwo dzi gbã eye wòzu aʋafia la.
David had said, “Whoever attacks the Jebusites first will become chief and commander.” So Joab son of Zeruiah attacked first, so he was made the chief.
7 David nɔ mɔ la me eya ta woyɔa du la ƒe akpa ma be, David ƒe Du.
Then David began to live in the stronghold. So they called it the city of David.
8 Ekeke du la ɖe edzi ƒo xlã mɔ la le esime Yoab gbugbɔ Yerusalem ƒe akpa mamlɛa tu.
He built the city all around from the Millo and back to the surrounding wall. Joab restored the rest of the city.
9 David ƒe ŋkɔ kple ŋusẽ de dzi elabena Yehowa, Dziƒoʋĩtɔ la nɔ kplii.
David became greater and greater because Yahweh of hosts was with him.
10 David ƒe aʋawɔla xɔŋkɔtɔwo, ame siwo do ŋusẽ Israel ƒe kplɔlawo be woatsɔ David aɖo fiae abe ale si Yehowa gblɔ be ava eme ene la le ame etɔ̃.
These were the leaders David had, who showed themselves strong with him in his kingdom, together with all Israel, to make him king, obeying the word of Yahweh concerning Israel.
11 Wo dometɔ gbãtɔe nye Yasobeam, ŋutsu aɖe si tso Hakmon. Eyae nye Ame Sesẽ Etɔ̃awo, ame siwo nye aʋawɔla xɔŋkɔ etɔ̃awo le David ƒe aʋakɔ la me la kplɔla. Ewu ame alafa etɔ̃ kpɔ kple eƒe akplɔ le aʋakpekpe ɖeka me.
This is a list of David's mighty men: Jashobeam, the son of a Hachmonite, was commander of the officers. He killed three hundred men with his spear on one occasion.
12 Ame Sesẽ Etɔ̃awo dometɔ eveliae nye Eleazar, Dodai ƒe vi, ame si nye Ahohitɔ.
After him was Eleazar son of Dodo, the Ahohite, who was one of the three mighty men.
13 Enɔ David ŋu le aʋa si Israelviwo wɔ kple Filistitɔwo le Pas Damim la me. Lu le agble aɖe me fũ le afi ma. Ke Israel ƒe aʋawɔla bubuawo katã si le Filistitɔwo nu.
He was with David at Pas Dammim, and there the Philistines assembled together for battle, where there was a barley field and the army fled from the Philistines.
14 Ke wotɔ ɖe agble la titina, hexɔe eye wowu Filistitɔwo. Yehowa na woɖu dzi gã aɖe.
They stood in the middle of the field. They defended it and cut down the Philistines and Yahweh rescued them with a great victory.
15 Le ɣe bubu ɣi la, David ƒe aʋafia blaetɔ̃awo dometɔ etɔ̃ yi David gbɔ le esime wòbe ɖe agado aɖe me le Adulam. Filistitɔwo ƒu asaɖa anyi ɖe Refaim balime.
Then three of the thirty leaders went down to the rock to David, to the cave of Adullam. The army of the Philistines was camped in the Valley of Rephaim.
16 David nɔ mɔ la me eye Filistitɔwo ɖe aʋakɔ ɖo Betlehem le ɣe ma ɣi.
At that time David was in his stronghold, a cave, while the Philistines had established their camp at Bethlehem.
17 David gblɔ kple didi be, “Tsikɔ le wunyem vevie. Oo, ne ame aɖe aku tsi tso vudo si le Betlehem ƒe agbonu la me vɛ nam la anyo ŋutɔ.”
David was longing for water and said, “If only someone would give me water to drink from the well at Bethlehem, the well that is by the gate!”
18 Ke ame etɔ̃awo to Filistitɔwo dome, ku tsi tso vudo si te ɖe Betlehem ƒe agbo ŋu me yi na David. Ke David gbe meno tsi la o, ke boŋ etrɔe kɔ ɖi le Yehowa ƒe ŋkume.
So these three mighty men broke through the army of the Philistines and drew water out of the well of Bethlehem, the well at the gate. They took the water and brought it to David, but he refused to drink it. Instead, he poured it out to Yahweh.
19 Egblɔ be, “Mawu nana nu sia wɔwɔ nate ɖa xaa tso gbɔnye. Ɖe mano ŋutsu siawo, ame siwo de woƒe agbe ke la ƒe ʋua?” Esi wode woƒe agbe xaxa me be woaku tsi la vɛ nɛ ta la, David menoe o.
Then he said, “May it be that I should never do this! Should I drink the blood of these men who have risked their lives?” Because they had put their lives at risk, David refused to drink it. These were the deeds of the three mighty men.
20 Abisai, Yoab nɔvi nye amegã na ame etɔ̃awo. Etsɔ eƒe akplɔ wu futɔ alafa etɔ̃ kpɔ ale wòxɔ ŋkɔ abe ame etɔ̃awo ene.
Abishai brother of Joab was captain over the Three. He once used his spear against three hundred and killed them. He is mentioned along with the Three.
21 Eyae nye tatɔ kple ame xɔŋkɔ le Ŋutsu Sesẽ Etɔ̃awo dome eye wòzu woƒe kplɔla togbɔ be womebui ɖe wo dome o hã.
Of the Three, he was given double honor and became their captain, even though he was not one of them.
22 Benaya Yehoiada ƒe vi, ame si fofo nye aʋawɔla kalẽtɔ aɖe tso Kabzeel la, wu ame dzɔtsu xɔŋkɔ eve siwo nɔ Moab nyigba dzi. Emegbe la, egawu dzata le do aɖe me gbe si gbe sno dza.
Benaiah son of Jehoiada was a brave warrior from Kabzeel, who did great deeds. He killed the two sons of Ariel of Moab. He also went down into a pit and killed a lion on a day when the snow was falling.
23 Eye wòwu Egiptetɔ aɖe, ame si ƒe kɔkɔme anɔ mita eve kple afã. Togbɔ be Egiptetɔ la lé akplɔ si tri abe abaladoti ene ɖe asi hã la, Benaya lũ ɖe edzi kple kpo, dui le esi eye wòtsɔ Egiptetɔ la ŋutɔ ƒe akplɔ wui.
He even killed an Egyptian, a man five cubits tall. The Egyptian had a spear like a weaver's beam, but he went down to him with only a staff. He seized the spear out of the Egyptian's hand and killed him with his own spear.
24 Nu siawoe Benaya, Yehoiada ƒe vi wɔ. Eya hã xɔ ŋkɔ abe ame sesẽ etɔ̃awo ene.
Benaiah son of Jehoiada did these feats, and he was named alongside the three mighty men.
25 Wobunɛ wu ame xɔŋkɔ Blaetɔ̃awo dometɔ ɖe sia ɖe gake womedee ame Etɔ̃awo dome o. Ke David tsɔe ɖo eŋudzɔlawo nu.
He was more highly regarded than the thirty soldiers in general, but he was not regarded quite as highly as the three mighty men. Yet David put him in charge of his bodyguard.
26 Aʋawɔla xɔŋkɔ bubu siwo nɔ David ƒe aʋakɔ la me woe nye: Asahel, Yoab nɔvi; Elhanan, Dodo ƒe vi tso Betlehem;
The mighty men were Asahel brother of Joab, Elhanan son of Dodo of Bethlehem,
27 Samɔt Haroritɔ, Helez, Pelɔnitɔ,
Shammoth the Harorite, Helez the Pelonite,
28 Ira, Ikes ƒe vi tso Tekoa; Abiezer, tso Anatɔt;
Ira son of Ikkesh the Tekoite, Abiezer the Anathothite,
29 Sibekai tso Husat; Ilai Ahohitɔ;
Sibbekai the Hushathite, Ilai the Ahohite,
30 Maharai tso Netofat; Heled, Baana ƒe vi tso Netofat;
Maharai the Netophathite, Heled son of Baanah the Netophathite,
31 Itai, Ribai ƒe vi, Benyamin tso Gibea; Benaya tso Piratɔn;
Ithai son of Ribai of Gibeah of Benjamin's descendants, Benaiah the Pirathonite,
32 Hurai tso Gaas tɔʋu la gbɔ; Abiel tso Arbat;
Hurai of the valleys of Gaash, Abiel the Arbathite,
33 Azmavet tso Baharum; Eliahba tso Saalbɔn;
Azmaveth the Baharumite, Eliahba the Shaalbonite,
34 Hasem ƒe viwo tso Gizon; Yonatan, Sagee ƒe vi, tso Harar;
the sons of Hashem the Gizonite, Jonathan son of Shagee the Hararite,
35 Ahiam, Sakar ƒe vi, tso Harar; Elifal, Ur ƒe vi,
Ahiam son of Sakar the Hararite, Eliphal son of Ur,
36 Hefer tso Mekerat; Ahiya tso Pelɔn;
Hepher the Mekerathite, Ahijah the Pelonite,
37 Hezro tso Karmel; Naarai, Ezbai ƒe vi;
Hezro the Carmelite, Naarai son of Ezbai,
38 Yoel, Natan nɔvi; Mibhar, Hagri ƒe vi;
Joel brother of Nathan, Mibhar son of Hagri,
39 Zelek tso Amon, Naharai tso Beerot, ame si nye Zeruya vi, Yoab ƒe aʋawɔnuwo tsɔla;
Zelek the Ammonite, Naharai the Berothite (the armor bearer of Joab son of Zeruiah),
40 Ira, tso Yatir; Gareb tso Yatir;
Ira the Ithrite, Gareb the Ithrite,
41 Uria, Hititɔ la; Zabad, Ahlai ƒe vi;
Uriah the Hittite, Zabad son of Ahlai,
42 Adina, Siza ƒe vi, tso Ruben ƒe viwo dome eye wònɔ Ruben ƒe viwo kplɔla blaetɔ̃-vɔ-ɖekɛawo dome;
Adina son of Shiza the Reubenite (a chief of the Reubenites) and thirty with him,
43 Hanan, Maaka ƒe vi; Yosafat Mitnitɔ;
Hanan son of Maacah, and Joshaphat the Mithnite,
44 Uzia, tso Asterat; Sama kple Yeiel, Hotam ƒe viwo tso Aroer;
Uzzia the Ashterathite, Shama and Jeiel sons of Hotham the Aroerite,
45 Yediael, Simri ƒe vi kple nɔvia Yoha, tso Tizi;
Jediael son of Shimri, Joha (his brother the Tizite),
46 Eliel tso Mahavi; Yeribai kple Yosavia, ame siwo nye Elnaam ƒe viwo; Itma tso Moab;
Eliel the Mahavite, Jeribai and Joshaviah sons of Elnaam, Ithmah the Moabite,
47 Eliel; Obed kple Yaasiel tso Mezoba.
Eliel, Obed, and Jaasiel the Mezobaite.

< Kronika 1 11 >