< Kronika 1 10 >

1 Azɔ la, Filistitɔwo dze aʋa la wɔwɔ gɔme kple Israelviwo eye Israelviwo si le wo nu. Wowu Israelvi geɖewo le Gilboa to dzi.
[撒烏耳陣亡]那時,培肋舍特攻打以色列,以色列人由培肋舍特人面前逃走,在基耳波亞山陣亡的人很多。
2 Filistitɔwo ɖe Saul kple viawo ɖe nu eye wowu viawo; Yonatan, Abinadab kple Malki Sua.
培肋舍特人追擊撒烏耳和他的兒子,殺了撒烏耳的兒子約納堂、阿彼納達布和瑪耳基叔亞;
3 Aʋa la nu sẽ ŋutɔ na Saul eye esi aŋutrɔdalawo tui la wode abi eŋu vevie.
戰爭就集中攻打撒烏耳,弓箭手發現了他,他遂為弓箭手所射傷。
4 Saul gblɔ na eƒe akpoxɔnutsɔla be, “Ɖe wò yi ɖe go nàƒoe ɖem, ne menye nenem o la, Filistitɔ, aʋamatsomatsoetɔ siawo ava wum eye woado vlom.” Ke vɔvɔ̃ ɖo eƒe akpoxɔnutsɔla la ŋutɔ eye melɔ̃ be yeawɔ Saul ƒe gbe dzi o. Eya ta Saul tsɔ eya ŋutɔ ƒe yi hedze enu.
當時撒烏耳對自己的執戟者說:「拔出你的劍來,將我刺死,免得那些為受割損的人來凌辱我。」但是,執戟者十分害怕,不肯作這事;於是撒烏耳拔出劍來,伏劍自刎。
5 Esi eƒe akpoxɔnutsɔla la kpɔ be eku la, eya hã wu eɖokui nenema ke.
執戟者見撒烏耳已死,也伏劍自刎。
6 Ale Saul kple Via ŋutsu etɔ̃awo ku gbe ɖeka eye ƒome blibo la tsrɔ̃.
這樣,撒烏耳和他的三個兒子,並他的全家一同陣亡了。
7 Esime Israelvi siwo nɔ balime la le toa te se be wowu yewoƒe aʋawɔlawo eye Saul kple viawo hã ku la, wosi dzo le woƒe duwo me eye Filistitɔwo va nɔ duawo me.
所有住在平原的以色列人見軍隊逃散,撒烏耳和他的三個兒子陣亡了,也都棄城逃走;培肋舍特人遂來住在那裏。
8 Esi ŋu ke eye Filistitɔwo yi be woaɖe nuwo le Israel ƒe ame kukuwo ŋu la, wokpɔ Saul kple Via ŋutsu etɔ̃awo ƒe kukuawo le Gilboa to la dzi.
次日,培肋舍特人來剝去陣亡者的衣服時,發現撒烏耳和他的兒子橫臥在基耳波亞山上。
9 Woɖe Saul ƒe aʋawu le eŋu, tso ta le enu eye wotsɔ eƒe ta kple aʋawɔnu fia amewo le woƒe anyigba dzi godoo. Wotso aseye le dzidzɔnya sia ŋuti le woƒe legbawo kple dukɔmetɔwo ŋkume.
他們便剝去了他的衣服,取下他的首級和武器,送到培肋舍特地方,到處給他們的神和人民報喜信。
10 Wotsɔ Saul ƒe akpoxɔnu da ɖe woƒe mawuwo ƒe gbedoxɔ me eye wotsɔ eƒe ta ku gli ŋu le Dagon ƒe gbedoxɔ me.
以後,將撒烏耳的武器放在他們的神廟裏;將他的首級釘在達貢廟內。
11 Esi Yabes Gileadtɔwo se nu si Filistitɔwo wɔ Saul la,
基肋阿得雅貝士的居民,一聽說培肋舍特人對撒烏耳所行的一切,
12 woƒe aʋawɔlawo katã yi aʋagbea dzi eye wotsɔ eƒe kukua kple viawo tɔwo gbɔ va Yabes. Woɖi wo ɖe ati gã aɖe te le Yabes eye wofa wo ŋkeke adre sɔŋ.
所有的勇士便起身前去,收殮了撒烏耳和他兒子的屍體,帶回雅貝士,將他們的骨骸葬於雅貝士的篤耨香樹下,且禁食七天。
13 Saul ku le eƒe tomaɖomaɖo Yehowa kple ale si wòyɔ ŋɔli bia gbee se ta.
撒烏耳之死,是由於他背叛上主,沒有遵守上主的話,並且還求問過招魂的女巫,
14 Ke esi mebia Yehowa be wòafia nu si yeawɔ o la ta, Yehowa na wòku eye wòtsɔ eƒe fiaɖuƒe la na David, Yese ƒe vi.
而沒有求其問上主;因此上主使他死亡,將王位移交給葉瑟的兒子達味。

< Kronika 1 10 >