< Apokalipso 18 >

1 Post tio mi vidis alian anĝelon, malsuprenirantan el la ĉielo, havantan grandan aŭtoritaton; kaj la tero lumiĝis per lia gloro.
Le esia megbe la, mekpɔ mawudɔla bubu wòɖi tso dziƒo gbɔna. Ŋusẽ gã aɖe nɔ esi, eye eƒe ŋutikɔkɔe na anyigba dzi klẽ.
2 Kaj li forte kriis per granda voĉo, dirante: Falis, falis Babel la granda, kaj fariĝis loĝejo de demonoj, kaj malliberejo de ĉia malpura spirito, kaj malliberejo de ĉia malpura kaj malaminda birdo.
Edo ɣli kple gbe gã aɖe be, “‘Womui! Womu Babilonia Gã la!’ Eva zu aƒe na gbɔgbɔ vɔ̃wo kple mɔ sesẽ na gbɔgbɔ makɔmakɔwo kple xadza na xevi makɔmakɔwo kple lã siwo womeɖuna o la,
3 Ĉar per la vino de la kolero de ŝia malĉasteco falis ĉiuj nacioj; kaj la reĝoj de la tero malĉastis kun ŝi, kaj la komercistoj de la tero riĉiĝis per la potenco de ŝia lukso.
elabena dukɔwo katã no eƒe dɔmedzoe ƒe wain si nye eƒe gbolowɔwɔ la. Anyigbadzifiawo wɔ ahasi kplii, eye anyigbadzisitsala gãwo zu hotsuitɔ gãwo to eƒe kesinɔnu gbogboawo me.”
4 Kaj mi aŭdis alian voĉon el la ĉielo, dirantan: Elvenu el ŝi, ho Mia popolo, por ke vi ne partoprenu en ŝiaj pekoj, kaj por ke vi ne ricevu el ŝiaj plagoj;
Tete mese gbe bubu tso dziƒo le gbɔgblɔm be, “‘Nye amewo, mido go le wo dome,’ be miagakpɔ gome le woƒe nu vɔ̃wo me o, be woƒe dɔvɔ̃wo dometɔ aɖeke nagava mia dzi o,
5 ĉar ŝiaj pekoj amasiĝis ĝis la ĉielo, kaj Dio memoris ŝiajn maljustaĵojn.
elabena woƒe nu vɔ̃wo li kɔ yi ɖe dziƒo ke, eye Mawu ɖo ŋku woƒe nu tovowo wɔwɔ dzi.
6 Redonu al ŝi, ĝuste kiel ŝi donis, kaj duobligu duoble laŭ ŝiaj faroj; en la pokalo, kiun ŝi miksis, miksu al ŝi duoblon.
Wɔe nɛ abe ale si wòwɔ ene. Ɖo eteƒe nɛ zi eve ɖe nu si wòwɔ la ta. Tɔtɔ eya ŋutɔ ƒe kplu eve ne nàtsɔ nɛ.
7 Kiom ŝi gloris sin kaj voluptis, tiom donu al ŝi da turmento kaj funebro; ĉar ŝi diras en sia koro: Mi sidas reĝino, kaj mi ne estas vidvino, kaj mi tute ne vidos funebron.
Egblɔ le eƒe dzi me dadatɔe be, ‘Menɔ anyi abe nyɔnufia ene, nyemenye ahosi o, eye nyemafa konyi akpɔ o.’ Eya ta tsɔ fuwɔame kple vevesese nɛ wòasɔ gbɔ abe ale si wòtsɔ ŋutikɔkɔe kple kesinɔnuwo na eɖokui ene.
8 Tial en unu tago venos ŝiaj plagoj, morto kaj funebro kaj malsatego; kaj ŝi forbrulos per fajro; ĉar forta estas Dio, la Sinjoro, kiu ŝin juĝas.
Eya ta le ŋkeke ɖeka me la, eƒe dɔvɔ̃wo ava ƒo ɖe edzi, esiwo nye ku, konyifafa kple dɔwuame. Dzo ava fiae keŋkeŋ, elabena ŋusẽtɔe nye Aƒetɔ Mawu, ame si drɔ̃ ʋɔnui.
9 Kaj la reĝoj de la tero, kiuj malĉastis kun ŝi kaj voluptis, ploros kaj ĝemos pri ŝi, kiam ili rigardos la fumon de ŝia brulado,
“Ne anyigbadzifia siwo wɔ ahasi kplii, eye wokpɔ gome le eƒe kesinɔnuwo me kpɔ dzo si wotɔe ƒe dzudzɔ la, woafa avi, eye woafa nɛ.
10 starante malproksime pro timo de ŝia turmento, dirante: Ve! ve, la granda urbo, Babel, la forta urbo! ĉar en unu horo venis via juĝo.
Eƒe fuwɔame ado ŋɔdzi na wo ale gbegbe be woanɔ adzɔge ke anɔ avi fam kple ɣli be, “‘Baba! O du gã, baba na wò. O Babilonia, du si ŋu ŋusẽ le! Le gaƒoƒo ɖeka me, wò tsɔtsrɔ̃ va ɖo!’
11 Kaj la komercistoj de la tero ploras kaj lamentas pri ŝi, ĉar jam neniu aĉetas ilian komercaĵon;
“Anyigbadzisitsalawo afa avi, eye woafa nɛ, elabena ame aɖeke megale woƒe adzɔnuwo ƒlem o.
12 komercaĵon el oro kaj arĝento kaj altvaloraj ŝtonoj kaj perloj kaj bisino kaj purpuro kaj silko kaj skarlato, kaj ĉia parfuma ligno kaj ĉia vazo ebura kaj ĉia vazo el plej altvalora ligno kaj el kupro kaj fero kaj marmoro,
Adzɔnu siawoe nye sika, klosalo, kpe xɔasiwo, dzonuwo, aklala biɖibiɖiwo, ago, sedavɔ, avɔ dzĩwo, ati ʋeʋĩ vovovowo kple nu vovovo siwo wowɔ kple nyiɖu, ati xɔasiwo, akɔbli, gayibɔ kple kpe xɔasiwo.
13 kaj cinamo kaj amomo kaj incenso kaj ŝmiraĵo kaj olibano kaj vino kaj oleo kaj faruno kaj tritiko kaj brutoj kaj ŝafoj, kaj el ĉevaloj kaj ĉaroj, kaj korpoj kaj animoj de homoj.
Bubuawoe nye atike ʋeʋĩ, sinamɔn, detsiƒonu ʋeʋĩwo, dzudzɔʋeʋĩdonuwo, kotoklobo, lifi, wain, amitimi, wɔ memi, lu, nyiwo, alẽwo, sɔwo kple woƒe tasiaɖamwo, kluviwo kple amewo ƒe luʋɔwo.
14 Kaj la fruktaro de la deziroj de via animo malaperis for de vi, kaj ĉio bongusta kaj brila pereis for de vi, kaj oni ne plu trovos ilin.
“Wo katã woagblɔ be, ‘Kutsetse si nèdi vevie la do le asiwò me. Wò kesinɔnuwo kple wò atsyɔ̃ hã tsrɔ̃; womagatrɔ agbɔ gbeɖe o.’
15 La negocintoj de tiuj komercaĵoj, kiuj riĉiĝis per ŝi, malproksime staros pro la timo de ŝia turmento, plorante kaj lamentante,
Asitsala siwo dzra nu siawo, eye wokpɔ woƒe kesinɔnuwo tso egbɔ la atsi tsitre ɖe adzɔge ke le ŋɔdzi si lé wo ɖe eƒe fuwɔame ta la ta. Woafa avi, afa konyi,
16 kaj dirante: Ve! ve, la granda urbo, la vestita per bisino kaj purpuro kaj skarlato, kaj ornamita per oro kaj altvaloraj ŝtonoj kaj perloj!
eye woado ɣli be, “‘Baba! O du gã si do aklala biɖibiɖi kple avɔ dzĩ kple avɔ blɔtɔ ƒe awu legbe, eye nède sikakɔga si le dzo dam, kpe xɔasiwo kple dzonu ƒuƒuiwo, baba na wò!
17 ĉar en unu horo pereis tiom da riĉeco. Kaj ĉiu ŝipestro, kaj ĉiu ien ŝipe veturanta, kaj maristoj, kaj ĉiuj, kiuj sur la maro laboris, staris malproksime,
Le gaƒoƒo ɖeka pɛ ko me la, wò kesinɔnu gbogbo siawo tsrɔ̃!’ “Azɔ la, kuɖɔɖola ɖe sia ɖe, ame siwo katã ɖoa tɔdziʋu, tɔdziʋukulawo kple ame siwo katã kpɔa woƒe abolo tso ƒudzidɔwɔwɔ me la katã anɔ adzɔge.
18 kaj kriis, vidante la fumon de ŝia brulego, dirante: Kio similas la grandan urbon?
Ne wokpɔ dzo si wotɔe ƒe dzudzɔ le tutum la, woado ɣli be, ‘Du aɖe nɔ anyi kpɔ abe du gã sia enea?’
19 Kaj ili ĵetis polvon sur siajn kapojn, kaj kriis, plorante kaj lamentante, kaj dirante: Ve! ve, la granda urbo! en kiu riĉiĝis ĉiuj, kiuj havis siajn ŝipojn sur la maro per ŝia luksego! ĉar en unu horo ŝi dezertiĝis.
Woalɔ ke akɔ ɖe tame, woafa avi, eye woado konyifaɣli be, “‘Baba! O du gã, afi si ame siwo katã si tɔdziʋu si nɔa ƒu dzi le la kpɔ woƒe kesinɔnuwo le. Baba na wò! Le gaƒoƒo ɖeka pɛ ko me, wotsrɔ̃e keŋkeŋ.’
20 Ĝojegu super ŝi, ho ĉielo, kaj la sanktuloj, kaj la apostoloj, kaj la profetoj; ĉar Dio decidis pri ŝi laŭ via juĝo.
“O dziƒo, dzɔ dzi le eya amea ta! Mi Mawu ƒe amewo apostolowo kple nyagblɔɖilawo, mitso aseye! Elabena Mawu drɔ̃ ʋɔnui ɖe ale si wòwɔ fu mi la ta.”
21 Kaj forta anĝelo prenis ŝtonon, kvazaŭ grandan muelŝtonon, kaj ĵetis ĝin en la maron, dirante: Tiel per puŝego deĵetiĝos Babel, la granda urbo, kaj jam ne plu troviĝos.
Tete mawudɔla triakɔ aɖe tsɔ kpe aɖe si ƒe lolome anɔ abe wɔtute ene la ƒu gbe ɖe atsiaƒu me, eye wògblɔ be, “Aleae woatsɔ dziku kple ŋusẽ aƒu Babilonia, du gã la anyii, eye magafɔ gbeɖe o.
22 Kaj voĉo de harpistoj kaj muzikistoj kaj flutistoj kaj trumpetistoj jam ne plu aŭdiĝos en vi; kaj ĉia metiisto de ĉia metio jam ne plu troviĝos en vi; kaj sono de muelŝtono jam ne plu aŭdiĝos en vi;
Kasaŋkuƒolawo, hadzilawo, dzekulawo kple kpẽkulawo la, womagase woƒe ŋkɔ le mewò akpɔ gbeɖe o. Nenema ke womagakpɔ asinudɔwɔla aɖeke tɔgbi le mewò akpɔ gbeɖe o. Womagase wɔtutewo ƒe wɔtutu le mewò akpɔ gbeɖe o.
23 kaj lumo de lampo jam ne plu brilos en vi; kaj voĉo de fianĉo kaj fianĉino jam ne plu aŭdiĝos en vi; ĉar viaj komercistoj estis la granduloj de la tero; ĉar per via sorĉado ĉiuj nacioj trompiĝis.
Womagakpɔ akaɖi ƒe bibi le mewò akpɔ gbeɖe o. Nenema ke ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe magaɖi le mewò akpɔ gbeɖe o. Wò asitsalawoe nye ame xɔŋkɔwo le xexea me; ètsɔ wò akunyawɔwɔ kplɔ dukɔwo katã trae.
24 Kaj en ŝi troviĝis la sango de profetoj kaj sanktuloj, kaj de ĉiuj mortigitoj sur la tero.
Wokpɔ nyagblɔɖilawo kple ame kɔkɔewo kpakple ame siwo katã wowu le anyigba dzi la ƒe ʋu le mewò.”

< Apokalipso 18 >