< Psalmaro 112 >
1 Haleluja! Bone estas al la homo, kiu timas la Eternulon Kaj tre amas Liajn ordonojn.
Mikafu Yehowa. Woayra ŋutsu si vɔ̃a Yehowa, eye wòkpɔa dzidzɔ vevie le eƒe sewo ŋu.
2 Forta sur la tero estos lia semo; La gento de virtuloj estos benita.
Viawo anye ŋusẽtɔwo le anyigba la dzi, eye woayra dzi dzɔdzɔetɔwo ƒe dzidzime.
3 Bonstato kaj riĉeco estas en lia domo; Kaj lia justeco restas eterne.
Kesinɔnu kple nu nyuiwo le eƒe aƒe me, eye eƒe dzɔdzɔenyenye nɔa anyi ɖikaa.
4 En mallumo leviĝas lumo por la virtulo. Li estas kompatema, favorkora, kaj justa.
Le viviti me gɔ̃ hã la, kekeli klẽna na ame dzɔdzɔewo, nenema ke wònɔna na ame si vea ame nu, kpɔa nublanui, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe.
5 Bone estas al la homo, kiu kompatas kaj pruntedonas, Kiu pesas siajn farojn per justeco.
Nyui ava na ame si nyoa dɔ me, doa nugbana faa, eye wòwɔa eƒe nuwo to mɔ dzɔdzɔe dzi.
6 Ĉar neniam li falos; Virtulo estos memorata eterne.
Vavã, maʋã akpɔ o; woaɖo ŋku ame dzɔdzɔe dzi tegbee.
7 Malbonan famon li ne timos; Fortika estas lia koro, ĝi fidas la Eternulon.
Mavɔ̃ na nya vɔ̃ sese o, eƒe dzi li ke, eye wòkana ɖe Yehowa dzi.
8 Senŝanceliĝa estas lia koro; Li ne timas, ĝis li vidas la pereon de siaj malamikoj.
Mavɔ̃ naneke o, elabena dzi le eƒo; eye mlɔeba la, akpɔ eƒe futɔwo ta ɖa le dziɖuɖu me.
9 Li ŝutas kaj donas al la malriĉuloj; Lia justeco restas eterne, Lia korno altiĝos en honoro.
Ema eƒe kesinɔnuwo na ame dahewo fũu, eƒe dzɔdzɔenyenye li tegbee, eye woakɔ eƒe dzo ɖe dzi bobobo le bubu me.
10 La malvirtulo vidas kaj ĉagreniĝas, Kunfrapas la dentojn kaj konsumiĝas. La deziro de malvirtuloj pereos.
Ame vɔ̃ɖi akpɔe, eye dzi akui, aɖu aɖukli, avɔ le eme keŋkeŋkeŋ. Ame vɔ̃ɖiwo ƒe dzimedidiwo azu tofloko.