< Romans 15 >

1 Now we who are strong ought to bear the weaknesses of the weak, and not to please ourselves.
Ehiã be mí ame siwo ŋu ŋusẽ le la, míabu ame siwo ŋu ŋusẽ mele o la ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu, eye míagadze mía ɖokui ŋu o.
2 Let each one of us please his neighbor for that which is good, to be building him up.
Mía dome ame sia ame nadze ehavi ŋu hena ehavi ƒe nyonyo kple tutuɖedzi.
3 For even Christ didn’t please himself. But, as it is written, “The reproaches of those who reproached you fell on me.”
Kristo mewɔ nu be yeadze ye ɖokui ŋu o. Abe ale si Psalmokpala gblɔe ene la, “Eva be yeakpe fu, eye yeaxɔ dzudzu tso ame siwo tututu tsi tsitre ɖe Aƒetɔ la ŋu la gbɔ.”
4 For whatever things were written before were written for our learning, that through perseverance and through encouragement of the Scriptures we might have hope.
Ele be nu siwo woŋlɔ ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me gbe aɖe gbe ke la nafia dzigbɔɖi mí, eye woade dzi ƒo na mí, ale be míanɔ mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si Mawu aɖu nu vɔ̃ kple ku dzi la.
5 Now the God of perseverance and of encouragement grant you to be of the same mind with one another according to Christ Jesus,
Mawu si naa dzigbɔɖi kple tenɔnɔ kpakple dzideƒo ame la nakpe ɖe mia ŋu be mianɔ anyi kple mia nɔewo le nɔvilɔlɔ̃ blibo me, eye ame sia ame natsɔ Kristo Yesu ƒe nɔnɔme anɔ agbe ɖe nɔvia ŋu.
6 that with one accord you may with one mouth glorify the God and Father of our Lord Jesus Christ.
Ekema mí katã míate ŋu atsɔ gbe ɖeka akafu Aƒetɔ la, atsɔ ŋutikɔkɔe ana Mawu, míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo.
7 Therefore accept one another, even as Christ also accepted you, to the glory of God.
Eya ta mixɔ mia nɔewo nyuie ɖe ha la me abe ale si Kristo ŋutɔ hã xɔ mi ene, ekema miatsɔ ŋutikɔkɔe ana Mawu.
8 Now I say that Christ has been made a servant of the circumcision for the truth of God, that he might confirm the promises given to the fathers,
Miɖo ŋku edzi be Yesu Kristo va be yeafia mí be Mawu wɔa eƒe ŋugbedodowo dzi, eye be yeakpe ɖe Yudatɔwo ŋu.
9 and that the Gentiles might glorify God for his mercy. As it is written, “Therefore I will give praise to you among the Gentiles and sing to your name.”
Migaɖo ŋku edzi hã be eva be ame siwo menye Yudatɔwo o la hã nakpɔ ɖeɖe, eye woatsɔ ŋutikɔkɔe ana Mawu le ale si wòvea wo nu la ta. Nu siae Psalmokpala la fia esi wòŋlɔ bena, “Makafu wò le ame siwo menye Yudatɔwo o la dome, eye madzi ha na wò ŋkɔ.”
10 Again he says, “Rejoice, you Gentiles, with his people.”
Le teƒe bubu aɖe la, egagblɔ be, “O, ame siwo menye Yudatɔwo o la, mikpɔ dzidzɔ kple Mawu ƒe amewo, ame siwo nye Yudatɔwo la.”
11 Again, “Praise the Lord, all you Gentiles! Let all the peoples praise him.”
Egagblɔ le teƒe bubu hã be, “Mikafu Aƒetɔ la, mi ame siwo menye Yudatɔwo o la katã, mina ame sia ame nakafui.”
12 Again, Isaiah says, “There will be the root of Jesse, he who arises to rule over the Gentiles; in him the Gentiles will hope.”
Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ be, “Yese ƒe ke, ame si atsi tsitre be yeaɖu fia ɖe xexemedukɔwo dzi la ava; eyae ame siwo menye Yudatɔwo o la akpɔ mɔ na.”
13 Now may the God of hope fill you with all joy and peace in believing, that you may abound in hope in the power of the Holy Spirit.
Eya ta mele gbe dom ɖa ɖe mi ame siwo menye Yudatɔwo o la ta be Mawu, ame si naa mɔkpɔkpɔ mi la, nana dzidzɔ kple ŋutifafa nayɔ mia me le esi miexɔ edzi se la ta. Mele gbe dom ɖa be Mawu nakpe ɖe mia ŋu be mɔkpɔkpɔ le Mawu me nagbã go le mia me to Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ŋusẽ si le mia me la me.
14 I myself am also persuaded about you, my brothers, that you yourselves are full of goodness, filled with all knowledge, able also to admonish others.
Nɔvinyewo, menya be mienye ame nyanuwo kple ame nyuiwo, eye mienya nu siawo nyuie, ale be miate ŋu afia nu ame bubuwo tso wo katã ŋu.
15 But I write the more boldly to you in part as reminding you, because of the grace that was given to me by God,
Metsɔ dzideƒo ŋlɔ nya aɖewo na mi abe ŋkuɖoɖo nu dzi na mi ene, to amenuveve si Mawu nam la me,
16 that I should be a servant of Christ Jesus to the Gentiles, serving as a priest of the Good News of God, that the offering up of the Gentiles might be made acceptable, sanctified by the Holy Spirit.
be manye Yesu Kristo ƒe dɔtsɔla na ame siwo menye Yudatɔwo o la, eye be matsɔ Mawu ƒe nyanyui la vɛ na mi ame siwo menye Yudatɔwo o la, be miazu vɔsa si dze Mawu ŋu, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la hã kɔ eŋu.
17 I have therefore my boasting in Christ Jesus in things pertaining to God.
Eya ta meƒoa adegbe le nu siwo katã Kristo Yesu wɔ to dzinye le Mawu ta la ŋu.
18 For I will not dare to speak of any things except those which Christ worked through me for the obedience of the Gentiles, by word and deed,
Mele be mabu akɔnta le ale si wòwɔ ame bubuwo ŋu dɔ la ŋu o, ke menya esia be: Kristo to dzinye, eye wòhe ame siwo menye Yudatɔwo o la va Mawu gbɔe.
19 in the power of signs and wonders, in the power of God’s Spirit; so that from Jerusalem and around as far as to Illyricum, I have fully preached the Good News of Christ;
Meɖe wo fia to nye gbeƒãɖeɖe kple agbe nyui si menɔ le woƒe ŋkume la me hekpe ɖe nukunu siwo wowɔ to dzinye abe dzesiwo tso Mawu gbɔ ene la ŋu. Esiawo katã tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ me. Meɖe gbeƒã Kristo ƒe nyanyui blibo la to mɔ sia dzi tso keke Yerusalem yi ɖado ɖe Iliriko ke.
20 yes, making it my aim to preach the Good News, not where Christ was already named, that I might not build on another’s foundation.
Ke enye nye didi vevie be magayi ŋgɔ wu nenema gɔ̃ hã, eye maɖe gbeƒã nyanyui la le teƒe siwo womese Kristo ŋkɔ le kpɔ haɖe o. Esia dzrom wu be maɖe gbeƒã le afi si ame bubu aɖe ɖo hame aɖe anyi ɖo xoxo la.
21 But, as it is written, “They will see, to whom no news of him came. They who haven’t heard will understand.”
Menɔ zɔzɔm ɖe ɖoɖo si ŋu woƒo nu le le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔea me la nu. Afi sia Yesaya gblɔ le be, “Ame siwo mese Kristo ŋkɔ kpɔ haɖe o la, woakpɔ nu, eye woase egɔme.”
22 Therefore also I was hindered these many times from coming to you,
Nu sia ta nyemete ŋu va kpɔ mi ɖa kaba o ɖo.
23 but now, no longer having any place in these regions, and having these many years a longing to come to you,
Ke mewu nye dɔ la nu le afi sia mlɔeba azɔ, eye mele klalo be mava le ƒe geɖe siwo mia gbɔ vava dzrom la megbe.
24 whenever I travel to Spain, I will come to you. For I hope to see you on my journey, and to be helped on my way there by you, if first I may enjoy your company for a while.
Mele ɖoɖo wɔm be mayi Spania. Ne meyina la, matɔ ɖe Roma, eye ne menɔ anyi kpli mi le dzidzɔ me ɣeyiɣi kpui aɖe la, miagate ŋu ado mɔm.
25 But now, I say, I am going to Jerusalem, serving the saints.
Ke hafi mava la, ele be mayi Yerusalem gbã, eye matsɔ nunana aɖe ayi na Yudatɔ siwo nye kristotɔwo le afi ma la.
26 For it has been the good pleasure of Macedonia and Achaia to make a certain contribution for the poor among the saints who are at Jerusalem.
Elabena kristotɔ siwo le Makedonia kple Akaya la di nanewo be yewoaɖo ɖe nɔvi siwo le Yerusalem, ame siwo le ɣeyiɣi sesẽ aɖe ŋutɔ me tom la.
27 Yes, it has been their good pleasure, and they are their debtors. For if the Gentiles have been made partakers of their spiritual things, they owe it to them also to serve them in material things.
Edzɔ dzi na wo ŋutɔ be woawɔ esia, elabena wodze sii be yewonyi akpedafe gã aɖe le kristotɔ siwo le Yerusalem la si. Nu ka ta? Elabena Kristo ƒe nya tso hame si le Yerusalem la gbɔ va na ame siwo menye Yudatɔwo o la. Tso esime woxɔ nyanyui la ƒe gbɔgbɔmenunana sia tso afi ma la, wodze sii be nu suetɔ si yewoate ŋu awɔ lae nye be yewoakpe ɖe wo ŋu kple nunɔamesi aɖewo.
28 When therefore I have accomplished this, and have sealed to them this fruit, I will go on by way of you to Spain.
Ne metsɔ ga sia na wo, eye mewu dɔ nyui si wowɔ na wo nɔviwo nu na wo la, mava kpɔ mi ɖa ne mele Spania yim.
29 I know that when I come to you, I will come in the fullness of the blessing of the Good News of Christ.
Meka ɖe edzi be ne meva la, Kristo ana yayra geɖem matsɔ vɛ na mi.
30 Now I beg you, brothers, by our Lord Jesus Christ and by the love of the Spirit, that you strive together with me in your prayers to God for me,
Ke mele nu xlɔ̃m mi nɔviwo, le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo kple Gbɔgbɔ ƒe lɔlɔ̃ me bena miade dzinye, eye miaʋli le gbedodoɖa me na Mawu ɖe tanye.
31 that I may be delivered from those who are disobedient in Judea, and that my service which I have for Jerusalem may be acceptable to the saints,
Mido gbe ɖa be Mawu nakpɔ tanye le Yudea tso ame siwo menye kristotɔwo o la si me. Mido gbe ɖa hã be kristotɔ siwo le Yerusalem la nalɔ̃ axɔ kpekpeɖeŋu si metsɔ yina na wo la.
32 that I may come to you in joy through the will of God, and together with you, find rest.
Ekema ne Mawu lɔ̃ la, mate ŋu ava mia gbɔ kple dzidzɔ, eye míade agbe yeye mía nɔewo me.
33 Now the God of peace be with you all. Amen.
Ke azɔ la, mía Mawu, ame si naa ŋutifafa la nanɔ anyi kpli mi katã. Amen.

< Romans 15 >