< 1 Samuel 25 >

1 And Samuel died; and all the Israelites assembled, and lamented him, and buried him in his house at Ramah. And David arose, and went down to the wilderness of Paran.
Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Samuel ku eye Israel blibo la ƒo ƒu hena kunu la wɔwɔ. Woɖii ɖe eƒe ƒometɔwo ƒe anyigba dzi le Rama. Le ɣeyiɣi sia me la, David yi gbedzi le Paran.
2 And [there] was a man in Maon, whose possessions [were] in Carmel; and the man [was] very great, and he had three thousand sheep, and a thousand goats: and he was shearing his sheep in Carmel.
Lãnyiƒe nɔ kesinɔtɔ aɖe si tso Maon la si le afi ma te ɖe Karmel ŋu. Alẽ akpe etɔ̃ kple gbɔ̃ akpe ɖeka nɔ esi. Kesinɔtɔ sia va eƒe lãnyiƒe le ɣeyiɣi sia me hena fukoko na eƒe alẽwo.
3 Now the name of the man [was] Nabal; and the name of his wife Abigail: and [she was] a woman of good understanding, and of a beautiful countenance: but the man [was] churlish and evil in his doings; and he [was] of the house of Caleb.
Eŋkɔe nye Nabal. Srɔ̃a nye nyɔnu dzetugbe aɖe si ƒe tagbɔ kɔ; eŋkɔe nye Abigail. Nabal nye Kaleb ƒe dzidzimevi, enye ame si meɖɔ ʋu kura o eye wòganye ŋlɔmitɔ kple kɔlialiatɔ hã.
4 And David heard in the wilderness that Nabal was shearing his sheep.
Esi David se be Nabal nɔ fu kom na eƒe alẽwo la,
5 And David sent ten young men, and David said to the young men, Go up to Carmel, and go to Nabal, and greet him in my name:
eɖo eƒe ɖekakpui ewo ɖe Karmel be woado gbe na Nabal eye woagblɔ nɛ be,
6 And thus shall ye say to him that liveth [in prosperity], Peace [be] both to thee, and peace [be] to thy house, and peace [be] to all that thou hast.
“Mawu nana wò kple wò ƒometɔwo miakpɔ dzidzedze eye nu sia nu si nye mia tɔ la nadzi ɖe edzi na mi.
7 And now I have heard that thou hast shearers: now thy shepherds who were with us, we hurt them not, neither was there aught missing to them, all the while they were in Carmel.
Wogblɔ nam be èle fu kom na wò alẽwo kple gbɔ̃wo. Le ɣeyiɣi si me wò alẽkplɔlawo nɔ mía dome la, míewɔ nuvevi aɖeke wo kpɔ o eye míefi woƒe naneke kpɔ hã o.
8 Ask thy young men, and they will show thee. Wherefore let the young men find favor in thy eyes: for we come in a good day: give, I pray thee, whatever cometh to thy hand, to thy servants, and to thy son David.
Wò ɖekakpuiwo ate ŋu aɖi ɖase le nya sia ŋu na wò. Mele nye amewo ɖom ɖa be woabia nunana aɖe tso gbɔwò elabena ŋkekenyui aɖe va tu mí. Míeɖe kuku, na nu sia nu si dze ŋuwò ko la mí.”
9 And when David's young men came, they spoke to Nabal in the name of David, according to all these words, and ceased.
Ɖekakpuiawo va gblɔ David ƒe nya la na Nabal.
10 And Nabal answered David's servants, and said, Who [is] David? and who [is] the son of Jesse? there are many servants in these days that break away every man from his master.
Ke Nabal bia be, “Ame kae nye David eye ame ka tututue Yese vi sia bu be yenye? Subɔla geɖewo li le ŋkeke siawo me, ame siwo si dzo le woƒe aƒetɔwo gbɔ.
11 Shall I then take my bread, and my water, and my flesh that I have killed for my shearers, and give [it] to men, whom I know not whence they [are]?
Ɖe matsɔ nye abolo kple nye tsi kple lã si mewu na nye fukolawo la ana ameha aɖe si tso afi si nyemenya oa?”
12 So David's young men turned their way, and went again, and came and told him all these sayings.
Ale David ƒe ɖekakpuiawo trɔ gbɔ va gblɔ nya siwo Nabal gblɔ la nɛ.
13 And David said to his men, Gird ye on every man his sword. And they girded on every man his sword; and David also girded on his sword: and there went up after David about four hundred men; and two hundred abode by the goods.
David ŋutɔ tsɔ eƒe yi eye wòɖe gbe na eƒe amewo hã be woatsɔ woƒe yiwo. Ame alafa ene dze mɔ kple David eye ame alafa eve tsi anyi henɔ woƒe nuwo ŋu dzɔm.
14 But one of the young men told Abigail, Nabal's wife, saying, Behold, David sent messengers from the wilderness to salute our master; and he railed at them.
Nabal ƒe amewo dometɔ ɖeka yi ɖagblɔ na Nabal srɔ̃, Abigail, be, “David ɖo amewo ɖa tso gbedzi be woaƒo nu kple míaƒe aƒetɔ ke míaƒe aƒetɔ dzu wo eye wòblu ɖe wo.
15 But the men [were] very good to us, and we were not hurt, neither missed we any thing, as long as we were conversant with them, when we were in the fields:
Ke ame siawo wɔ nyui na mí. Womewɔ nuvevi aɖeke mi o. Le ɣeyiɣi si katã míenɔ gbegbea kpli wo la, míaƒe naneke mebu o.
16 They were a wall to us both by night and day, all the while we were with them keeping the sheep.
Wonye kpɔtɔtɔ ƒo xlã mí zã kple keli esime míenɔ míaƒe alẽhawo dzi kpɔm le wo gbɔ.
17 Now therefore know and consider what thou wilt do: for evil is determined against our master, and against all his household: for he [is such] a son of Belial, that [a man] cannot speak to him.
Anyo be nàbu ta me kaba, elabena nya sesẽ aɖe le dzɔdzɔ ge ɖe míaƒe aƒetɔ kple ƒome blibo la dzi. Míaƒe aƒetɔ nye kɔlialiatɔ ale gbegbe be ame aɖeke maƒo nu nɛ wòase o.”
18 Then Abigail made haste, and took two hundred loaves, and two bottles of wine, and five sheep ready dressed, and five measures of parched [corn], and a hundred clusters of raisins, and two hundred cakes of figs, and laid [them] on asses.
Abigail ɖe abla enumake, tsɔ abolo alafa eve, wain atigo eve, alẽ atɔ̃ siwo wowu la ƒe lã, bli tɔtɔ agba eve, abolo alafa ɖeka si wowɔ kple waintsetse ƒuƒu kple abolo alafa eve siwo wowɔ kple gbotsetse. Etsɔ nu siawo ɖo tedziwo dzi.
19 And she said to her servants, Go on before me; behold, I come after you. But she told not her husband Nabal.
Egblɔ na eƒe dɔlawo be, “Midze mɔ, madze mia yome” Ke megblɔ nya aɖeke na srɔ̃a, Nabal, o.
20 And it was [so], [as] she rode on the ass, that she came down by the covert of the hill, and behold, David and his men came down over against her; and she met them.
Esi wònɔ eƒe tedzia dom va ɖo to aɖe ƒe balime la, David kple eƒe ameawoe nye ekem ɖiɖi gbɔna egbɔ eye wòyi ɖado go wo.
21 (Now David had said, Surely in vain have I kept all that this [man] hath in the wilderness, so that nothing was missed of all that [pertained] to him: and he hath requited me evil for good.
Fifi laa ko David gblɔ be, “Nye ame sia ƒe nuwo dzi kpɔkpɔ nɛ le gbea dzi be womefi eƒe naneke o nye dzodzro. Etsɔ vɔ̃ ɖo nyui si mewɔ nɛ la teƒe nam.
22 So and more also do God to the enemies of David, if I leave of all that [pertain] to him by the morning light any male person.)
Mawu nefia David eye wòagafiae ɖe edzi ɖaa ne hafi etsɔ ŋdi naɖo la, magblẽ ŋutsu aɖe ɖi nɛ agbagbe!”
23 And when Abigail saw David, she hasted, and lighted off the ass, and fell before David on her face, and bowed herself to the ground.
Esi Abigail kpɔ David la, eɖi le eƒe tedzi dzi enumake eye wòde ta agu ɖe David ŋgɔ.
24 And fell at his feet, and said, Upon me, my lord, [upon] me [let this] iniquity [be]: and let thy handmaid, I pray thee, speak in thy audience, and hear the words of thy handmaid.
Edze klo ɖe eƒe afɔ nu hegblɔ nɛ be, “Nye aƒetɔ, na be vodada sia nanɔ nye ko dzi. Meɖe kuku, na wò dɔla naƒo nu kpli wò eye nàɖo to nya si le wò dɔla si.
25 Let not my lord, I pray thee, regard this man of Belial, [even] Nabal; for as his name [is], so [is] he; Nabal [is] his name, and folly [is] with him: but I thy handmaid saw not the young men of my lord, whom thou didst send.
Nye aƒetɔ, megaɖo to Nabal ŋutsu vɔ̃ɖi ma o. Ɖe ko wòle abe aƒe ŋkɔ ene. Eƒe ŋkɔ gɔmee nye Bometsila. Eya ta bometsitsi nɔ eŋu ɖo. Ke nye, wò dɔla, ya la, nyemekpɔ ŋutsu siwo nye aƒetɔ dɔ ɖa la o.
26 Now therefore, my lord, [as] the LORD liveth, and [as] thy soul liveth, seeing the LORD hath withheld thee from coming to [shed] blood, and from avenging thyself with thy own hand, now let thy enemies, and they that seek evil to my lord, be as Nabal.
Aƒetɔ, zi ale si Yehowa ɖe wò tso amewuwu kple hlɔ̃biabia me ta la, metsɔ Yehowa ƒe agbe kple wò ŋutɔ wò agbe le kuku ɖem be fiƒode naɖi wò futɔwo katã, abe Nabal ene, ŋu.
27 And now this blessing which thy handmaid hath brought to my lord, let it even be given to the young men that follow my lord.
Azɔ la, xɔ nunana siwo metsɔ vɛ na nye aƒetɔ la, na wò kple ɖekakpuiawo.
28 I pray thee, forgive the trespass of thy handmaid: for the LORD will certainly make my lord a sure house; because my lord fighteth the battles of the LORD, and evil hath not been found in thee [all] thy days.
Tsɔ vo si meda be medo dzi heva afi sia la kem. Yehowa aɖo eteƒe na wò kokoko, ana wò fiaɖuƒe nasu wò dzidzimeviwo si eye enu matso akpɔakpɔ o elabena Yehowa ƒe aʋawo wɔm nèle eye dzɔgbevɔ̃e madzɔ ɖe dziwò le wò agbemeŋkekewo katã me o.
29 Yet a man hath risen to pursue thee, and to seek thy soul: but the soul of my lord shall be bound in the bundle of life with the LORD thy God; and the souls of thy enemies, them shall he sling out, [as from] the middle of a sling.
Ne amewo ati wò agbe yome hã la, ànɔ dedie le Yehowa, wò Mawu la ƒe dzikpɔkpɔ te, abe ale si ga nɔa dedie le gatɔ ƒe gakotoku me ene! Ke wò futɔwo ƒe agbe abu abe kpe si woda le aŋetu me ene.
30 And it will come to pass, when the LORD shall have done to my lord according to all the good that he hath spoken concerning thee, and shall have appointed thee ruler over Israel;
Ne Yehowa wɔ nyui siwo katã ŋugbe wòdo na wò eye nèzu Israel Fia la,
31 That this will be no grief to thee, nor offense of heart to my lord, either that thou hast shed blood without cause, or that my lord hath avenged himself: but when the LORD shall have dealt well with my lord, then remember thy handmaid.
ekema, nye aƒetɔ, màxa nu be yewu ame aɖewo dzodzro alo be yebia hlɔ̃ na ye ɖokui o. Gawu la, ne Yehowa yra wò la, nye aƒetɔ, meɖe kuku, ɖo ŋku dzinye!”
32 And David said to Abigail, Blessed [be] the LORD God of Israel, who sent thee this day to meet me:
David ɖo eŋu na Abigail be, “Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si dɔ wò ɖa nèva do gom egbe!
33 And blessed [be] thy advice, and blessed [be] thou, who hast kept me this day from coming to [shed] blood, and from avenging myself with my own hand.
Míada akpe na Mawu le susu nyui si wòna wò la ta! Meda akpe na wò be nèɖem tso amewo ƒe ʋukɔkɔɖi kple nye asitsɔtsɔ bia hlɔ̃e la me,
34 For in very deed, [as] the LORD God of Israel liveth, who hath kept me back from hurting thee, except thou hadst hasted and come to meet me, surely there had not been left to Nabal by the morning light any male person.
elabena metsɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si na nyemewɔ nuvevi wò o la, ka atam be ne menye ɖe nèva do gom o la, Nabal ƒe amewo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã maganɔ agbe etsɔ ŋdi o.”
35 So David received from her hand [that] which she had brought him, and said to her, Return in peace to thy house; see, I have hearkened to thy voice, and have accepted thy person.
David xɔ Abigail ƒe nunana la eye wògblɔ nɛ be wòatrɔ ayi aƒe eye megavɔ̃ o elabena yemawu srɔ̃a o.
36 And Abigail came to Nabal; and behold, he held a feast in his house, like the feast of a king; and Nabal's heart [was] merry within him, for he [was] very drunken: Therefore she told him nothing, less or more, until the morning light.
Esi Abigail ɖo aƒe me la, ekpɔ be ye srɔ̃ ɖo kplɔ̃ gã aɖe eye wòmu aha, eya ta megblɔ nya aɖeke nɛ tso eƒe gododo David ŋu o, va se ɖe esime ŋu ke.
37 But it came to pass in the morning, when the wine had left Nabal, and his wife had told him these things, that his heart died within him, and he became [as] a stone.
Esi aha la kɔ le mo nɛ la, Abigail gblɔ nya sia nya nɛ. Tete eƒe dzi fa ɖe eƒe dɔ me eye wòtsi maʋamaʋã abe kpe ene.
38 And it came to pass about ten days [after], that the LORD smote Nabal, that he died.
Le ŋkeke ewo megbe la, Yehowa na Nabal ku.
39 And when David heard that Nabal was dead, he said, Blessed [be] the LORD, that hath pleaded the cause of my reproach from the hand of Nabal, and hath kept his servant from evil: for the LORD hath returned the wickedness of Nabal upon his own head. And David sent and communed with Abigail, to take her to himself for a wife.
Esi David se be Nabal ku la, egblɔ be, “Woakafu Yehowa! Mawu ɖo eteƒe na Nabal eye wòkpe ɖe ŋunye be nye ŋutɔ nyemebia hlɔ̃e o. Exɔ eƒe tohehe le eƒe nu vɔ̃ ta!” David dɔ eƒe dɔlawo ɖe Abigail gbɔ enumake be woagblɔ nɛ be yedi be wòazu ye srɔ̃.
40 And when the servants of David had come to Abigail to Carmel, they spoke to her, saying, David hath sent us to thee, to take thee to him for a wife.
Esi dɔlawo va ɖo Karmel eye wogblɔ nu si ta wova na Abigail la,
41 And she arose, and bowed herself on [her] face to the earth, and said, Behold, [let] thy handmaid [be] a servant to wash the feet of the servants of my lord.
elɔ̃ ɖe eƒe biabia la dzi enumake. Tete wòtsi tre, eye wòtsyɔ mo anyi gblɔ be, “Wò dɔlanyɔnu aklɔ eƒe aƒetɔ ƒe dɔlawo ƒe afɔ ŋu abe kosi ene.”
42 And Abigail hasted, and arose, and rode upon an ass, with five damsels of hers that went after her; and she went after the messengers of David, and became his wife.
Edzra ɖo kaba, kplɔ nyɔnudɔla atɔ̃ ɖe asi, lia eƒe tedzi dzi eye wòdze dɔlawo yome yi David gbɔ. Ale Abigail zu David srɔ̃.
43 David also took Ahinoam of Jezreel; and they were also both of them his wives.
David ɖe srɔ̃ bubu, Ahinoam, tso Yezreel hã.
44 But Saul had given Michal his daughter, David's wife, to Phalti the son of Laish, who [was] of Gallim.
Ke Fia Saul zi via nyɔnu Mixal, ame si nye David srɔ̃ la, dzi wòɖe Palti, Lais vi, tso Galim.

< 1 Samuel 25 >