< 1 Samuel 3 >

1 And the child Samuel ministered to the LORD before Eli. And the word of the LORD was rare in those days; there was no frequent vision.
Samuel, ɖevi sue la, nɔ Yehowa subɔm to kpekpe ɖe Eli ŋu me. Le ɣe ma ɣi me la, ƒãa hafi Yehowa naƒo nu na amegbetɔ eye ŋutegakpɔkpɔ hã mebɔ o.
2 And it came to pass at that time, when Eli was lying down in his place, and his eyes began to grow dim, that he could not see;
Fifia, Eli zu amegãɖeɖi eye eƒe ŋkuwo megakpɔa nu tututu o. Emlɔ eƒe xɔ me le zã me gbe ɖeka eye
3 And before the lamp of God went out in the temple of the LORD, where the ark of God was, and Samuel was lying down to sleep;
Samuel hã mlɔ gbedoxɔ la me le afi si nubablaɖaka la nɔ. Ke esi wòsusɔ vie woatsi xɔmekaɖiwo la,
4 That the LORD called Samuel: and he answered, Here am I.
Yehowa yɔe be, “Samuel! Samuel!” Samuel tɔ be, “Papaa!”
5 And he ran to Eli, and said, Here am I; for thou didst call me. And he said, I called not; lie down again. And he went and lay down.
Efɔ eye wòƒu du yi Eli gbɔ hegblɔ be, “Nyee nye esi, nu ka mawɔ na wò?” Eli gblɔ nɛ be, “Vinye, nyemeyɔ wò o, yi ɖamlɔ anyi.” Ale wòtrɔ yi ɖamlɔ anyi.
6 And the LORD called yet again, Samuel. And Samuel arose and went to Eli, and said, Here am I; for thou didst call me. And he answered, I called not, my son; lie down again.
Yehowa gayɔe ake be, “Samuel! Samuel!” Samuel gafɔ eye wògaƒu du yi Eli gbɔ. Egagblɔ be, “Nye aƒetɔ, nu ka mawɔ na wò?” Eli gblɔ be, “Vinye, nyemeyɔ wò o, yi nàmlɔ anyi.”
7 Now Samuel did not yet know the LORD, neither was the word of the LORD yet revealed to him.
Samuel medze si Yehowa haɖe o eye Yehowa meƒo nu nɛ kpɔ haɖe hã o.
8 And the LORD called Samuel again the third time. And he arose and went to Eli, and said, Here am I; for thou didst call me. And Eli perceived that the LORD had called the child.
Yehowa gayɔ Samuel zi etɔ̃lia. Samuel gaƒu du yi Eli gbɔ eye wògagblɔ nɛ be, “Nye aƒetɔ, nu ka mawɔ na wò?” Azɔ Eli dze sii be Yehowae nɔ nu ƒom na ɖevia
9 Therefore Eli said to Samuel, Go, lie down: and it shall be, if he should call thee, that thou shalt say, Speak, LORD; for thy servant heareth. So Samuel went and lay down in his place.
eya ta wògblɔ na Samuel be, “Gayi ɖamlɔ anyi; ne egayɔ wò la, nàgblɔ nɛ be, ‘Yehowa ƒo nu, wò dɔla le to ɖom.’” Samuel gayi ɖamlɔ anyi.
10 And the LORD came, and stood, and called as at other times, Samuel, Samuel. Then Samuel answered, Speak; for thy servant heareth.
Yehowa gayɔe abe tsã ene be, “Samuel! Samuel!” Samuel ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, meɖe kuku, ƒo nu, wò dɔla le to ɖom.”
11 And the LORD said to Samuel, Behold, I will do a thing in Israel, at which both the ears of every one that heareth it shall tingle.
Yehowa gblɔ na Samuel be, “Mele nu dziŋɔ aɖe wɔ ge le Israel.
12 In that day I will perform against Eli all things which I have spoken concerning his house: when I begin, I will also make an end.
Mawɔ nu dziŋɔ siwo katã ŋu meƒo nu tsoe na Eli.
13 For I have told him that I will judge his house for ever for the iniquity which he knoweth; because his sons made themselves vile, and he restrained them not.
Metsɔ tohehe do ŋgɔ na Eli kple eƒe ƒome blibo la elabena viawo le busunuwo wɔm ɖe Mawu ŋu eye Eli megbe na wo o.
14 And therefore I have sworn to the house of Eli, that the iniquity of Eli’s house shall not be purged with sacrifice nor offering for ever.
Eya ta meka atam be vɔsawo kple nunanawo mate ŋu ana woatsɔ Eli kple viawo ƒe nu vɔ̃wo ake akpɔ o.”
15 And Samuel lay until the morning, and opened the doors of the house of the LORD. And Samuel feared to tell Eli the vision.
Samuel nɔ anyimlɔƒe va se ɖe ŋdi. Eʋu gbedoxɔ la ƒe ʋɔtru abe ale si wòwɔna ɖaa ene, ke enɔ vɔvɔ̃m be yeagblɔ nya si Yehowa gblɔ nɛ la na Eli.
16 Then Eli called Samuel, and said, Samuel, my son. And he answered, Here am I.
Ke Eli yɔe be, “Vinye Samuel.” Samuel ɖo eŋu be, “Nyee nye esi.”
17 And he said, What is the thing that the LORD hath said to thee? I pray thee hide it not from me: God do so to thee, and more also, if thou shalt hide any thing from me of all the things that he said to thee.
Eli biae be, “Nya kae Yehowa gblɔ na wò? Gblɔ nya sia nya nam; Mawu nehe to na wò vevie ne ètsɔ nya aɖe ɣlam!”
18 And Samuel told him every thing, and hid nothing from him. And he said, It is the LORD: let him do what seemeth him good.
Ale Samuel gblɔ nya sia nya si Yehowa gblɔ nɛ la na Eli eye Eli ɖo eŋu be, “Yehowa ƒe lɔlɔ̃nue; eya ŋutɔ nena nu si tututu wòkpɔ be eyae nye nyuitɔ la nava eme.”
19 And Samuel grew, and the LORD was with him, and let none of his words fall to the ground.
Esi Samuel nɔ tsitsim la, Yehowa nɔ kplii eye wòna be nya sia nya si Samuel gblɔ la vaa eme.
20 And all Israel from Dan even to Beersheba knew that Samuel was established to be a prophet of the LORD.
Eya ta Israel blibo la, tso Dan yi Beerseba nya be Yehowa ɖo Samuel nyagblɔɖilae.
21 And the LORD appeared again in Shiloh: for the LORD revealed himself to Samuel in Shiloh by the word of the LORD.
Yehowa gaɖea eɖokui fiana le Silo. Eɖe eɖokui fia Samuel eye wòƒo nu nɛ le afi ma. Ne Samuel ƒo nu la, Israel blibo la ɖoa toe.

< 1 Samuel 3 >