< Malachi 3 >
1 “See, I am about to send my messenger, and he will prepare the way before me. Then the Lord, whom you seek, will suddenly come to his temple. The messenger of the covenant in whom you delight, see, he will come,” says Yahweh of hosts.
“Kpɔ ɖa, madɔ nye dɔla ɖo ɖa be wòata mɔ le ŋgɔnye eye Aƒetɔ si miele mɔ kpɔm na la ado ɖe eƒe gbedoxɔ me zi ɖeka kpoyi. Dɔla si ŋugbe wodo le nubabla la me, si dim miele la ava.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
2 But who will be able to endure the day of his coming? Who will be able to stand when he appears? For he will be like a refiner's fire and like laundry soap.
“Ame ka ado dzi anɔ anyi ne eva do? Ame ka anɔ te ɖe eƒe vava nu? Elabena ele abe dzo si wotsɔna loloa ga ene eye wòle abe adzalẽ si wotsɔna nyaa avɔ wòɖina keŋkeŋ la ene!
3 He will sit as a refiner and purifier of silver, and he will purify the sons of Levi. He will refine them like gold and silver, and they will bring offerings of righteousness to Yahweh.
Anɔ anyi abe sika kple klosalo klɔla ene eye wòaklɔ Levi ƒe dzidzimeviwo ŋuti woadza abe sika alo klosalo ene, ale be woate ŋu asa vɔ na Yehowa le dzɔdzɔenyenye me.
4 Then the offering of Judah and Jerusalem will be pleasing to Yahweh, as in the days of old, and as in ancient years.
Ekema Yehowa agaxɔ Yuda kple Yerusalemtɔwo ƒe vɔsa abe tsã ene.
5 “Then I will approach you for judgment. I will quickly become a witness against the sorcerers, the adulterers, the false witnesses, and against those who oppress the hired worker in his wages, those who oppress the widow and the fatherless, against those who turn away the foreigner, and against those who do not honor me,” says Yahweh of hosts.
“Le ɣe ma ɣi me la, nye ʋɔnudɔdrɔ̃ kple tohehe atsɔ ŋutɔ. Manye ɖasefo zazɛ̃ aɖe ɖe nukalawo, ahasiwɔlawo, atam dzodzro kalawo, ame siwo baa woƒe dɔwɔviwo, ame siwo tea ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo ɖe to, ame siwo baa amedzrowo kple ame siwo mevɔ̃am o la ŋu.” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
6 “For I, Yahweh, have not changed; therefore you, sons of Jacob, have not come to an end.
“Nyee nye Yehowa, nyemetrɔna gbeɖe o, eya tae mi Yakob ƒe dzidzimeviwo mietsrɔ̃ haɖe o, elabena nye nublanuikpɔkpɔ li ɖaa.
7 From the days of your fathers you have turned aside from my ordinances and have not kept them. Return to me, and I will return to you,” says Yahweh of hosts. “But you say, 'How will we return?'
“Tso keke mia tɔgbuitɔgbuiwo ŋɔli ke la, miegbea nu le nye seawo gbɔ eye miewɔa wo dzi o. Mitrɔ ɖe ŋunye eye nye hã matrɔ ɖe mia ŋu.” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Ke miebia be, ‘Aleke míawɔ atrɔ ɖe ŋutiwòe?’
8 Would a person rob God? Yet you are robbing me. But you say, 'How have we robbed you?' In tithes and offerings.
“Ɖe amegbetɔ ate ŋu ada adzo Mawu hafi miawo ya mieda adzom mahã? “Ke míebia be, ‘Aleke míeda adzo wòe?’ “Mieda adzo nye nu ewolia kple nunana siwo nye tɔnye la eye mietsɔa wo nam o.
9 You are cursed with a curse, for you are robbing me, the whole nation.
“Mawu ƒe fiƒode dziŋɔ le mia dzi elabena dukɔ blibo lae le bayem.
10 Bring the full tithe into the storehouse, so that there may be food in my house, and test me now in this,” says Yahweh of hosts, “if I do not open to you the windows of heaven and pour out a blessing on you, until there is no more room for it all.
Mitsɔ miaƒe nu ewoliawo katã va nudzraɖoƒe lae ale be nuɖuɖu nasɔ gbɔ ɖe nye gbedoxɔ me. Mitsɔ esia dom kpɔ be nyemaʋu dziƒo nu akɔ yayra ɖe mia dzi fũu ale gbegbe be miaƒe nuɖuɖudzraɖoƒe ayɔ agbagba o mahã? Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
11 I will speak against those who destroy your crops, so that they do not destroy the harvest of your land. Your vines in the fields will not lose their fruit,” says Yahweh of hosts.
Made se na nu siwo gblẽa agblemenukuwo la be womagblẽ míaƒe agblemenukuwo o, eye miaƒe wain tsetsewo magblẽ adudu hafi woƒe ɖiɖiɣi naɖo o.” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
12 “All the nations will call you blessed, for you will be a land of delight,” says Yahweh of hosts.
“Ale dukɔwo katã ayɔ mi be yayramewo elabena dzidzɔkpɔkpɔ deto axɔ aƒe ɖe mia me.” Esiawoe Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ.
13 “Your words against me have been strong,” says Yahweh. “But you say, 'What have we said among ourselves against you?'
“Yehowa be, ‘Miegblɔ nya vlowo ɖe ŋutinye’, “Gake miebiam be, ‘Nya kae míegblɔ ɖe ŋutiwò si mele be míagblɔ o?’
14 You have said, 'It is useless to serve God. What profit is it that we have kept his requirements or walked mournfully before Yahweh of hosts?
“Miegblɔ be, ‘Enye nu dzodzro be woasubɔ Mawu. Viɖe ka míekpɔ to eƒe sewo dzi wɔwɔ me eye míezɔ le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe ŋkume abe konyifalawo ene?’
15 So now we call the arrogant blessed. Evildoers not only prosper, but they even test God and escape.'”
Gake azɔ la, míegblɔna be, ‘Woyraa dadalawo. Nu dzea edzi na nu vɔ̃ wɔlawo, gawu la, ne wote Mawu kpɔ la, tohehe mevaa wo dzi o.’
16 Then those who feared Yahweh spoke with one another. Yahweh paid attention and listened, and a book of remembrance was written before him about those who feared Yahweh and honored his name.
“Ke ame siwo vɔ̃ Yehowa, eye wolɔ̃e la ƒo nu nyui tso eŋuti na wo nɔewo eye Mawu ɖo to eye wòsee. Ena woŋlɔ ame siwo vɔ̃e, eye wolɔ̃e la ƒe ŋkɔwo ɖe ŋkuɖodzigbalẽ gã aɖe me da ɖi.”
17 “They will be mine,” says Yahweh of hosts, “my own treasured possession, on the day that I act. I will pity them, as a man pities his own son who serves him.
Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ tso wo ŋutie nye esi: “Woanye tɔnye le ŋkeke ma dzi ne mele ƒu ƒom nye nu xɔasiwo. Abe ale si ŋutsu léa be na ɖevi si ɖoa toe ene la, nenema ke malé be na woe.
18 Then once again you will distinguish between the righteous and the wicked, between one who worships God and one who does not worship him.
Ekema miakpɔ vovototo si le ale si Mawu wɔna na ame dzɔdzɔe siwo ɖoa toe kple ame vɔ̃ɖi siwo meɖoa toe o la dome.”