< Genesis 46 >
1 Israel made his journey with all that he had and went to Beersheba. There he offered sacrifices to the God of his father Isaac.
Ale Israel dze mɔ kple eƒe nuwo katã, eye esi wòva ɖo Beerseba la, esa vɔ na fofoa Isak ƒe Mawu.
2 God spoke to Israel in a vision at night, saying, “Jacob, Jacob.” He said, “Here I am.”
Le zã me la, Mawu ƒo nu na Israel le ŋutega me. Mawu yɔe be, “Yakob! Yakob!” Yakob tɔ be, “Nyee nye esi.”
3 He said, “I am God, the God of your father. Do not fear to go down to Egypt, for there I will make you a great nation.
Gbe la gblɔ be, “Nyee nye Mawu, fofowò ƒe Mawu, mègavɔ̃ na Egipte yiyi o, elabena mana nàzu dukɔ gã aɖe le afi ma.
4 I will go down with you into Egypt, and I will surely bring you up again and Joseph will close your eyes with his own hand.”
Mayi Egipte kpli wò, eye magakplɔ wò agbɔe godoo, eye Yosef ŋutɔ ƒe asi amia wò ŋkuwo.”
5 Jacob rose up from Beersheba. The sons of Israel transported Jacob their father, their children, and their wives, in the carts that Pharaoh had sent to carry him.
Ale Yakob dzo le Beerseba, eye Israel ƒe viwo kɔe kple wo viwo kpakple wo srɔ̃wo ɖe tasiaɖam siwo Farao na wo la me yi Egipte.
6 They took their livestock and their possessions that they had accumulated in the land of Canaan. They came into Egypt, Jacob and all his descendants with him.
Wotsɔ woƒe lãwo kple nu siwo katã wokpɔ le Kanaanyigba dzi la ɖe asi yi Egipte.
7 He brought with him to Egypt his sons and his sons' sons, his daughters and his sons' daughters, and all his descendants.
Wokplɔ Yakob kple via ŋutsuwo, via nyɔnuwo, tɔgbuiyɔvia ŋutsuwo kple tɔgbuiyɔvia nyɔnuwo siaa yi Egipte.
8 These were the names of the children of Israel who came to Egypt: Jacob and his sons, Reuben, Jacob's firstborn;
Israel alo Yakob ƒe viwo kple eƒe tɔgbuiyɔvi siwo yi Egipte kplii la woe nye: Ruben, Yakob ƒe viŋutsu tsitsitɔ.
9 the sons of Reuben, Hanok, Pallu, Hezron, and Karmi;
Ruben ƒe viwo: Hanok, Palu, Hezron kple Karmi.
10 the sons of Simeon, Jemuel, Jamin, Ohad, Jakin, Zohar, and Shaul, the son of a Canaanite woman;
Simeon ƒe viŋutsuwo: Yemuel, Yamin, Ohad, Yakin, Zohar kple Saul. Kanaan nyɔnu aɖee nye Saul dada.
11 and the sons of Levi, Gershon, Kohath, and Merari.
Levi ƒe viŋutsuwo: Gerson, Kohat, Merari.
12 The sons of Judah were Er, Onan, Shelah, Perez, and Zerah, (but Er and Onan had died in the land of Canaan). The sons of Perez were Hezron and Hamul.
Yuda ƒe viŋutsuwo: Er, Onan, Sela, Perez, Zera. (Ke Er kple Onan ku le Kanaan do ŋgɔ na Israel ƒe ʋuʋu yi Egipte.) Perez ƒe viŋutsuwoe nye: Hezron kple Hamul.
13 The sons of Issachar were Tola, Puah, Lob, and Shimron;
Isaka ƒe viŋutsuwo: Tola, Puva, Yob, Simrɔn.
14 The sons of Zebulun were Sered, Elon, and Jahleel
Zebulon ƒe viŋutsuwo: Sered, Elon, Yahlil.
15 These were the sons of Leah whom she bore to Jacob in Paddan Aram, along with his daughter Dinah. His sons and his daughters numbered thirty-three.
Esiawoe nye viŋutsu siwo Lea dzi na Yakob le Padan Aram, kpe ɖe via nyɔnuvi Dina ŋu. Viŋutsu kple vinyɔnu siawo katã le blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃.
16 The sons of Gad were Zephon, Haggi, Shuni, Ezbon, Eri, Arodi, and Areli.
Gad ƒe viŋutsuwoe nye: Zefon, Hagi, Suni, Ezbon, Eri, Arodi kple Areli.
17 The sons of Asher were Imnah, Ishvah, Ishvi, and Beriah; and Serah was their sister. The sons of Beriah were Heber and Malkiel
Aser ƒe viŋutsuwoe nye: Imna, Isva, Isvi kple Beria. Wo nɔvinyɔnu ŋkɔe nye Sera. Beria ƒe viŋutsuwoe nye: Heber kple Malkiel.
18 These were the sons of Zilpah, whom Laban had given to Leah his daughter. These sons she bore to Jacob—sixteen in all.
Ame wuiade siawo nye Yakob kple Zilpa, kosi si Lea fofo Laban tsɔ na Lea la ƒe viŋutsuwo.
19 The sons of Jacob's wife Rachel were Joseph and Benjamin.
Esiawoe nye Yakob ƒe viŋutsu siwo srɔ̃a Rahel dzi nɛ: Yosef kple Benyamin.
20 In Egypt Manasseh and Ephraim were born to Joseph by Asenath, the daughter of Potiphera priest of On.
Yosef ƒe viŋutsu siwo wòdzi le Egipte la woe nye: Manase kple Efraim. Wo dadae nye Asenat, Potifera, ame si nye nunɔla na On ƒe vinyɔnu la.
21 The sons of Benjamin were Bela, Beker, Ashbel, Gera, Naaman, Ehi, Rosh, Muppim, Huppim, and Ard.
Benyamin ƒe viŋutsuwo: Bela, Beker, Asbel, Gera, Naaman, Ehi, Ros, Mupim, Hupim kple Ard.
22 These were the sons of Rachel who were born to Jacob—fourteen in all.
Woawoe nye viŋutsu siwo Rahel dzi na Yakob; wo katã le ame wuiene.
23 The son of Dan was Hushim.
Dan ƒe viŋutsue nye: Husim.
24 The sons of Naphtali were Jahziel, Guni, Jezer, and Shillem.
Naftali ƒe viŋutsuwoe nye: Yaziel, Guni, Yezer kple Silem.
25 These were the sons born to Jacob by Bilhah, whom Laban gave to Rachel his daughter—seven in all.
Esiawoe nye Bilha, kosi si Laban tsɔ na via nyɔnu Rahel la ƒe viŋutsu siwo wòdzi na Yakob—wo katã le ame adre.
26 All those who went to Egypt with Jacob, who were his descendants, not counting Jacob's sons' wives, were sixty-six in all.
Ale ame siwo katã yina Egipte, eye wonye Yakob ƒe dzidzimeviwo, ne Yakob ƒe viŋutsuwo srɔ̃wo mele eme o la, wode ame blaade-vɔ-ade.
27 With the two sons of Joseph who were born to him in Egypt, the members of his family who went to Egypt were seventy in all.
Ne Yosef ƒe viŋutsu eveawo kpee la, Yakob ƒe aƒemetɔwo de blaadre le Egipte.
28 Jacob sent Judah ahead of him to Joseph to show the way before him to Goshen, and they came to the land of Goshen.
Yakob na Yuda do ŋgɔ be wòagblɔ na Yosef be yewole mɔa dzi gbɔna, eye esusɔ vie yewoaɖo Gosen. Eteƒe medidi o la, woɖo Gosen.
29 Joseph prepared his chariot and went up to meet Israel his father in Goshen. He saw him, hugged his neck, and wept on his neck a long time.
Yosef dzo ge ɖe eƒe tasiaɖam me, eye wòyi ɖakpe fofoa Israel le Gosen. Wokpla asi kɔ na wo nɔewo, eye wofa avi ɣeyiɣi didi aɖe.
30 Israel said to Joseph, “Now let me die, since I have seen your face, that you are still alive.”
Israel gblɔ na Yosef be, “Azɔ la, mate ŋu aku faa, elabena megakpɔ wò agbagbee.”
31 Joseph said to his brothers and to his father's house, “I will go up and tell Pharaoh, saying, 'My brothers and my father's house, who were in the land of Canaan, have come to me.
Yosef gblɔ na nɔviawo kple woƒe aƒemetɔwo katã be, “Mayi aɖagblɔ na Farao be mieva ɖo, eye mietso Kanaanyigba dzi be miava anɔ afi sia kplim.
32 The men are shepherds, for they have been keepers of livestock. They have brought their flocks, their herds, and all that they have.'
Mana wòanya be, ‘Ame siawo nye alẽkplɔlawo. Wova kple woƒe lãwo kple nu siwo katã le wo si la.’
33 It will come about, when Pharaoh calls you and asks, 'What is your occupation?'
Eya ta ne Farao yɔ mi, eye wòbia be dɔ ka miewɔna hã la,
34 that you should say, 'Your servants have been keepers of livestock from our youth until now, both we, and our forefathers.' Do this so that you may live in the land of Goshen, for every shepherd is an abomination to the Egyptians.”
migblɔ nɛ be, ‘Míenye alẽkplɔlawo tso keke míaƒe ɖekakpuime ke abe ale si mía fofowo hã nye alẽkplɔlawo ene.’ Ne miegblɔ nɛ alea la, ana mianɔ Gosenyigba dzi le afi sia, elabena wodoa vlo alẽkplɔlawo, eye wolé fu wo le Egipte ƒe akpa bubuawo.”