< Daniel 11 >
1 In the first year of Darius the Mede, I myself came to support and protect Michael.
Le Midiatɔ, Darius ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me la, meɖoe ɖokuinye dzi be made megbe nɛ eye makpɔ eƒe agbe ta.
2 Now I will tell you the truth. Three kings will arise in Persia, and a fourth will be far richer than all the others. When he has gained power through his riches, he will stir up everyone against the kingdom of Greece.
“Azɔ la, magblɔ nyateƒe la na wò. Fia etɔ̃ agava zi dzi le Persia, enelia akplɔ wo ɖo, ame si akpɔ hotsui wu fia siwo katã do ŋgɔ nɛ. Ne eva kpɔ ŋusẽ to eƒe hotsuikpɔkpɔ me la, ade adã ta me na amewo katã ɖe Grik fiaɖuƒe la ŋu.
3 A mighty king will rise up who will rule a very great kingdom, and he will act according to his desires.
Emegbe fia sesẽ aɖe ava zi dzi, ame si aɖu fia kple asi sesẽ eye wòawɔ nu sia nu si adze eŋu.
4 When he has risen up, his kingdom will be broken and divided to the four winds of heaven, but not to his own descendants, and not with his power when he had been ruling. For his kingdom will be uprooted for others besides his descendants.
Ne eva zi dzi teti ko la, woagbã eƒe fiaɖuƒe la, amae ɖe dziƒoya eneawo dzi. Fiaɖuƒe la manɔ anyi na eƒe dzidzimeviwo alo wòawɔ ŋusẽ si le esi la ŋu dɔ o, elabena woaxɔ eƒe fiaɖuƒe la atsɔ ana ame bubuwo.
5 The king of the South will become strong, but one of his commanders will become even stronger than he and will rule his kingdom with great power.
“Dziehefia akpɔ ŋusẽ ɖe edzi gake eƒe aʋafiawo dometɔ ɖeka akpɔ ŋusẽ wui gɔ̃ hã eye wòaɖu fia ɖe eya ŋutɔ ƒe fiaɖuƒe dzi kple ŋusẽ triakɔ.
6 After a few years, when the time is right, they will make an alliance. The daughter of the king of the South will come to the king of the North to confirm the agreement. But she will not keep her arm's strength, nor will he stand, or his arm. She will be abandoned—she and those who brought her, and her father, and the one who supported her in those times.
Le ƒe aɖewo megbe la, woanyi dzo. Dziehefia ƒe vinyɔnu ayi ɖe Anyiehefia gbɔ be yeado ka kplii gake ŋusẽ avɔ le esi eye fia la ŋutɔ kple eƒe ŋusẽ hã nu atso. Le ŋkeke mawo me la, woakplɔ fiavinyɔnu la, eŋumewo, fofoa kple eƒe dzoɖuxɔlɔ̃wo katã ade asi.
7 But a branch from her roots will rise up in her place. He will attack the army and enter the fortress of the king of the North. He will fight them, and he will conquer them.
“Ke ame ado tso eƒe ƒome me axɔ ɖe eteƒe. Aho aʋa ɖe Anyiehefia ƒe aʋakɔwo ŋu eye wòage ɖe eƒe mɔ sesẽ la me awɔ aʋa kpli wo eye wòaɖu wo dzi.
8 He will carry off to Egypt their gods along with their cast metal figures and their precious vessels of silver and of gold. For some years he will stay away from the king of the North.
Axɔ woƒe mawuwo le wo si, woƒe gayibɔlegbawo kple woƒe nu vevi siwo nye klosalo kple sika eye wòatsɔ wo adzoe ayi Egipte. Ana gbɔdzɔe Anyiehefia ƒe aɖewo.
9 Then the king of the North will invade the realm of the king of the South, but he will withdraw to his own land.
Emegbe la, Anyiehefia ava dze Dziehefia ƒe nuto me dzi gake agbugbɔ ayi eya ŋutɔ ƒe dukɔ me.
10 His sons will get ready and assemble a great army. It will keep coming and will flood everything; it will pass through all the way to his fortress.
Viawo abla akpa na aʋawɔwɔ, woaƒo aʋakɔ gã aɖe nu ƒu woava ƒo ɖe wo dzi abe tsiɖɔɖɔ gã sẽŋu aɖe ene eye woawɔ aʋa la va se ɖe keke eƒe mɔ sesẽ la gbɔ.
11 Then the king of the South will become very angry; he will go and fight against him, the king of the North. The king of the North will raise up a great army, but the army will be given into his hand.
“Tete Dziehefia atsɔ dziku helĩhelĩ awɔ aʋa kple Anyiehefia, ame si ava kple aʋakɔ gã aɖe gake woaɖu edzi.
12 The army will be carried off, and the heart of the king of the South will be lifted up, and he will make tens of thousands to fall, but he will not be victorious.
Dziehefia ayɔ fũu kple dada nenye be woɖe aboyo Anyiehefia ƒe aʋakɔwo eye woawu ame akpewo gake maɖu dzi ɖaa o,
13 Then the king of the North will raise up another army, greater than the first. After some years, the king of the North will surely come with a great army supplied with much equipment.
elabena Anyiehefia agbugbɔ aƒo aʋakɔ gã bubu nu ƒu si alolo wu gbãtɔ eye le ƒe geɖe megbe la, aho aʋa kple aʋakɔ gã si dzra ɖo nyuie.
14 In those times many will rise against the king of the South. Sons of the violent among your people will set themselves in order to fulfill a vision, but they will stumble.
“Le ŋkeke mawo me la, ame geɖewo atso ɖe Dziehefia ŋuti. Ame dzeaglã siwo le woawo ŋutɔ ƒe amewo dome la adze aglã le ŋutega la ƒe nya nu gake womaɖu dzi o.
15 The king of the North will come, pour out earth for siege mounds, and capture a city with fortifications. The forces of the South will not be able to stand, not even their best soldiers. There will be no strength to stand.
Ekema Anyiehefia ava ƒu kpo ɖe du la ŋu eye wòaxɔ du si woɖo gli sesẽ ƒo xlãe. Ŋusẽ manɔ Dzieheʋakɔwo ŋu be woaʋli o, eye woƒe kalẽtɔwo gɔ̃ hã maɖo ŋusẽ be woanɔ te o.
16 Instead, the one who comes will act according to his desires against him; no one will stand in his way. He will stand in the land of beauty, and destruction will be in his hand.
Anyigbemeʋakɔwo awɔ nu si adze wo ŋu, ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe wo ŋu o. Ava ɖo eƒe fiaɖuƒe anyi ɖe Anyigba Nyui la dzi eye ŋusẽ anɔ esi be wòagblẽ nu.
17 The king of the North will set his face to come with the strength of his entire kingdom, and with him will be an agreement that he will make with the king of the South. He will give him a daughter of women in marriage to ruin the kingdom of the South. But the plan will not succeed or help him.
Adze agbagba be yeatsɔ yeƒe fiaɖuƒe la ƒe aʋakɔ la katã vɛ ahanyi dzo kple Dziehefia eye wòatsɔ via nyɔnu nɛ wòaɖe ale be wòate ŋu amu fiaɖuƒe la aƒu anyi gake eƒe tameɖoɖo sia madze edzi nɛ loo alo akpe ɖe eŋu o.
18 After this, the king of the North will pay attention to the coastlands and will capture many of them. But a commander will end his arrogance and will cause his arrogance to turn back upon him.
Emegbe la, atrɔ ɖe ƒutaduwo ŋu eye wòaxɔ geɖeawo gake aʋafia aɖe ado si aɖo asi eƒe aglãdzedze la dzi eye wòatrɔ ɖe eya ŋutɔ ŋu.
19 Then he will pay attention to the fortresses of his own land, but he will stumble and fall; he will not be found.
Esia megbe la, atrɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe anyigba ƒe mɔ sesẽwo ŋu gake akli nu adze anyi eye womagakpɔe akpɔ o.
20 Then someone will rise up in his place who will make a tax collector pass through for the sake of the splendor of the kingdom. But in the next days he will be broken, but not in anger or in battle.
“Ame si axɔ ɖe eteƒe la ana dugadzɔlawo natsa adzɔ ga be woalé fiaɖuƒe la ƒe atsyɔ̃ ɖe te. Ke le ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, woatsrɔ̃e, ke menye le dziku me loo alo le aʋagbedzi o.
21 In his place will rise up a despised person to whom the people will not have given the honor of royal power; he will come unexpectedly and will take over the kingdom by trickery.
“Ame ɖigbɔ̃ aɖe ava ɖu fia ɖe eteƒe, ame si womatsɔ fianyenye ƒe bubu na o. Ke ne ameawo nɔ anyi le dedinɔnɔ me bɔkɔɔ la, ava ƒo ɖe wo dzi le vo me le fiaɖuƒe la me eye wòaxɔe to ayemɔ dzi.
22 An army will be swept away like a flood from before him. Both that army and the leader of the covenant will be destroyed.
Akplɔ aʋakɔ gã si gbagbã ɖe anyi la adzoe eye wòatsrɔ̃ aʋakɔ la kple nubabla la ƒe amegã siaa.
23 From the time an alliance is made with him, he will act deceitfully; with only a small number of people he will become strong.
Ne wonyi dzo kplii vɔ la, awɔ nu ayetɔe eye wòato ame ʋɛ siwo susɔ la dzi ava zi dzi.
24 Without warning he will come into the richest part of the province, and he will do what neither his father nor his father's father did. He will spread among his followers the booty, the plunder, and the wealth. He will plan the overthrow of fortresses, but only for a time.
Ekema ne nuto si si nunɔamesiwo le fũu la kpɔ be wole dedie la, ava dze wo dzi le vo me eye nu si fofoawo alo tɔgbuiawo mete ŋu wɔ o la, eya awɔe. Ama nuhaha, afunyinuwo kple kesinɔnuwo na eyomedzelawo. Aɖo ta me ɖe mɔ sesẽwo gbagbã ŋu ɣeyiɣi kpui aɖe.
25 He will wake up his power and his heart against the king of the South with a great army. The king of the South will wage war with a large, very powerful army, but he will not stand because others will make plots against him.
“Atsɔ aʋakɔ gã aɖe ade dzo eƒe ŋusẽ kple dzideƒo me ɖe Dziehefia ŋu. Dziehefia la akpe aʋa kplii kple aʋakɔ gã sesẽ dranyi aɖe gake mate ŋu anɔ te ɖe enu o, le nugbe si wòɖo ɖe eŋu la ta.
26 Even those who eat his fine food will try to destroy him. His army will be swept away like a flood, and many of them will fall killed.
Ame siwo ɖua nu le fia ƒe aƒe me la adze agbagba be yewoawui, woakplɔ eƒe aʋakɔwo adzoe eye ame geɖewo atsi aʋa.
27 Both these kings, with their hearts set on evil against each other, will sit at the same table and lie to each other, but it will be of no use. For the end will come at the time that has been fixed.
Fia eveawo, ame siwo ɖo nu vɔ̃ɖi kplikpaa ɖe woƒe dzi me la anɔ kplɔ̃ ɖeka ŋu, agblɔ alakpanyawo na wo nɔewo gake madze edzi o, elabena nuwuwu ava le ɣeyiɣi si woɖo la dzi.
28 Then the king of the North will go back into his land with great riches, with his heart set against the holy covenant. He will act and then will return to his own land.
Anyiehefia atrɔ ayi eƒe anyigba dzi kple kesinɔnu geɖewo gake eƒe dzi atsi tsitre ɖe nubabla kɔkɔe la ŋu, agblẽ eme eye emegbe la, atrɔ ayi eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi.
29 At the appointed time he will return and come against the South again. But this time it will not be as before.
“Ne ɣeyiɣi si woɖo, de la, agava adze Dziehenyigba dzi, ke emetsonu maganɔ nɛ fifia abe tsã ene o
30 For ships of Kittim will come against him, and he will become afraid and will turn back. He will be furious against the holy covenant, and he will show favor to those who forsake the holy covenant.
elabena, Kitimtɔwo ƒe ʋuwo atsi tsitre ɖe eŋu eye dzi aɖe le eƒo. Ekema atrɔ, aɖe dziku ɖe nubabla kɔkɔe la ŋu. Atrɔ agbɔ ava ve ame siwo gbe nu le nubabla kɔkɔe la gbɔ la nu.
31 His forces will rise up and profane the fortress sanctuary. They will take away the regular burnt offering, and they will set up the abomination that causes desolation.
“Eƒe asrafowo atsi tsitre ava gblẽ kɔ ɖo na gbedoxɔ la ƒe mɔ sesẽ la eye woaɖe gbe sia gbe vɔsawo ɖa. Emegbe woaɖo ŋunyɔnu si he gbegblẽ vɛ la anyi
32 As for those who acted wickedly against the covenant, he will deceive them and corrupt them. But the people who know their God will be strong and will take action.
eye woatsɔ amenublenyawo agblẽ ame siwo da le nubabla la dzi, ke ame siwo nya woƒe Mawu la anɔ te, atsi tsitre ɖe eŋu ade goe.
33 The wise among the people will make many understand. But they will stumble by the sword and by flame; they will stumble into captivity and into being robbed for days.
“Nunyalawo afia nu ame geɖewo, togbɔ be le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, woatsi yi nu alo woatɔ dzo wo alo woalé wo loo alo aha wo hã.
34 In their stumbling, they will be helped with a little help. In hypocrisy many will join themselves with them.
Ne wodze anyi la, woakpe ɖe wo ŋu vie eye ame geɖe siwo metoa nyateƒe o la aku ɖe wo ŋu.
35 Some of the wise will stumble so that refining will happen to them, and cleansing, and purifying, until the time of the end. For the appointed time is still to come.
Nunyalawo dometɔ aɖewo akli nu, ale be woate ŋu atsɔ dzo alolõ wo, aɖe ɖiƒoƒo ɖa le wo me eye woawɔ wo dzadzɛe va se ɖe nuwuwu ƒe ɣeyiɣi la naɖo elabena nuwuwu la ava le ɣeyiɣi si woɖo ɖi la dzi.
36 The king will act according to his desires. He will lift himself up and make himself great above every god. Against the God of gods he will say astonishing things, for he will succeed until the wrath is completed. For what has been decreed will be done.
“Fia la awɔ nu si adze eŋu. Ado eɖokui ɖe dzi eye wòawɔ eɖokui gãe wu mawu ɖe sia ɖe ale be wòagblɔ nya masekpɔwo ɖe mawuwo dzi Mawu la ŋuti. Nuwo adze edzi nɛ va se ɖe dziku ɣeyiɣiawo ƒe nuwuwu elabena ele be woawu nu si woɖo ɖi la nu.
37 He will pay no attention to the gods of his ancestors or to the god desirable to women. Neither will he will pay attention to any other god. For all above every one he will make himself great.
Made bubu aɖeke fofoawo ƒe mawuwo, ame siwo nyɔnuwo dina vevie loo alo ade bubu mawu bubu aɖeke ŋu o, ke boŋ akɔ eɖokui ɖe dzi wu wo katã.
38 He will honor the god of fortresses instead of these. It is a god whom his fathers did not acknowledge that he will honor with gold and silver, with precious stones and valuable gifts.
Le woawo teƒe la, ade bubu mɔ sesẽ la ƒe mawu ŋu, mawu si fofoawo menya o. Mawu sia ŋue wòatsɔ sika, klosalo, kpe xɔasiwo kple nunana xɔasiwo ade bubue.
39 He will attack the strongest fortresses with the help of a foreign god. To anyone who acknowledges him, he will give much honor. He will make them rulers over many people, and he will divide up the land as a reward.
Ava dze mɔ sesẽtɔwo kekeakewo dzi to dzromawu aɖe ƒe kpekpeɖeŋu me eye wòade bubu gã aɖe ame siwo xɔe la ŋuti. Atsɔ wo aɖo amegãwoe ɖe ame geɖewo nu eye wòama anyigba la na wo woaxe fe ɖe eta.
40 At the time of the end the king of the South will attack. The king of the North will storm against him with chariots and horsemen, and with many ships. He will go against lands, flood them, and pass through.
“Ne eƒe nuwuwu ɖo vɔ la, Dziehefia akpe aʋa kplii eye Anyiehefia ava kpee kple tasiaɖamwo, sɔdosrafowo kple tɔdziʋumesrafowo ƒe ha gã aɖe. Ava dze dukɔ geɖewo dzi eye wòazɔ wo dzi abe tsiɖɔɖɔ ene.
41 He will go into the land of beauty, and tens of thousands of Israelites will fall. But these will escape from his hand: Edom, Moab, and the remainder of the people of Ammon.
Ava dze Anyigba Nyui la hã dzi. Dukɔ geɖewo atsrɔ̃ gake woaɖe Edom kple Moab kple Amon ƒe dumegãwo tso eƒe asi me.
42 He will extend his hand into lands; the land of Egypt will not be rescued.
Eƒe ŋusẽ akeke ɖe dukɔ geɖewo dzi. Egiptenyigba hã mato le eme o.
43 He will have control over the treasures of gold and of silver, and over all the riches of Egypt; the Libyans and the Cushites will be in his footsteps.
Akeke ɖe Egipte ƒe sika, klosalo kple kesinɔnu veviwo nu eye Libiatɔwo kple Kustɔwo hã ana ta
44 But news from the east and the north will frighten him, and he will go out with great rage to completely destroy and to set many apart for destruction.
gake nyadzɔdzɔ siwo atso ɣedzeƒe kple anyiehe wòase la ado ŋɔdzi gã aɖe nɛ ale be wòaho kple dziku helĩhelĩ be wòagblẽ wo eye wòatsrɔ̃ geɖewo.
45 He will set up the tent of his royal residence between the seas and the mountain of the beauty of holiness. He will come to his end, and there will be no helper for him.
Atu eƒe fiagbadɔ ɖe atsiaƒu kple to kɔkɔe nyui la dome. Ke hã la, eƒe nuwuwu aɖo eye ame aɖeke maxɔ nɛ o.”