< Psalms 73 >

1 A Melody of Asaph. Nothing but good, is God, Unto Israel, Unto the pure in heart.
Asaf ƒe ha. Vavã, Mawu wɔ nyui na Israel kple ame siwo dza le woƒe dzi me.
2 But, as for me, —My feet had, almost stumbled, My steps had, well-nigh slipped;
Ke nye la, nye afɔ ɖiɖi kloe, eye esusɔ vie ko medze anyi.
3 For I was envious of the boasters, At the prosperity of the lawless, used I to look.
Elabena mebiã ŋu ɖokuiŋudzela esi mekpɔ ale si nu le edzi dzem na ame vɔ̃ɖiwoe.
4 For they have no pangs in their death, And vigorous is their body;
Hiãkame aɖeke mele wo dzi o, eye wole lãmesẽ kple dedinɔnɔ me.
5 Of the toil of weak mortals, have they none, Nor, with the sons of earth, are they hard smitten.
Wovo tso agba siwo tena ɖe amewo dzi la me, eye amegbetɔwo ƒe hiãtuame aɖeke mele wo dzi o.
6 For this cause, doth arrogance deck them as a neck-chain, And a garment of wrong is their attire;
Eya ta dada nye woƒe kɔga, eye wodo nu vɔ̃ɖi wɔwɔ abe awu ene.
7 Their iniquity, hath proceeded from fatness, They have surpassed the imaginations of the heart;
Dzidada dona tso woƒe dzi si ku atri la me, eye seɖoƒe meli na woƒe susu ƒe nu vɔ̃ɖiwo ɖoɖo o.
8 They mock, and wickedly command oppression, From on high, they command;
Woɖua fewu, ƒoa nu vlodoametɔe, eye le woƒe dada me la, woklẽa ŋku ɖe amewo be woabɔbɔ na wo.
9 They have set, in the heavens, their mouth, And, their tongue, marcheth through the earth.
Woƒe nuwo xɔ dziƒo wɔ wo tɔe, eye woƒe aɖewo xɔ anyigba wòzu wo tɔ.
10 Therefore must his people return thither, And, the waters of abundance, are drained by them;
Eya ta woƒe amewo trɔ ɖe wo gbɔ, eye wono tsi fũu.
11 And they say—How doth GOD know? And is there knowledge in the Most High?
Wogblɔ be, “Aleke Mawu awɔ anya? Ɖe nunya le Dziƒoʋĩtɔ la sia?”
12 Lo! these, are the lawless, Who are secure for an age, They have attained unto wealth.
Aleae ame vɔ̃ɖiwo le, wole ablɔɖe me ɣe sia ɣi, eye wodzia woƒe kesinɔnuwo ɖe edzi.
13 Altogether in vain, Have I cleansed my heart, And bathed in pureness, my hands;
Nyateƒee, dzodzro ko wònye be mewɔ nye dzi dzadzɛ, eye dzodzroe meklɔ nye asi ɖe fɔmaɖimaɖi me.
14 And yet been smitten all the day, And been rebuked morning by morning!
Mekpea fu ŋkeke blibo la, eye ŋdi sia ŋdi wohea to nam.
15 If I had thought, I will relate it thus, Lo! the circle of thy sons, had I betrayed.
Ɖe megblɔ be, “Ale maƒo nui nye si” la, anye ne mede viwòwo asi.
16 When I reasoned, that I might understand this, A vexation, it was in mine eyes:
Enye teteɖeanyi gã aɖe te menɔ esi medze agbagba be mase nu siawo gɔme,
17 Until I could enter the holy places of God, —Could give heed to their hereafter: —
va se ɖe esime mege ɖe Mawu ƒe Kɔkɔeƒe la, tete mese afi si woawu nu ɖo la gɔme.
18 Surely, in slippery places, dost thou set them, —Thou hast suffered them to fall into places of danger.
Vavã, ètsɔ wo ɖo didiƒe, eye nètsɔ wo xlã ɖe anyi wogblẽ keŋkeŋ.
19 How have they become desolate, as in a moment! They have ceased—come to an end, by reason of calamities.
Aleke wohetsrɔ̃ kpata ale, ŋɔdzi kplɔ wo dzoe kaba ŋutɔ!
20 As the dream of him that waketh, O my Lord! when rousing thyself up, their shadowy being, wilt thou despise.
O! Aƒetɔ, abe ale si drɔ̃e nɔna ne ame nyɔ tso alɔ̃ me ene la, do vlo wo abe drɔ̃e manyatalenu ene.
21 But my heart had grown embittered, And, in my reins, had I received wounds;
Esi nye dzi bi ɖe dɔ me nam, eye nye gbɔgbɔ se veve la,
22 But, I, was brutish, and could not perceive, Like the beasts, had I become before thee.
mezu bometsila kple numanyala, eye mele abe lã tagbɔkukutɔ ene le ŋkuwò me.
23 Nevertheless, I, am continually before thee, Thou hast taken hold of my right hand;
Ke mele gbɔwò ɣe sia ɣi, eye nèlé nye ɖusibɔ ɖe asi.
24 By thy counsel, wilt thou guide me, And, afterwards, unto glory, wilt thou take me.
Èkplɔm le wò aɖaŋudede nu, eye àkplɔm emegbe ayi wò ŋutikɔkɔe mee.
25 Whom have I in the heavens? And, compared with thee, there is nothing I desire on earth.
Ame kae le dziƒo nam, negbe wò ko? Naneke mele anyigba si medi kpe ɖe ŋuwò o.
26 Failed have my flesh and my heart, The rock of my heart—and my portion, is God unto times age-abiding.
Nye ŋutilã kple nye dzi nu ava yi, gake Mawue nye nye dzi ƒe ŋusẽ kple nye gomekpɔkpɔ tegbetegbe.
27 For lo! they who are far from thee, shall perish, Thou hast put an end to every one who wandered unchastely from thee.
Ame siwo le adzɔge tso gbɔwò la atsrɔ̃, elabena ètsrɔ̃ ame siwo katã meto nyateƒe na wo o.
28 But, as for me, the drawing near of God, is my blessedness, —I have made, of My Lord Yahweh, my refuge, —That I may recount all thy works.
Ke nye ya la, enyo be mate ɖe Mawu ŋu. Aƒetɔ Yehowae mewɔ nye sitsoƒee, maxlẽ wò nuwɔwɔwo katã afia.

< Psalms 73 >