< John 21 >
1 After these things Jesus manifested himself again to the disciples at the sea of Tiberias; and he manifested [himself] on this wise.
Emegbe la, Yesu gaɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃lawo le Tiberias Ƒu la to.
2 There were together Simon Peter, and Thomas called Didymus, and Nathanael of Cana in Galilee, and the [sons] of Zebedee, and two other of his disciples.
Eva dzɔ be, Simɔn Petro, Toma (si wogayɔna be Didymus), Nataniel si tso Kana le Galilea kple Zebedeo ƒe viwo hekpe ɖe nusrɔ̃la eve bubu ŋu wonɔ ƒuta.
3 Simon Peter saith unto them, I go a fishing. They say unto him, We also come with thee. They went forth, and entered into the boat; and that night they took nothing.
Simɔn Petro gblɔ be, “Meyina tɔƒo.” Wogblɔ be, “Míayi kpli wò.” Ale woyi ɖage ɖe tɔdziʋu la me, gake womeɖe lã aɖeke le zã ma me o.
4 But when day was now breaking, Jesus stood on the beach: howbeit the disciples knew not that it was Jesus.
Le ŋdi me la, Yesu nɔ tsitre ɖe ƒua ta, gake nusrɔ̃lawo menya be Yesue nye ema o.
5 Jesus therefore saith unto them, Children, have ye aught to eat? They answered him, No.
Yesu yɔ wo be, “Xɔ̃nyewo, mieɖe lã aɖeke oa?” Woɖo eŋu be, “Ao, míeɖe naneke o.”
6 And he said unto them, Cast the net on the right side of the boat, and ye shall find. They cast therefore, and now they were not able to draw it for the multitude of fishes.
Egblɔ na wo be, “Mida miaƒe ɖɔ la ɖe ʋua ƒe nuɖusime lɔƒo, eye miaɖe lã.” Esi woda ɖɔa la, woɖe lã fũu ale gbegbe be womete ŋu he ɖɔ la o.
7 That disciple therefore whom Jesus loved saith unto Peter, It is the Lord. So when Simon Peter heard that it was the Lord, he girt his coat about him (for he was naked), and cast himself into the sea.
Ale nusrɔ̃la si Yesu lɔ̃na vevie la gblɔ na Simɔn Petro be, “Kpɔ ɖa, Aƒetɔ lae!” Esi Petro se nya sia teti ko la, etsɔ eƒe awu do kaba (elabena eɖee), eye wòti kpo dze tɔ la me.
8 But the other disciples came in the little boat (for they were not far from the land, but about two hundred cubits off), dragging the net [full] of fishes.
Nusrɔ̃la mamlɛawo nɔ ʋu la me dze eyome, eye wohe ɖɔ si yɔ fũu kple lã la, elabena gota medidi tso wo gbɔ o; anɔ abe mita alafa ɖeka ko ene.
9 So when they got out upon the land, they see a fire of coals there, and fish laid thereon, and bread.
Esi woɖi go la, wokpɔ be wodo dzo ɖe afi ma, nɔ lã aɖewo mem, eye abolo hã kpe ɖe eŋu.
10 Jesus saith unto them, Bring of the fish which ye have now taken.
Yesu gblɔ na wo be, “Mitsɔ lã si mieɖe fifia la ƒe ɖe vɛ.”
11 Simon Peter therefore went up, and drew the net to land, full of great fishes, a hundred and fifty and three: and for all there were so many, the net was not rent.
Simɔn Petro ge ɖe ʋu la me, eye wòkpe ɖe wo ŋu wohe ɖɔ la va gota. Lã gãwo yɔ ɖɔ la fũu eye esi woxlẽ wo la, wonɔ alafa ɖeka blaatɔ̃-vɔ-etɔ̃ gake ɖɔ la mevuvu o.
12 Jesus saith unto them, Come [and] break your fast. And none of the disciples durst inquire of him, Who art thou? knowing that it was the Lord.
Yesu gblɔ na wo be, “Miva ɖu nu.” Ke wo dometɔ aɖeke mete ŋu biae be, “Ame ka nènye” o. Wonya be Aƒetɔ lae.
13 Jesus cometh, and taketh the bread, and giveth them, and the fish likewise.
Yesu va tsɔ abolo la kple lã la na wo.
14 This is now the third time that Jesus was manifested to the disciples, after that he was risen from the dead.
Esia nye zi etɔ̃lia Yesu ɖe eɖokui fia nusrɔ̃lawo esi wòfɔ tso ame kukuwo dome.
15 So when they had broken their fast, Jesus saith to Simon Peter, Simon, [son] of John, lovest thou me more than these? He saith unto him, Yea, Lord; thou knowest that I love thee. He saith unto him, Feed my lambs.
Esi woɖu nua vɔ la, Yesu bia Simɔn Petro be, “Simɔn, Yohanes ƒe vi, èlɔ̃m wu ame siawoa?” Petro ɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, Aƒetɔ, ènya be melɔ̃ ye.” Yesu gblɔ nɛ be, “Ekema nyi nye alẽawo.”
16 He saith to him again a second time, Simon, [son] of John, lovest thou me? He saith unto him, Yea, Lord; thou knowest that I love thee. He saith unto him, Tend my sheep.
Yesu gabiae be, “Simɔn, Yohanes ƒe vi, elɔ̃m vavã?” Petro ɖo eŋu be, “Ɛ̃, Aƒetɔ, ènya be melɔ̃ ye.” Yesu gblɔ nɛ be, “Ekema lé be na nye alẽawo.”
17 He saith unto him the third time, Simon, [son] of John, lovest thou me? Peter was grieved because he said unto him the third time, Lovest thou me? And he said unto him, Lord, thou knowest all things; thou knowest that I love thee. Jesus saith unto him, Feed my sheep.
Yesu gabiae zi etɔ̃lia be, “Simɔn, Yohanes ƒe vi, èlɔ̃m mahã?” Biabia etɔ̃lia sia ve Petro, elabena Yesu biae zi etɔ̃lia be, “Èlɔ̃m mahã?” Ke Petro ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, ènya nu sia nu, eye ènya be melɔ̃ ye.” Yesu gblɔ nɛ be, “Nyi nye alẽawo.
18 Verily, verily, I say unto thee, When thou wast young, thou girdedst thyself, and walkedst whither thou wouldest: but when thou shalt be old, thou shalt stretch forth thy hands, and another shall gird thee, and carry thee whither thou wouldest not.
Mele egblɔm na wò le nyateƒe me be, esi nènye ɖekakpui la, wò ŋutɔ èdoa awu hedoa go yia afi si nèlɔ̃ la, gake ne èku amegã la, àkɔ wò abɔwo dzi, eye ame bubu nado awu na wò, eye wòakplɔ wò ayi afi si mèdi be yeayi o la.”
19 Now this he spake, signifying by what manner of death he should glorify God. And when he had spoken this, he saith unto him, Follow me.
Yesu gblɔ nya sia nɛ be wòatsɔ afia ku si ƒomevi ku ge wòala atsɔ aɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe afia. Emegbe la, Yesu gblɔ nɛ be, “Dze yonyeme.”
20 Peter, turning about, seeth the disciple whom Jesus loved following; which also leaned back on his breast at the supper, and said, Lord, who is he that betrayeth thee?
Esi Petro trɔ la, ekpɔ nusrɔ̃la si Yesu lɔ̃na la wòkplɔ wo ɖo. (Nusrɔ̃la siae ziɔ ɖe Yesu ŋu le nuɖuƒe la hebiae be, “Aƒetɔ, mía dometɔ kae ade wò asi?”)
21 Peter therefore seeing him saith to Jesus, Lord, and what shall this man do?
Esi Petro kpɔe la, ebia be, “Aƒetɔ, ekema ame sia ya ɖe?”
22 Jesus saith unto him, If I will that he tarry till I come, what [is that] to thee? follow thou me.
Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ne medi be wòanɔ agbe va se ɖe esime matrɔ ava la, wò nyaea? Wò la dze yonyeme.”
23 This saying therefore went forth among the brethren, that that disciple should not die: yet Jesus said not unto him, that he should not die; but, If I will that he tarry till I come, what [is that] to thee?
Ke nya sia kaka ɖe nɔvia nusrɔ̃la bubuwo dome be nusrɔ̃la sia mele kuku ge o. Ke Yesu megblɔ be mele kuku ge o; ɖeko wògblɔ be, “Ne medi be wòanɔ agbe va se ɖe esime matrɔ ava la, wò nyaea?”
24 This is the disciple which beareth witness of these things, and wrote these things: and we know that his witness is true.
Nusrɔ̃la siae ɖi ɖase tso nu siawo ŋuti. Ekpɔ nu siawo katã teƒe tsitotsito, eye wòŋlɔ wo da ɖi. Eye mí katã míenya be eƒe ɖaseɖiɖi nye nyateƒe.
25 And there are also many other things which Jesus did, the which if they should be written every one, I suppose that even the world itself would not contain the books that should be written.
Yesu wɔ nu bubu geɖewo hã. Ne woaŋlɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe da ɖi la, mesusu be xexea me katã gɔ̃ hã melolo agbalẽ siawo nanɔ o.