< John 20 >

1 Now on the first [day] of the week cometh Mary Magdalene early, while it was yet dark, unto the tomb, and seeth the stone taken away from the tomb.
Le Kɔsiɖagbe ŋdi kanya, esi xexea me mekɔ vɔ tututu o la, Maria si tso Magdala la yi yɔdo la gbɔ, eye wòkpɔ be womli kpe si nɔ yɔdo la nu la ɖa.
2 She runneth therefore, and cometh to Simon Peter, and to the other disciple, whom Jesus loved, and saith unto them, They have taken away the Lord out of the tomb, and we know not where they have laid him.
Eƒu du yi Simɔn Petro kple nusrɔ̃la ma si Yesu lɔ̃ vevie la gbɔ, eye wògblɔ na wo be, “Wova ɖe Aƒetɔ la ƒe kukua le yɔdo la me, eye míenya afi si wokɔe yi ɖada ɖo o!”
3 Peter therefore went forth, and the other disciple, and they went toward the tomb.
Ale Petro kple nusrɔ̃la ma si Yesu lɔ̃ la tso kpla yi ɖe yɔdo la gbɔ.
4 And they ran both together: and the other disciple outran Peter, and came first to the tomb;
Wo ame eve la nɔ du ƒum, gake nusrɔ̃la kemɛ la ƒu du gbɔ Petro ŋu hetre yɔdo la gbɔ ɖoɖo.
5 and stooping and looking in, he seeth the linen cloths lying; yet entered he not in.
Ebɔbɔ kpɔ yɔdo la me, ke ekpɔ ameɖivɔ la le yɔdo la me, gake mege ɖe eme o.
6 Simon Peter therefore also cometh, following him, and entered into the tomb; and he beholdeth the linen cloths lying,
Simɔn Petro hã va ɖo, eye wòge ɖe yɔdo la me. Eya hã kpɔ avɔ ɣi ƒuƒlu la le anyigba,
7 and the napkin, that was upon his head, not lying with the linen cloths, but rolled up in a place by itself.
kple taku si wotsɔ bla Yesu ƒe tae la; woxatsae nyuie tsɔ da ɖe yɔdo la ƒe axadzi.
8 Then entered in therefore the other disciple also, which came first to the tomb, and he saw, and believed.
Nusrɔ̃la ma si ɖo yɔdo la gbɔ gbã la hã ge ɖe eme mlɔeba. Ekpɔe, eye wòxɔe se be, etsi tsitre vavã.
9 For as yet they knew not the scripture, that he must rise again from the dead.
(Elabena va se ɖe ɣe ma ɣi hã la, womese egɔme le mawunya me be Yesu atsi tsitre tso ame kukuwo dome o.)
10 So the disciples went away again unto their own home.
Azɔ nusrɔ̃lawo trɔ yi aƒe me.
11 But Mary was standing without at the tomb weeping: so, as she wept, she stooped and looked into the tomb;
Ke Maria tɔ ɖe yɔdo la to nɔ avi fam. Esi wònɔ avi fam la, ebɔbɔ be yeakpɔ yɔdo la me ɖa,
12 and she beholdeth two angels in white sitting, one at the head, and one at the feet, where the body of Jesus had lain.
kasia ekpɔ mawudɔla eve siwo nɔ awu ɣiwo me la le yɔdo la me wonɔ anyi ɖe teƒe si Yesu ƒe ŋutilã kukua nɔ; ɖeka nɔ tade, eye evelia nɔ afɔde.
13 And they say unto her, Woman, why weepest thou? She saith unto them, Because they have taken away my Lord, and I know not where they have laid him.
Wobiae be, “Nyɔnu, nu ka ta nèle avi fam ɖo?” Eɖo eŋu na wo be, “Wokɔ nye Aƒetɔ la dzoe, eye nyemenya afi si wokɔe da ɖo o.”
14 When she had thus said, she turned herself back, and beholdeth Jesus standing, and knew not that it was Jesus.
Enye kɔ kpɔ megbe, eye wòkpɔ Yesu wònɔ tsitre ɖe emegbe, gake menya be Yesue o.
15 Jesus saith unto her, Woman, why weepest thou? whom seekest thou? She, supposing him to be the gardener, saith unto him, Sir, if thou hast borne him hence, tell me where thou hast laid him, and I will take him away.
Yesu biae be, “Nyɔnu, nu ka ta nèle avi fam ɖo? Ame ka dim nèle?” Maria bu be eyae nye abɔdzikpɔla, eya ta wòɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, nenye wòe va kɔe le afi sia la, gblɔ afi si nèkɔe da ɖo la nam be mayi aɖakɔe.”
16 Jesus saith unto her, Mary. She turneth herself, and saith unto him in Hebrew, Rabboni; which is to say, Master.
Yesu yɔe be, “Maria!” Enumake Maria trɔ ɖe Yesu ŋu, eye wòyɔe le Hebrigbe me be, “Raboni!” (si gɔmee nye “Nufiala”).
17 Jesus saith to her, Touch me not; for I am not yet ascended unto the Father: but go unto my brethren, and say to them, I ascend unto my Father and your Father, and my God and your God.
Yesu gblɔ nɛ be, “Mègaka asi ŋunye o, elabena nyemetrɔ yi Fofo la gbɔ haɖe o. Yi nɔvinyewo gbɔ ne nàgblɔ na wo be meyina ɖe Fofonye kple miawo hã Fofo, nye Mawu kple miawo hã ƒe Mawu gbɔ.”
18 Mary Magdalene cometh and telleth the disciples, I have seen the Lord; and [how that] he had said these things unto her.
Maria Magdalatɔ la yi nusrɔ̃lawo gbɔ, eye wògblɔ na wo be, “Mekpɔ Aƒetɔ la,” eye wògblɔ nya siwo Yesu gblɔ nɛ la na wo.
19 When therefore it was evening, on that day, the first [day] of the week, and when the doors were shut where the disciples were, for fear of the Jews, Jesus came and stood in the midst, and saith unto them, Peace [be] unto you.
Le Kɔsiɖa ma ƒe fiẽ me la, nusrɔ̃lawo ɣla wo ɖokuiwo ɖe xɔ me. Wotu ʋɔtru kple fesrewo katã elabena wonɔ vɔvɔ̃m na Yudatɔwo. Yesu va do ɖe wo dome, eye wògblɔ na wo be, “Ŋutifafa na mi.”
20 And when he had said this, he shewed unto them his hands and his side. The disciples therefore were glad, when they saw the Lord.
Esi wògblɔ esia la, etsɔ eƒe asiwo kple axadame fia wo. Nusrɔ̃lawo kpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe esi wokpɔ Aƒetɔ la.
21 Jesus therefore said to them again, Peace [be] unto you: as the Father hath sent me, even so send I you.
Yesu gagblɔ na wo be, “Ŋutifafa na mi. Abe ale si Fofo la dɔm ene la, nenema nye hã mele mia dɔm.”
22 And when he had said this, he breathed on them, and saith unto them, Receive ye the Holy Ghost:
Le esia megbe la, egbɔ ɖe wo dzi, eye wògblɔ be, “Mixɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.
23 whose soever sins ye forgive, they are forgiven unto them; whose soever [sins] ye retain, they are retained.
Ne mietsɔ ame aɖe ƒe nu vɔ̃wo kee la, ekpɔ tsɔtsɔke; ne mietsɔe ke ame aɖe o la, makpɔ tsɔtsɔke o.”
24 But Thomas, one of the twelve, called Didymus, was not with them when Jesus came.
Toma, nusrɔ̃la wuieveawo dometɔ ɖeka (si wogayɔna be Didymus) la menɔ nusrɔ̃lawo dome hafi Yesu va o.
25 The other disciples therefore said unto him, We have seen the Lord. But he said unto them, Except I shall see in his hands the print of the nails, and put my finger into the print of the nails, and put my hand into his side, I will not believe.
Esi wòva la, nusrɔ̃la mamlɛawo gblɔ nɛ be, “Míekpɔ Aƒetɔ la.” Ke Toma gblɔ na wo be, “Va se ɖe esime metsɔ nye asibidɛ ƒo ɖe eƒe gatagbadzɛbiawo me, eye metsɔ nye asi ƒo ɖe abi si le axadame nɛ me la, nyemaxɔe se o.”
26 And after eight days again his disciples were within, and Thomas with them. Jesus cometh, the doors being shut, and stood in the midst, and said, Peace [be] unto you.
Anɔ abe ŋkeke enyi megbe ene la, nusrɔ̃lawo gaƒo ƒu ɖe xɔ me, tu ʋɔ ɖe wo ɖokuiwo nu, eye Toma hã nɔ wo dome. Togbɔ be ʋɔtruawo nɔ tutu hã la, Yesu va tsi tsitre ɖe wo dome, eye wògblɔ be, “Ŋutifafa na mi.”
27 Then saith he to Thomas, Reach hither thy finger, and see my hands; and reach [hither] thy hand, and put it into my side: and be not faithless, but believing.
Emegbe la, egblɔ na Toma be, “Tsɔ wò asibidɛ ƒo ɖe afi sia; kpɔ nye asiwo ɖa. Tsɔ wò asi de nye axadame. Dzudzɔ ɖikeke, eye nàxɔe se.”
28 Thomas answered and said unto him, My Lord and my God.
Toma gblɔ be, “Nye Aƒetɔ kple nye Mawu!”
29 Jesus saith unto him, Because thou hast seen me, thou hast believed: blessed [are] they that have not seen, and [yet] have believed.
Yesu gblɔ nɛ be, “Esi nèkpɔm la, èxɔe se, ke woayra ame siwo mekpɔm o, gake woxɔ dzinye se.”
30 Many other signs therefore did Jesus in the presence of the disciples, which are not written in this book:
Yesu wɔ nukunu kple dzesi geɖewo le nusrɔ̃lawo ƒe ŋkume, esiwo womeŋlɔ ɖe agbalẽ sia me o.
31 but these are written, that ye may believe that Jesus is the Christ, the Son of God; and that believing ye may have life in his name.
Ke woŋlɔ esiawo da ɖi be miaxɔe se be Yesue nye Kristo la kple Mawu ƒe Vi la, eye ne miexɔe se la, miakpɔ agbe le eƒe ŋkɔ me.

< John 20 >