< 2 Kings 24 >

1 In his days Nebuchadnezzar king of Babylon came up, and Jehoiakim became his servant three years: then he turned and rebelled against him.
Le Fia Yehoyakim ƒe fiaɖuɖu me la, Babilonia fia Nebukadnezar va dze anyigba la dzi eye Yehoyakim va zu etenɔla ƒe etɔ̃. Le esia megbe la, etrɔ susu eye wòdze aglã ɖe Nebukadnezar ŋu.
2 And the LORD sent against him bands of the Chaldeans, and bands of the Syrians, and bands of the Moabites, and bands of the children of Ammon, and sent them against Judah to destroy it, according to the word of the LORD, which he spake by the hand of his servants the prophets.
Yehowa ɖo adzohawo ɖa tso Kaldeatɔwo, Siriatɔwo, Moabtɔwo kple Amonitɔwo dome be woatsrɔ̃ dukɔ la abe ale si Yehowa gblɔe to eƒe Nyagblɔɖilawo dzi be yeawɔ ene.
3 Surely at the commandment of the LORD came this upon Judah, to remove them out of his sight, for the sins of Manasseh, according to all that he did;
Nu siawo dzɔ ɖe Yuda dzi le Yehowa ƒe ɖoɖo nu ale be yeaɖe wo ɖa le yeƒe ŋkume le Manase ƒe nu vɔ̃ kple nu siwo katã wòwɔ la ta.
4 and also for the innocent blood that he shed; for he filled Jerusalem with innocent blood: and the LORD would not pardon.
Nu siawoe nye ʋu maɖifɔwo kɔkɔ ɖi elabena ekɔ ʋu maɖifɔ geɖewo ɖi le Yerusalem eye Yehowa medi be yeatsɔ nu vɔ̃ sia akee o.
5 Now the rest of the acts of Jehoiakim, and all that he did, are they not written in the book of the chronicles of the kings of Judah?
Woŋlɔ Yehoyakim ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
6 So Jehoiakim slept with his fathers: and Jehoiachin his son reigned in his stead.
Esi Yehoyakim ku la, via Yehoyatsin ɖu fia ɖe eteƒe.
7 And the king of Egypt came not again any more out of his land: for the king of Babylon had taken, from the brook of Egypt unto the river Euphrates, all that pertained to the king of Egypt.
Egipte fia Farao megatrɔ gbɔ emegbe o elabena Babilonia fia yi ɖanɔ anyigba si Egipte fia gblɔ be enye ye tɔ la dzi. Teƒe siawo nye Yudanyigba blibo la tso Egipte tɔsisi la to yi ɖatɔ Frat tɔsisi la.
8 Jehoiachin was eighteen years old when he began to reign; and he reigned in Jerusalem three months: and his mother’s name was Nehushta the daughter of Elnathan of Jerusalem.
Yehoyatsin xɔ ƒe wuienyi esi wòzu fia; eɖu fia le Yerusalem ɣleti etɔ̃. Dadae nye Nehusta, Elnatan ƒe vinyɔnu. Etso Yerusalem
9 And he did that which was evil in the sight of the LORD, according to all that his father had done.
Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume abe ale si fofoa wɔ ene.
10 At that time the servants of Nebuchadnezzar king of Babylon came up to Jerusalem, and the city was besieged.
Esi Yehoyakin nye fia la, Babilonia fia Nebukadnezar ƒe asrafowo ɖe to ɖe Yerusalem.
11 And Nebuchadnezzar king of Babylon came unto the city, while his servants were besieging it;
Esi woɖe to ɖe dua vɔ la, Nebukadnezar ŋutɔ va ɖo Yerusalem,
12 and Jehoiachin the king of Judah went out to the king of Babylon, he, and his mother, and his servants, and his princes, and his officers: and the king of Babylon took him in the eighth year of his reign.
eye Yuda fia, Yehoyatsin, viawo, eƒe aɖaŋudelawo, sãmedɔwɔlawo kple fia dada na ta. Nebukadnezar lɔ̃ ɖe tanana la dzi eye wòlé Fia Yehoyatsin yi ɖade gaxɔ me le Babilonia le Nebukadnezar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enyilia me.
13 And he carried out thence all the treasures of the house of the LORD, and the treasures of the king’s house, and cut in pieces all the vessels of gold which Solomon king of Israel had made in the temple of the LORD, as the LORD had said.
Babiloniatɔwo lɔ kesinɔnuwo katã tso gbedoxɔ la kple fiasã la me hekpe ɖe sikagba siwo katã Israel fia, Solomo, da ɖe gbedoxɔ la me ŋu le Yehowa ƒe ɖoɖo nu.
14 And he carried away all Jerusalem, and all the princes, and all the mighty men of valour, even ten thousand captives, and all the craftsmen and the smiths; none remained, save the poorest sort of the people of the land.
Fia Nebukadnezar ɖe aboyo ame akpe ewo tso Yerusalem. Fiaŋumewo katã kple asrafo nyuitɔwo kple aɖaŋudɔwɔlawo kple nutala nyuitɔwo hã nɔ aboyomeawo dome. Ale ame siwo menya dɔwɔna aɖeke tututu o la ko wogblẽ ɖe anyigba la dzi.
15 And he carried away Jehoiachin to Babylon; and the king’s mother, and the king’s wives, and his officers, and the chief men of the land, carried he into captivity from Jerusalem to Babylon.
Fia Nebukadnezar kplɔ Fia Yehoyatsin, srɔ̃awo kple eƒe aɖaŋudelawo kple dadaa yi Babilonia.
16 And all the men of might, even seven thousand, and the craftsmen and the smiths a thousand, all of them strong and apt for war, even them the king of Babylon brought captive to Babylon.
Ekplɔ asrafo nyuitɔ akpe adre kpe ɖe aɖaŋudɔwɔla kple nutala akpe ɖeka ŋu. Ame siawo katã nye ame sesẽ siwo ate ŋu awɔ aʋa.
17 And the king of Babylon made Mattaniah his father’s brother king in his stead, and changed his name to Zedekiah.
Babilonia fia tsɔ Fia Yehoyatsin ƒe nyruiyɔvi, Matania ɖo fiae eye wòtrɔ ŋkɔ nɛ be Zedekia.
18 Zedekiah was twenty and one years old when he began to reign; and he reigned eleven years in Jerusalem: and his mother’s name was Hamutal the daughter of Jeremiah of Libnah.
Zedekia xɔ ƒe blaeve-vɔ-ɖekɛ esi wòzu fia. Eɖu fia le Yerusalem ƒe wuiɖekɛ. Dadae nye Hamutal, Yeremia ƒe vinyɔnu eye wòtso Libna.
19 And he did that which was evil in the sight of the LORD, according to all that Jehoiakim had done.
Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume abe ale si Yehoyakim wɔe ene.
20 For through the anger of the LORD did it come to pass in Jerusalem and Judah, until he had cast them out from his presence: and Zedekiah rebelled against the king of Babylon.
Yehowa ƒe dziku tae nu siawo katã va Yerusalem kple Yuda dzi ɖo. Eye le nuwuwu la, eɖe wo ɖa le eƒe ŋkuta. Ke azɔ la, Zedekia dze aglã ɖe Babilonia fia ŋuti.

< 2 Kings 24 >