< Psalms 74 >
1 “A psalm of Asaph.” O God! why hast thou cast us off for ever? Why doth thine anger smoke against the flock of thy pasture?
Asaf ƒe nufiameha. O! Mawu, nu ka ŋuti nègble mí ɖi ɖikaa? Nu ka ta wò dɔmedzoe bi ɖe wò alẽ siwo le wò lãnyiƒe ŋuti?
2 Remember the people which thou didst purchase of old; Thine own inheritance, which thou didst redeem; That Mount Zion, where thou once didst dwell!
Ɖo ŋku ame siwo nèƒle le blema, dukɔ si nye wò domenyinu, ame siwo nèɖe kple Zion, to afi si nènɔ la dzi.
3 Hasten thy steps to those utter desolations! Every thing in the sanctuary hath the enemy abused!
Trɔ ɖe gli siwo gbã ɖikaɖika la ŋu, gbegblẽ siawoe futɔ la he va wò teƒe kɔkɔe lae.
4 Thine enemies roar in the place of thine assemblies; Their own symbols have they set up for signs.
Wò futɔwo le gbe ɖem le afi si nèdo go mí le; wova tsi woƒe aflaga ɖe teƒe la be wòanye dzesi anɔ afi ma.
5 They appear like those who raise the axe against a thicket;
Wole nu wɔm abe ŋutsu siwo lé fia ɖe asi le ave dodowo me be woalã atiwo ene.
6 They have broken down the carved work of thy temple with axes and hammers;
Wotsɔ woƒe fiawo kple yiwo dza aɖaŋu siwo wowɔ ɖe gliawo ŋu.
7 They have cast fire into thy sanctuary; They have profaned, and cast to the ground, the dwelling-place of thy name.
Wotɔ dzo wò kɔkɔeƒe la wòbi va anyigba, eye wodo gu teƒe si wò Ŋkɔ nɔna.
8 They said in their hearts, “Let us destroy them all together!” They have burned all God's places of assembly in the land.
Wogblɔ le woƒe dzi me be, “Míagbã wo gudugudu!” Wotɔ dzo teƒe sia teƒe si wosubɔa Mawu le, le anyigba dzi.
9 We no longer see our signs; There is no prophet among us, Nor any one that knoweth how long this desolation shall endure.
Womegawɔa nukunu aɖeke na mí o; womegblẽ nyagblɔɖila aɖeke ɖi o eye mía dometɔ aɖeke menya ɣeyiɣi si nu sia nu ava yi o.
10 How long, O God! shall the adversary revile? Shall the enemy blaspheme thy name for ever?
O! Mawu, ɣe ka ɣi futɔ la aɖu fewu le ŋuwò ase ɖo? Ɖe ketɔ la ado vlo wò ŋkɔ tegbeea?
11 Why withdrawest thou thy hand, even thy right hand? Take it from thy bosom, and destroy!
Nu ka ta nèhe wò asi, wò nuɖusi ɖe megbe ɖo? Ɖe wò asi doe le wò awu te, eye nàtsrɔ̃ wo!
12 Yet God was our king of old, Working salvation in the midst of the earth.
Ke wò la, O Mawu, wòe nye fianye tso blema ke; wòe tsɔ ɖeɖe va anyigba la dzi.
13 Thou didst divide the sea by thy power; Thou didst crush the heads of the sea-monsters in the waters.
Wòe tsɔ wò ŋusẽ ma atsiaƒu, eye nègbã tɔmelã dziŋɔwo ƒe ta le tsiwo me.
14 Thou didst break in pieces the head of the crocodile; Thou gavest him for food to the inhabitants of the desert.
Wòe gbã Leviatan ƒe ta, eye nètsɔe wɔ nuɖuɖui na gbemelãwo.
15 Thou didst cleave forth the fountain and the stream; Thou didst dry up perennial rivers.
Wòe ʋu nu le tsitsetsewo kple tɔʋuwo nu wosi bababa, eye wòe na tɔ siwo sina ɖaa la mie.
16 Thine is the day, and thine the night; Thou didst prepare the light and the sun.
Ŋkeke nye tɔwò, eye zã hã tɔwòe; wòe wɔ ɣe kple ɣleti.
17 Thou didst establish all the boundaries of the earth; Thou didst make summer and winter.
Wòe ɖo liƒo na anyigba, eye wòe wɔ vuvɔŋɔli kple dzomeŋɔli.
18 O remember that the enemy hath reviled Jehovah; That an impious people hath blasphemed thy name!
O! Yehowa, ɖo ŋku ale si futɔ la do vlo wò kple ale si bometsilawo ɖe alɔme le wò ŋkɔ ŋuti la dzi.
19 Give not up the life of thy turtle-dove to the wild beast; Forget not for ever thine afflicted people!
Mègatsɔ wò akpakpa ƒe agbe de asi na lãwɔadãwo o, eye mègaŋlɔ wò hiãtɔwo ƒe gbe be ɖikaa o.
20 Have regard to thy covenant! For all the dark places of the land are full of the abodes of cruelty.
Tsɔ ɖe le wò nubabla la me, elabena ŋutasesẽ ƒe wɔnawo yɔ anyigba la ƒe ɣaɣlɛƒewo fũu.
21 O let not the afflicted go away ashamed! Let the poor and needy praise thy name!
Mègana ame siwo wote ɖe anyi la nate gbugbɔɖemegbe kple ŋukpe o; ke boŋ ame dahewo kple hiãtɔwo nekafu wò ŋkɔ.
22 Arise, O God! maintain thy cause! Remember how the impious revileth thee daily!
O! Mawu, tso eye nàʋli wò bubu ta; ɖo ŋku ale si bometsilawo le alɔme ɖem le ŋuwò ŋkeke blibo lae dzi.
23 Forget not the clamor of thine adversaries, —The noise of thine enemies, which continually increaseth!
Mègado toku wò futɔwo ƒe ʋunyaʋunyawɔwɔ, kple wò ketɔwo ƒe howɔwɔ si le dzi dem ɖaa la o.