< Psalms 132 >

1 “A psalm of the steps, or the goings up.” O LORD! remember David, And all his affliction!
Mɔzɔha. O! Yehowa, ɖo ŋku David kple fukpekpe siwo katã me wòto la dzi.
2 How he sware to Jehovah, And vowed to the Mighty One of Jacob:
Eka atam na Yehowa, eye wòɖe adzɔgbe na Yakob ƒe Ŋusẽtɔ la be,
3 “I will not go into my house, Nor lie down on my bed,
“Nyemage ɖe aƒenye me, alo aɖamlɔ nye aba dzi o.
4 I will not give sleep to my eyes, Nor slumber to my eyelids,
Nyemana nye ŋkuwo nadɔ alɔ̃, alo nye aɖaba nadɔ akɔlɔ̃e o,
5 Until I find a place for Jehovah, A habitation for the Mighty One of Jacob.”
va se ɖe esime mekpɔ teƒe na Yehowa kple nɔƒe na Yakob ƒe ŋusẽtɔ la.”
6 Behold, we heard of it at Ephratah; We found it in the fields of the forest.
Míesee le Efrata, eye míedo goe le Yaar gbegbe be,
7 Let us go into his habitation; Let us worship at his footstool!
“Mina míayi ɖe enɔƒe, mina míade ta agu ɖe eƒe afɔɖodzinu ŋgɔ.
8 Arise, O LORD! into thy rest, Thou, and the ark of thy strength!
O! Yehowa, tso, ne nàva wò gbɔɖemeƒe, wò kple wò ŋusẽ ƒe nubablaɖaka la gbɔ.
9 Let thy priests be clothed with righteousness, And thy holy ones shout for joy!
Wò nunɔlawo nedo dzɔdzɔenyenye ƒe awu, eye wò ame kɔkɔewo nedzi ha le dzidzɔkpɔkpɔ ta.”
10 For the sake of thy servant David, Reject not the prayer of thine anointed!
Le David, wò dɔla ta la, mègagbe wò amesiamina la o.
11 Jehovah hath sworn in truth unto David, And he will not depart from it: “Of the fruit of thy body will I place upon the throne for thee.
Yehowa ka atam na David; eka atam vavã si matu o la be, “Matsɔ wò ŋutɔ wò dzidzimevi aɖo fiae ɖe wò fiazikpui dzi.
12 If thy children keep my covenant, And my statutes, which I teach them, Their children also throughout all ages Shall sit upon thy throne.”
Nenema ke ne viwò ŋutsuwo lé nye nubabla kple nye se siwo mefia wo me ɖe asi la, ekema wo viwo anɔ wò fiazikpui dzi tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.”
13 For Jehovah hath chosen Zion; He hath desired it as his dwelling-place.
Elabena Yehowa tia Zion, eye wòtiae be wòanye ye nɔƒe be,
14 “This is my resting-place for ever; Here will I dwell, for I have chosen it.
“Esia nye nye gbɔɖemeƒe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, afi siae manɔ fiazikpui dzi le gli, elabena nye ŋutɔe tiae.”
15 I will abundantly bless her provision; I will satisfy her poor with bread.
Matsɔ nu nyui geɖewo ayrae, eye matsɔ nuɖuɖu aɖi ƒoe na eƒe ame dahewo.
16 I will also clothe her priests with salvation, And her holy ones shall shout aloud for joy.
Mado xɔxɔ ƒe awu na eƒe nunɔlawo, eye eƒe ame kɔkɔewo adzi ha le dzidzɔkpɔkpɔ ta tegbetegbe.
17 There will I cause to spring forth a horn for David; I have prepared a light for mine anointed.
“Le afi sia, mana dzo nado na David, eye masi akaɖi aɖo anyi na nye amesiamina la.
18 His enemies will I clothe with shame, And the crown shall glitter upon his head.”
Matsɔ ŋukpe ado na eƒe futɔwo, ke fiakuku si anɔ eƒe ta la, anɔ keklẽm.”

< Psalms 132 >