< Job 9 >
1 Then Job answered and said:
Hiob ɖo eŋu nɛ gblɔ be,
2 Of a truth, I know that it is so: For how can man be just before God?
“Vavã menya be esia nye nyateƒe, gake aleke amegbetɔ kodzogbea anɔ dzɔdzɔe le Mawu ŋkumee?
3 If he choose to contend with him, He cannot answer him to one charge of a thousand.
Togbɔ be anye ame ƒe didi be yeahe nya kplii hã la, mate ŋu aɖo nya ɖeka pɛ hã ŋu nɛ le nya akpe dome o.
4 He is excellent in wisdom, mighty in strength: Who hath hardened himself against him, and prospered?
Eƒe nunya de to, eƒe ŋusẽ keke ta, ame kae tso ɖe eŋu kpɔ gbe abixɔxɔ?
5 He removeth the mountains, and they know it not; He overturneth them in his anger.
Emli towo ɖa gake womenya o eye wòtrɔ wo bu anyi le eƒe dziku me.
6 He shaketh the earth out of her place, And the pillars thereof tremble.
Eʋuʋu anyigba le enɔƒe eye wòna eƒe sɔtiwo ʋuʋu kpekpekpe.
7 He commandeth the sun, and it riseth not, And he sealeth up the stars.
Eƒoa nu na ɣe eye meklẽna o, etsɔa nu xea ɣletiviwo ŋkume ale be womeklẽna o.
8 He alone spreadeth out the heavens, And walketh upon the high waves of the sea.
Eya ɖekae keke dziƒowo me eye wòzɔa ƒutsotsoewo dzi.
9 He made the Bear, Orion, and the Pleiades, And the secret chambers of the South.
Eyae wɔ ɣletivi siwo woyɔna be, Avutɔ, Koklovinɔ kple Atifieŋu kple dzieheɣletiviwo.
10 He doeth great things past finding out, Yea, wonderful things without number.
Ewɔ nu dzɔtsu siwo me dzodzro meli o eye wòwɔ nukunu siwo mele xexlẽme o.
11 Lo! he goeth by me, but I see him not; He passeth along, but I do not perceive him.
Ne eva to ŋunye yi la, nyemate ŋu akpɔe o, ne etso eme va yi la, nyemate ŋu adze sii o.
12 Lo! he seizeth, and who can hinder him? Who will say to him, What doest thou?
Ne exɔ nu le ame si sesẽtɔe la, ame kae ate ŋu aɖo asi edzi? Ame kae ate ŋu agblɔ nɛ be, ‘Nu kae nye ema wɔm nèle?’
13 God will not turn away his anger; The proud helpers are brought low before him.
Mawu meɖoa asi eƒe dziku dzi o, Rahab ƒe aʋakɔwo gɔ̃ hã bɔbɔ ɖe eƒe afɔ te.
14 How much less shall I answer him, And choose out words to contend with him?
“Eya ta aleke nye ya mate ŋu aɖe ɖeklemie? Afi ka makpɔ nyawo le atsɔ ahe nya kplii?
15 Though I were innocent, I would not answer him; I would cast myself on the mercy of my judge.
Togbɔ be nyemedze agɔ o hã la, nyemate ŋu aɖo nya ŋu nɛ o. Kuku ko mate ŋu aɖe na nye Ʋɔnudrɔ̃la be wòakpɔ nublanui nam.
16 Should I call, and he make answer to me, I could not believe that he listened to my voice, —
Ne meyɔe eye wòtɔ nam gɔ̃ hã la, nyemebu be aɖo tom o.
17 He who falleth upon me with a tempest, And multiplieth my wounds without cause!
Atsɔ ahomya agbãm gudugudu eye wòadzi nye abiwo ɖe edzi dzodzro.
18 Who will not suffer me to take my breath, But filleth me with bitterness!
Maɖe mɔ nam be magakpɔ gbɔdzɔe o, ke boŋ ana vevesese nakpɔ ŋusẽ ɖe dzinye.
19 If I look to strength, “Lo! here am I!” [[saith he, ]] If to justice, “Who shall summon me to trial?”
Ne ŋusẽ ƒe nya wònye la, kpɔ ɖa, ŋusẽtɔe wònye! Ke ne enye ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe nya la, ame kae akplɔe ayi ʋɔnui?
20 Though I were upright, yet must my own mouth condemn me; Though I were innocent, He would prove me perverse.
Ne nyemeɖi fɔ o gɔ̃ hã la, nye nu abu fɔm, eye ne nyemedze agɔ o hã la, abu fɔm.
21 Though I were innocent, I would not care for myself; I would despise my life.
“Togbɔ be nyemeɖi fɔ o hã la, nyemetsɔ ɖeke le eme na ɖokuinye o eye medo vlo nye ŋutɔ nye agbe.
22 It is all one; therefore I will affirm, He destroyeth the righteous and the wicked alike.
Wo katã le ɖeka eya ta megblɔ be, ‘Etsrɔ̃a ame maɖifɔ kple ame vɔ̃ɖi la siaa.’
23 When the scourge bringeth sudden destruction, He laugheth at the sufferings of the innocent.
Ne ameƒoti he ku vɛ kpata la, eɖea alɔme le ame maɖifɔ ƒe mɔkpɔkpɔ bubu ŋuti.
24 The earth is given into the hands of the wicked; He covereth the face of the judges thereof; If it be not He, who is it?
Ne anyigba aɖe ge ɖe ame vɔ̃ɖi ƒe asi me la, ekema etsyɔa nu mo na eƒe ʋɔnudrɔ̃lawo. Ne menye eyae o ɖe, ekema ame kae?
25 My days have been swifter than a courier; They have fled away; they have seen no good.
“Nye ŋkekewo le du ɖim wu duƒula, wodzo dzo kabakaba dzidzɔ aɖeke manɔmee.
26 They have gone by like the reed-skiffs; Like the eagle, darting upon his prey.
Wozɔ mii va yi abe aƒlaʋuwo ene eye abe hɔ̃woe de agba anyi be yewoaƒo nu le anyigba ene.
27 If I say, I will forget my lamentation, I will change my countenance, and take courage,
Ne megblɔ be, ‘Maŋlɔ nye konyifafa be eye madzudzɔ adãɖoɖo, aɖo nukomo la,’
28 Still am I in dread of the multitude of my sorrows; For I know that thou wilt not hold me innocent.
ekema nye fukpekpewo katã doa ŋɔdzi nam elabena menyae be màbum fɔmaɖilae o.
29 I shall be found guilty; Why then should I labor in vain?
Esi wobum fɔɖilae xoxo ɖe, nu ka tae maganɔ ʋiʋlim dzodzro?
30 If I wash myself in snow, And cleanse my hands with lye,
Ne mele tsi kple tsiledzalẽ eye metsɔ nunyadzalẽ klɔ asi gɔ̃ hã la,
31 Still wilt thou plunge me into the pit, So that my own clothes will abhor me.
aganyrɔm ɖe anyiʋe me, ale be manyɔ ŋu na nye awuwo gɔ̃ hã.
32 For He is not a man, as I am, that I may contend with him, And that we may go together into judgment;
“Menye amee wònye abe nye ene ne maɖo nya ŋu nɛ, be makplɔe ayi ʋɔnui ahe nya kplii o.
33 There is no umpire between us, Who may lay his hand upon us both.
Ne ame aɖe ɖe wòli aƒo nu le mía dome, ada asi ɖe mí ame evea dzi
34 Let him take from me his rod, And not dismay me with his terrors,
ame si aɖe Mawu ƒe ameƒoti ɖa le ŋutinye, ale be eƒe ŋɔdzi magado vɔvɔ̃ nam o la, ne anyo.
35 Then I will speak, and not be afraid of him: For I am not so at heart.
Ekema maƒo nu na eya amea mavɔmavɔ̃e, gake abe ale si wòle nam fifia ene la, nyemate ŋui o.”