< Job 8 >
1 Then answered Bildad the Shuhite, and said:
Tete Suhitɔ, Bildad ɖo nya ŋu na Hiob be,
2 How long wilt thou speak such things? How long shall the words of thy mouth be like a strong wind?
“Va se ɖe ɣe ka ɣie nànɔ nya siawo gblɔm? Wò nyawo nye yaƒoƒo sesẽ ɖeɖe ko.
3 Will God pervert judgment? Or will the Almighty pervert justice?
Ɖe Mawu atso afia ŋkunɔa? Ɖe Ŋusẽkatãtɔ la atrɔ nya dzɔdzɔe abua?
4 As thy children sinned against him, He hath given them up to their transgression.
Esi viwòwo wɔ nu vɔ̃ ɖe eŋu la, etsɔ wo de asi na tohehe si woƒe nu vɔ̃ dze na.
5 But if thou wilt seek early to God, And make thy supplication to the Almighty, —
Gake ne àkpɔ Mawu dzi ɖa, aƒo koko na Ŋusẽkatãtɔ la,
6 If thou wilt be pure and upright, Surely he will yet arise for thee, And prosper thy righteous habitation;
ekema ne èle dzadzɛe, le dzɔdzɔe, fifia gɔ̃ hã la, atso le tawò eye wòagaɖo wò te, ada wò ɖe teƒe si wòle be nànɔ.
7 So that thy beginning shall be small, And thy latter end very great.
Wò gɔmedzedze anɔ sue gake emegbe àdzi asɔ gbɔ ɖe edzi.
8 For inquire, I pray thee, of the former age, And mark what hath been searched out by their fathers;
“Bia dzidzime siwo do ŋgɔ, eye nàkpɔe ɖa be nu ka wo fofowo srɔ̃ mahã,
9 (For we are of yesterday and know nothing, Since our days upon the earth are but a shadow; )
elabena míawo la, etsɔviwo míenye, míenya naneke o eye míaƒe ŋkekewo le anyigba dzi le abe vɔvɔli ko ene.
10 Will not they instruct thee, and tell thee, And utter words from their understanding?
Ɖe womafia nu wò, agblɔe na wò oa? Ɖe womagblɔ nya na wò tso woƒe gɔmesese me oa?
11 “Can the paper-reed grow up without mire? Can the bulrush grow without water?
Ɖe keti miena, tsina ƒlaluu ɖe teƒe si sii mele oa? Ɖe aƒla awɔ nyuie ne mekpɔ tsi oa?
12 While it is yet in its greenness, and is not cut down, It withereth before any other herb.
Esi wogale mumu ko eye womeɖo sisi me haɖe o la, woyrɔna kaba wu gbe si le gbedzi.
13 Such is the fate of all who forget God; So perisheth the hope of the ungodly.
Aleae wòvaa emee na ame siwo katã ŋlɔ Mawu be eye nenemae Mawumavɔ̃lawo ƒe mɔkpɔkpɔ tsrɔ̃nae.
14 His confidence shall come to nought, And his trust shall prove a spider's web.
Nu si ŋu wòɖo dzi ɖo la meɖo ŋusẽ o eye nu si wòde mee la nye yiyiɖɔ.
15 He shall lean upon his house, and it shall not stand; He shall lay fast hold on it, but it shall not endure.
Ede me eƒe ɖɔ eye wòlã, eku ɖe eŋu, gake etso ɖe eƒe asi me.
16 He is in full green before the sun, And his branches shoot forth over his garden;
Ɖeko wòle abe ati si wode tsii nyuie le ŋdɔgbe ene ekekea eƒe alɔwo ɖe abɔa me,
17 His roots are entwined about the heap, And he seeth the place of stones;
eƒe kewo blana ɖe agakpe geɖewo ŋu eye wodia teƒe le kpewo dome.
18 When he shall be destroyed from his place, It shall deny him, saying, 'I never saw thee.'
Gake ne wohoe le enɔƒe la, teƒe la gbea nu le egbɔ eye wògblɔna be, ‘Nyemekpɔ wò kpɔ o.’
19 Lo! such is the joy of his course! And others shall spring up from his place”
Vavã eƒe agbe yrɔna eye atiku bubuwo miena ɖe eteƒe.
20 Behold, God will not cast away an upright man; Nor will he help the evil-doers.
“Enye nyateƒe be Mawu megbea ame si ŋu fɔɖiɖi mele o alo doa ŋusẽ nu vɔ̃ɖi wɔlawo ƒe asi o.
21 While he filleth thy mouth with laughter, And thy lips with gladness,
Ke hã la, agana nukoko nayɔ wò nu me fũu, eye wòatsɔ dzidzɔɣli ayɔ wò nuyiwo nu.
22 They that hate thee shall be clothed with shame, And the dwelling-place of the wicked shall come to nought.
Ŋukpe alé wò futɔwo eye ame vɔ̃ɖiwo ƒe agbadɔwo maganɔ anyi o.”