< Ephesians 4 >
1 I therefore, a prisoner in the Lord, urge you to lead a life worthy of the calling to which you have been called,
Nye, ame si le ga me le afi sia ɖe Aƒetɔ la subɔsubɔ ta lae le kuku ɖem na mi, be mianɔ agbe nyuie, eye miadze na yɔyɔ tɔxɛ sia.
2 with all humility and gentleness, with patience, bearing with one another in love;
Mibɔbɔ mia ɖokuiwo, eye mifa tu. Migbɔ dzi ɖi, eye miatsɔ ake mia nɔewo le lɔlɔ̃ me.
3 being eager to keep the unity of the Spirit in the bond of peace.
Midze agbagba mianɔ anyi le Gbɔgbɔ la ƒe ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa me.
4 There is one body, and one Spirit, even as you also were called in one hope of your calling;
Ŋutilã ɖeka kple Gbɔgbɔ ɖekae li, abe ale si woyɔ mi na mɔkpɔkpɔ ɖeka ene.
5 one Lord, one faith, one baptism,
Aƒetɔ ɖeka, xɔse ɖeka kple mawutsideta ɖekae li;
6 one God and Father of all, who is over all, and through all, and in all.
Mawu ɖekae kple Fofo ɖeka na mí katã, ame si nye nuwo katã, eye wòle nu sia nu me.
7 But to each one of us was the grace given according to the measure of the gift of Christ.
Ke wotsɔ amenuveve na mía dometɔ ɖe sia ɖe abe ale si Kristo na mí ene.
8 Therefore he says, "When he ascended on high, he led captivity captive, and gave gifts to people."
Esia ta woŋlɔ ɖi be, “Esi wòlia yi dzi la, eɖe aboyo ame geɖewo dzoe, eye wòna nunana amewo.”
9 Now this, "He ascended," what is it but that he also descended into the lower parts of the earth?
(“Eɖi va anyi” gɔme ɖe? Egɔmee nye be eɖi va anyigba, yi ɖe keke anyigba tume ke.
10 He who descended is the one who also ascended far above all the heavens, that he might fill all things.
Eya ame si ɖi va anyi la, eya kee lia yi dzi ʋĩi, gbɔ dziƒowo ŋu ʋĩi, be wòayɔ xexea me katã.)
11 He gave some to be apostles; and some, prophets; and some, evangelists; and some, pastors and teachers;
Eyae na ame aɖewo nye apostolowo, ame aɖewo nye nyagblɔɖilawo, ame aɖewo hã nye nyanyuigblɔlawo, ame aɖewo nye osɔfowo kple nufialawo,
12 for the perfecting of the saints, to the work of serving, to the building up of the body of Christ;
be woadzra Mawu ƒe amewo ɖo hena subɔsubɔ ƒe dɔwɔwɔwo, be woatu Kristo ƒe ŋutilã ɖo
13 until we all attain to the unity of the faith, and of the knowledge of the Son of God, to a mature person, to the measure of the stature of the fullness of Christ;
va se ɖe esime míewɔ ɖeka le xɔse kple sidzedze Mawu ƒe Vi la me, eye míetsi hede blibo le Kristo me.
14 that we may no longer be children, tossed back and forth and carried about with every wind of doctrine, by the trickery of people, by cleverness in deceitful schemes;
Ekema míaganɔ abe ɖeviwo ene o, ame siwo anɔ yiyim, anɔ gbɔgbɔm abe ale si ƒutsotsoe kple ya lɔa nu ɖe nu ene, to amewo ƒe alakpanufiafiawo, ayedzedze kple beble nuwɔnawo me o,
15 but speaking truth in love, we may grow up in all things into him, who is the head, Christ;
ke boŋ míagblɔ nyateƒe na mía nɔewo le lɔlɔ̃ me, ale be le nuwo katã me la, míatsi, ali ke le Kristo, ame si nye ta na hame la me.
16 from whom all the body, being fitted and knit together through that which every joint supplies, according to the proper working of each individual part, makes the body increase to the building up of itself in love.
Tso eya amea me la, wolé ŋutilã la ƒo ƒu helé wo nɔewo ɖe asi, eye ŋutilã la tsina le lɔlɔ̃ me, elabena ŋutinuwo katã le woƒe dɔwo wɔm.
17 This I say therefore, and testify in the Lord, that you no longer walk as the nations also walk, in the futility of their mind,
Azɔ la, mele esia gblɔm na mi, eye mele gbe tem ɖe edzi le Aƒetɔ la me be miaganɔ agbe azɔ abe ame siwo menye Yudatɔwo ene le woƒe tamesusu ƒe dzodzronyenye me o.
18 being darkened in their understanding, alienated from the life of God, because of the ignorance that is in them, because of the hardening of their hearts;
Ame siawo la, woƒe susuwo me do viviti, eye woma ɖa tso Mawu gbɔ, elabena wole agbe le numanyamanya me le woƒe dzimesesẽ ta.
19 who having become callous gave themselves up to lust, to work all uncleanness with greediness.
Esi ŋukpe aɖeke megale mo na wo o ta la, wotsɔ wo ɖokuiwo na nu tovo wɔwɔ, ale be woakpɔ gome le ŋunyɔnu ɖe sia ɖe ƒomevi wɔwɔ me, eye wole nu sia wɔwɔ dzi ɣe sia ɣi.
20 But you did not learn Christ that way;
Ke miawo la, menye aleae mienya Kristoe o.
21 if indeed you heard him, and were taught in him, even as truth is in Jesus:
Vavã miese eŋkɔ, eye wofia nu mi le eya amea me, le nyateƒe si le Yesu me la nu.
22 that you put away, as concerning your former way of life, the old self, that grows corrupt after the lusts of deceit;
Wofia nu mi ku ɖe miaƒe agbenɔnɔ xoxo la ŋuti, be miaɖe asi le agbenɔnɔ xoxo la ŋuti, agbe si le tsɔtsrɔ̃mɔ dzi, to eƒe beblenudzodzrowo me.
23 and that you be renewed in the spirit of your mind,
Ele be miaƒe nɔnɔme kple miaƒe susuwo nanɔ tɔtrɔm yeyee,
24 and put on the new self, who in the likeness of God has been created in righteousness and holiness of truth.
eye mianɔ agbe yeye si wowɔ wòle abe Mawu ene le dzɔdzɔenyenye vavã kple kɔkɔenyenye me.
25 Therefore, putting away falsehood, speak truth each one with his neighbor. For we are members of one another.
Esia ta ele be mia dometɔ ɖe sia ɖe naɖe aʋatsokaka ɖa, eye wòagblɔ nyateƒe na nɔvia, elabena ŋutinu ɖekawo míenye.
26 "Be angry, but do not sin." Do not let the sun go down on your anger,
Nenye be èdo dɔmedzoe la, mègawɔ nu vɔ̃ o. Mègana ɣe naɖo to ɖe wo dɔmedzoe dzi o.
27 neither give place to the devil.
Mègana mɔnukpɔkpɔ Abosam o.
28 Let him who stole steal no more; but rather let him labor, working with his hands the thing that is good, that he may have something to give to him who has need.
Ame si nye fiafitɔ la, nedzudzɔ fififi, newɔ dɔ, netsɔ eƒe asiwo wɔ dɔ nyui, si aɖe vi nɛ be wòakpɔ nane ana hiãtɔwo.
29 Let no corrupt speech proceed out of your mouth, but such as is good for building up as the need may be, that it may give grace to those who hear.
Migana nya vlo aɖeke megado go le mia nu o, ke boŋ migblɔ nya siwo nyo, eye woate ŋu ado ŋusẽ ame siwo le esem la, eye wòaɖe vi na eselawo.
30 Do not grieve the Holy Spirit of God, in whom you were sealed for the day of redemption.
Migado nuxaxa na Mawu ƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la o, elabena eyae wotsɔ de dzesi mi hena miaƒe ɖeɖekpɔkpɔ.
31 Let all bitterness, wrath, anger, outcry, and slander, be put away from you, with all malice.
Miɖe asi le dɔmedzoedodo helĩhelĩ, dziku, dzrewɔwɔ, ameŋugbegblẽ, fuléle kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒomevi ɖe sia ɖe ŋu.
32 And be kind to one another, tenderhearted, forgiving each other, just as God also in Christ forgave you.
Miwɔ dɔmenyo, eye miakpɔ nublanui na mia nɔewo. Mitsɔ mia nɔewo ƒe nu vɔ̃wo ke abe ale si Mawu hã tsɔ nu vɔ̃ ke mí le Kristo me ene.