< Colossians 1 >
1 Paul, an apostle of Christ Jesus through the will of God, and Timothy our brother,
Nye, Paulo, ame si Mawu tia be wòanye Yesu Kristo ƒe dɔtsɔla kple nɔvi xɔsetɔ Timoteo gbɔe agbalẽ sia tso,
2 to the saints and faithful brothers in Christ at Colossae: Grace to you and peace from God our Father.
Na Kristotɔ nuteƒewɔlawo kple Mawu ƒe ame siwo ŋu wokɔ le Kolose dua me. Mawu mía Fofo la ƒe ŋutifafa kple amenuveve nanɔ kpli mi.
3 We give thanks to God the Father of our Lord Jesus Christ, praying always for you,
Ɣe sia ɣi ne míele gbe dom ɖa ɖe mia ta la, míedzea egɔme kple akpedada na Mawu míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo,
4 having heard of your faith in Christ Jesus, and of the love which you have toward all the saints,
elabena míese nu geɖe tso ale si miexɔ Yesu Kristo dzi se kple lɔlɔ̃ manyagblɔ si mietsɔ na eƒe ame kɔkɔewo katã la ŋu.
5 because of the hope which is laid up for you in heaven, of which you heard before in the word of truth, the Good News,
Eye tso ŋkeke gbãtɔ si dzi wogblɔ nyanyui ƒe nyateƒe la na mi va se ɖe fifia la, mietsɔ xɔse kpɔ mɔ na dzidzɔ tso dziƒo. Ale miaƒe xɔse kple lɔlɔ̃ tso mɔkpɔkpɔ si wodzra ɖo na mi le dziƒo la me.
6 which has come to you; even as it is in all the world and is bearing fruit and growing, as it does in you also, since the day you heard and knew the grace of God in truth;
Nyanyui si wogblɔ na mi la, eya ke gblɔm wole le xexea me godoo, eye wòle amewo ƒe agbenɔnɔ trɔm le afi sia afi, abe ale si wòtrɔ miaƒe agbenɔnɔ tso ŋkeke gbãtɔ si dzi miese nu tso Mawu ƒe amenuveve gã na vɔ̃ wɔlawo ŋu eye miese eme le nyateƒe me ene.
7 even as you learned of Epaphras our beloved fellow servant, who is a faithful servant of Christ on our behalf,
Epafra míaƒe hadɔwɔla lɔlɔ̃ lae tsɔ nyanyui la vɛ na mi. Eyae nye Yesu Kristo ƒe subɔla vavã si le kpekpem ɖe mia ŋuti ɖe mía teƒe,
8 who also declared to us your love in the Spirit.
eye eyae nye ame si gblɔ miaƒe lɔlɔ̃ le gbɔgbɔ me la fia mi.
9 For this cause, we also, since the day we heard this, do not cease praying and making requests for you, that you may be filled with the knowledge of his will in all spiritual wisdom and understanding,
Eya ta tso gbe si gbe míese mia ŋkɔ zi gbãtɔ ko la, míedoa gbe ɖa ɖe mia ta ɣe sia ɣi, eye míebiaa Mawu be wòakpe ɖe mia ŋuti miase nu si wòdi be miawɔ la gɔme, eye wòawɔ mi mianye nunyalawo tso gbɔgbɔmenuwo ŋuti.
10 that you may walk worthily of the Lord, to please him in every way, bearing fruit in every good work, and increasing in the knowledge of God;
Míegabiana hã be miaƒe agbenɔnɔ nadze Aƒetɔ la ŋu ɣe sia ɣi eye woade bubu eŋuti, ale be miatse ku le dɔ sia dɔ wɔwɔ nyuie me; eye mianya Mawu ɖe edzi wu.
11 strengthened with all power, according to the might of his glory, for all endurance and perseverance with joy;
Míele gbe dom ɖa hã be Mawu ƒe ŋusẽ gã nayɔ mia me fũu ale be nu ka kee adzɔ hã la, miate ŋu agbɔ dzi ɖi, anɔ te sesĩe, eye Aƒetɔ la ƒe dzidzɔ nayɔ mia me taŋtaŋ ɣe sia ɣi.
12 giving thanks to the Father, who has qualified you to share in the inheritance of the saints in the light;
Eye be miada akpe na Fofo la, ame si wɔ mí be míedze na gomekpɔkpɔ le nu siwo kekeli la ƒe fiaɖuƒemetɔwo akpɔ gome le la me.
13 who delivered us out of the power of darkness, and transferred us into the Kingdom of the Son of his love;
Elabena eyae ɖe mí tso viviti ƒe ŋusẽ kple Satana ƒe fiaɖuƒe la me, eye wòkplɔ mí va Via lɔlɔ̃ la ƒe fiaɖuƒe mee;
14 in whom we have our redemption, the forgiveness of our sins;
eyae wɔ mi ablɔɖeviwo, eye wòtsɔ míaƒe nu vɔ̃wo katã ke mí.
15 who is the image of the invisible God, the firstborn over all creation.
Kristoe nye Mawu si míekpɔna o la ƒe nɔnɔme tututu. Eli hafi Mawu wɔ nu sia nu, eye le nyateƒe me la,
16 For by him all things were created, in the heavens and on the earth, things visible and things invisible, whether thrones or dominions or rulers or authorities; all things have been created by him and for him.
Kristo ŋutɔe nye nu sia nu si le dziƒo kple anyigba dzi, nu siwo míekpɔna kple nu siwo míekpɔna o la siaa wɔla. Eya kee wɔ gbɔgbɔwo ƒe xexeme si míekpɔna o la, eƒe fiawo, fiaɖuƒewo, amegãwo kple woƒe ŋusẽwo. Kristo wɔ esiawo katã na eya ŋutɔ ƒe ŋu dɔ wɔwɔ kple ŋutikɔkɔe.
17 He is before all things, and in him all things are held together.
Eli xoxoxo hafi nu sia nu va dzɔ, eye eƒe ŋusẽ lé xexemenuwo katã ƒo ƒu.
18 He is the head of the body, the church, who is the beginning, the firstborn from the dead; that in all things he might have the preeminence.
Eye eyae nye ta na hame, si nye eƒe ŋutilã, eyae nye gɔmedzedzea kple ame siwo fɔ tso yɔ me ƒe ŋgɔgbetɔ, ale be le nu sia nu me la, wòanye gbãtɔ.
19 For all the fullness was pleased to dwell in him,
Elabena Mawu di be nu sia nu si le ye me la nanɔ ye Vi hã me.
20 and through him to reconcile all things to himself, making peace through the blood of his cross through him, whether things on the earth or things in heaven.
Mawu to nu si Via wɔ me, ʋu mɔ be nu siwo katã le dziƒo kple anyigba dzi la nava eya ŋutɔ gbɔ, elabena Kristo to eƒe ku le atitsoga ŋuti me wɔ ŋutifafa le Mawu kple amewo katã dome to eƒe ʋu me.
21 You, who once were alienated and were hostile in your minds, doing evil deeds,
Ehe ŋutifafa sia vɛ na mi, ame siwo nɔ adzɔge tsã tso Mawu gbɔ la hã. Tsã la, mienye Mawu ƒe futɔwo, mielé fui, eye miaƒe susu vɔ̃wo kple vɔ̃wɔwɔwo na be mi kplii dome klã, gake azɔ la, egakplɔ mi va eɖokui gbɔe abe exɔlɔ̃wo ene.
22 yet now he has reconciled in the body of his flesh through death, to present you holy and without blemish and blameless before him,
Kristo wɔ esia to eƒe ku me abe amegbetɔ ene, hekplɔ mi va Mawu ƒe ŋkumee; miele tsitre ɖe Mawu ŋkume ame maɖifɔwoe, eye naneke kura megale mia ŋuti si ana woaka mo na mi o.
23 if it is so that you continue in the faith, established and firm, and not moved away from the hope of the Good News which you heard, which is being proclaimed in all creation under heaven; of which I, Paul, have become a servant.
Nu ɖeka si ku ɖe nu sia ŋuti la koe nye be miaxɔ nyateƒe la dzi ase blibo, abe ame siwo gɔme woɖo anyi eye wole tsitre sesĩe ene, eye miagana woate mi ɖa tso nyanyui la ƒe mɔkpɔkpɔ si miese la gbɔ o. Esia nye nukunya kple nya si va na mi katã, eye wòle kakam ɖe xexe blibo la katã me fifia. Eye enye dzidzɔ na nye, Paulo, be masubɔ agblɔ nya sia na ame bubuwo.
24 Now I rejoice in my sufferings for your sake, and I am completing in my flesh what is lacking in the sufferings of Christ for the sake of his body, which is the church;
Ke nye dɔ ƒe akpa aɖee nye be makpe fu ɖe mia ta, eye enye dzidzɔ nam be wòle nenema, elabena mele kpekpeɖeŋu nam, be Kristo ƒe fu siwo wòkpe ɖe eƒe ŋutilã si nye eƒe hamea ta la nawu enu.
25 of which I was made a servant, according to the stewardship of God which was given me toward you, to fulfill the word of God,
Mezu hamea ƒe subɔla abe ale si Mawu dɔm abe xɔnuvi ene be mawu eƒe nya blibo la nu;
26 the mystery which has been hidden for ages and generations. But now it has been revealed to his saints. (aiōn )
nya ɣaɣla si wodzra ɖo tso gbe aɖe gbe ke na dzidzimewo, gake azɔ la, eɖee fia ame kɔkɔewo. (aiōn )
27 To them God was pleased to make known the glorious riches of this mystery among the non-Jews, which is Christ in you, the hope of glory;
Ame siawo Mawu lɔ̃ be yeana woanya yeƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnu ɣaɣlawo le ame siwo menye Yudatɔwo dome; nu ɣaɣla siae nye be Kristo le mia me si nye ŋutikɔkɔe ƒe mɔkpɔkpɔ.
28 whom we proclaim, admonishing everyone and teaching everyone all wisdom, that we may present everyone perfect in Christ Jesus;
Eya ta afi sia afi si míeyina la, míeƒoa nu tso Kristo ŋuti na ame siwo katã le klalo be yewoaɖo to mí la. Míefiaa nu wo, eye míexlɔ̃a nu wo vevie abe ale si míate ŋui ene. Míedina be míakplɔ ame sia ame ayi Mawu ƒe ŋkume fɔɖiɖimanɔŋui, ɖe dɔ si Kristo wɔ na wo dometɔ ɖe sia ɖe la ta.
29 for which I also labor, struggling according to his power, which works in me mightily.
Esiae nye nye dɔ, eye mate ŋu awɔe to Kristo ƒe ŋusẽ triakɔ si le dɔ wɔm le menye la ɖeɖe ko me.