< Genesis 37 >

1 Jacob lived in the land where his father had sojourned, in the land of Canaan.
Ale Yakob gatso aƒe ɖe Kanaan, afi si fofoa nɔ la.
2 These are the generations of Jacob. Joseph, being seventeen years old, tended the flock with his brothers; he was an assistant to the sons of Bilhah and Zilpah, his father's wives. And Joseph brought a bad report about them to their father.
Esiae nye Yakob ƒe dzidzimeviwo ŋutinya. Fifia Yakob ƒe vi Yosef xɔ ƒe wuiadre. Eya kple fofoviawo, ame siwo nye fofoa srɔ̃wo Bilha kple Zilpa ƒe viwo ƒe dɔe nye be woakpɔ wo fofo ƒe lãwo dzi. Yosef gblɔa nu madzemadze siwo nɔviawo wɔna la na wo fofo.
3 Now Israel loved Joseph more than all his children, because he had been born to him in his old age. And he made a long ornamented robe for him.
Israel lɔ̃ Yosef wu via bubuawo, elabena wodzi Yosef nɛ esime wònye amegãɖeɖi. Ale gbe ɖeka Yakob tɔ awu ʋlaya nyui aɖe nɛ.
4 His brothers saw that their father loved him more than all his brothers, and they hated him, and couldn't speak a kind word to him.
Yosef nɔviwo de dzesi lɔlɔ̃ tɔxɛ si wo fofo tsɔ nɛ la, eya ta wolé fui, eye womeƒoa nu nɛ kple nɔvilɔlɔ̃ ƒe gbe o.
5 Now Joseph had a dream, and he told it to his brothers, and they hated him all the more.
Gbe ɖeka la, Yosef ku drɔ̃e, eye wòlĩi na nɔviawo. Nu sia gadzi nɔviawo ƒe fuléle ɖe edzi!
6 He said to them, "Please listen to this dream I had:
Egblɔ be, “Miɖo to miase nye drɔ̃e la ɖa.
7 And look, we were binding sheaves in the field, and look, my sheaf arose and also stood upright. And look, your sheaves gathered around it and bowed down to my sheaf."
Míeyi ɖanɔ mɔlu blam le gbedzi; tete nye mɔlu babla tsi tsitre, eye mia tɔwo katã va ƒo xlãe, eye wode ta agu nɛ.”
8 Then his brothers said to him, "Will you indeed reign over us? Or will you indeed rule over us?" So they hated him all the more for his dreams and for what he said.
Nɔviawo gblɔ nɛ fewuɖutɔe be, “Ekema ɖe nèdi be yeazu fia ɖe mía dzia?” Ale wogalé fui ɖe edzi wu le eƒe drɔ̃e la kple eƒe nyawo ta.
9 And he had another dream, and told it to his father and to his brothers, and said, "Look, I had yet another dream, and look, the sun and the moon and eleven stars bowed down to me."
Yosef gaku drɔ̃e bubu, eye wògalĩi na nɔviawo be, “Mise nye drɔ̃e si megaku la ɖa. Ɣe, ɣleti kple ɣletivi wuiɖekɛ de ta agu nam!”
10 When he told it to his father and to his brothers, his father rebuked him, and said to him, "What is this dream that you had? Will I and your mother and your brothers indeed come and bow down to the ground in front of you?"
Azɔ ya la, elĩ drɔ̃e la na fofoa kple nɔviawo siaa, ke fofoa ka mo nɛ hebiae be, “Drɔ̃e ka tɔgbie nye esia? Ɖe nye kple dawò kple nɔviwòwo míava de ta agu na wò gbe ɖekaa?”
11 His brothers were jealous of him, but his father kept thinking about the matter.
Nɔviawo ʋã ŋui ɖe edzi wu, gake fofoa ya de ŋugble le nya la ŋuti.
12 Now his brothers went to pasture their father's flock near Shechem.
Gbe ɖaka la, Yosef nɔviwo kplɔ wo fofo ƒe alẽwo yi gbedzi le Sekem.
13 And Israel said to Joseph, "Aren't your brothers pasturing the flock near Shechem? Come, and I will send you to them." And he said to him, "I am ready."
Israel gblɔ na Yosef be, “Abe ale si nènyae ene la, nɔviwòwo le alẽawo dzi kpɔm le teƒe si te ɖe Sekem ŋu. Va madɔ wò ɖe nɔviwòwo gbɔ.” Yosef ɖo eŋu be, “Enyo.”
14 So he said to him, "Go now, see whether it is well with your brothers and well with the flock, and report back to me." So he sent him from the Valley of Hebron, and he came to Shechem.
Ale wògblɔ nɛ be, “Yi nàkpɔe ɖa be nu sia nu le edzi yim nyuie na nɔviwòwo kple woƒe lãwo hã, eye nàva gblɔe nam.” Ale wòɖoe ɖa le Hebron ƒe Balime. Esime Yosef ɖo Sekem la,
15 And a man found him, and look, he was wandering in the field. And the man asked him, "What are you looking for?"
ŋutsu aɖe kpɔe le gbea dzi, eye wòbiae be, “Ame ka dim nèle?”
16 He said, "I am looking for my brothers. Tell me, please, where they are pasturing the flock."
Yosef ɖo eŋu be, “Nɔvinyewo kple woƒe alẽwo dim mele; èkpɔ wo nama?”
17 The man said, "They have left here, for I heard them say, 'Let us go to Dothan.'" So Joseph went after his brothers, and found them in Dothan.
Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Ɛ̃, womegale afi sia o; mese nɔviwòwo nɔ gbɔgblɔm be yewoayi Dotan.” Ale Yosef dze wo yome yi Dotan, eye wòkpɔ wo le afi ma.
18 Now they saw him in the distance, and before he reached them they plotted against him to kill him.
Ke esi wògbɔna la, wodze sii tso adzɔge ke, eye woɖo be yewoawui!
19 And they said to one another, "Look, this dreamer is coming.
Wogblɔ na wo nɔewo be, “Drɔ̃ekula ma gbɔna ɖaa!
20 Come now, and let's kill him and throw him into one of the cisterns, and we will say that a vicious animal has devoured him. Then we will see what will become of his dreams."
Mina míawui atsɔ eƒe ŋutilã aƒu gbe ɖe vudo siawo dometɔ ɖeka me, eye míagblɔ be lã wɔadã aɖee vuvui. Ekema míakpɔ nu si ado tso eƒe drɔ̃ekuku la me ɖa.”
21 But Reuben heard it, and delivered him out of their hands, and said, "Let's not take his life."
Esi Ruben se nya sia la, edze agbagba be yeaɖee tso woƒe asi me. Egblɔ be, “Migana míawui o.
22 Reuben said to them, "Shed no blood. Throw him into this pit that is in the wilderness, but lay no hand on him"—that he might deliver him out of their hands, to restore him to his father.
Migakɔ ʋu aɖeke ɖi o. Midae ɖe vudo sia me le gbegbe la, gake migade asi eŋu o.” Ruben gblɔ nya sia be yeaɖee tso woƒe asi me, eye yeakplɔe ayi na fofoa.
23 It happened, when Joseph came to his brothers, they stripped Joseph of his robe, the long ornamented robe that he was wearing.
Eya ta esi Yosef ɖo nɔviawo gbɔ la, woɖe eƒe awu ʋlaya la le eŋu,
24 And they took him and threw him into the cistern. (Now the pit was empty. There was no water in it.)
eye wolée da ɖe vudo aɖe si me tsi menɔ o la me.
25 Then they sat down to eat a meal. And they looked up, and look, a caravan of Ishmaelites was coming from Gilead, with their camels bearing aromatic gum and balm and myrrh on their way to carry them down to Egypt.
Wonɔ anyi, ɖu nu; kasia wokpɔ kposɔ aɖewo le didiƒe gbɔna wo gbɔ. Wonye Ismaeletɔ asitsala siwo tso Gilead la, eye wotsɔ aŋe, lifi kple kotoklobo yina ɖe Egipte.
26 Then Judah said to his brothers, "What profit is it if we kill our brother and conceal his blood?
Yuda gblɔ na nɔviawo be, “Viɖe ka míakpɔ ne míewu mía nɔvi, eye míetsyɔ nu eƒe ʋu dzi?
27 Come, and let's sell him to the Ishmaelites, and not lay a hand on him, for he is our brother, our flesh." And his brothers agreed.
“Mina míadzrae na Ismaeletɔwo, eye míade asi eŋu o, elabena mía nɔviŋutsue; míawo ŋutɔ míaƒe ŋutilã kple ʋue.” Nɔviawo lɔ̃ ɖe edzi.
28 So the Midianites merchants passed by, and they pulled him up and lifted Joseph out of the cistern, and sold Joseph to the Ishmaelites for twenty pieces of silver. And they brought Joseph to Egypt.
Ale esi Midiansitsalawo va ɖo wo gbɔ la, woɖe Yosef le vudo la me, dzrae na Ismaeletɔwo klosalo blaeve, eye wokplɔe yi Egipte.
29 And Reuben returned to the cistern and saw that Joseph wasn't in the cistern; and he tore his clothes.
Ruben menɔ anyi hafi nɔviawo dzra Yosef o. Emegbe esi wòtrɔ gbɔ la, eyi be yeaɖe Yosef le vudo la me, ke esi wòkpɔ be Yosef megale vudoa me o la, evee ŋutɔ, eye wòdze eƒe awuwo.
30 He went back to his brothers and said, "The boy is gone. Now, what am I to do?"
Efa avi hegblɔ na nɔviawo be, “Ɖevi la megale vudo la me o; ke afi ka nye ya mayi fifia?”
31 They took Joseph's robe and killed a male goat and dipped the robe in the blood.
Nɔviawo wu gbɔ̃ aɖe, eye wotsɔ Yosef ƒe awuwo bliba ɖe gbɔ̃ la ƒe ʋu me.
32 And they sent the long ornamented robe and they brought it to their father, and said, "We found this. Please examine it to see whether it is your son's robe or not."
Wotsɔ awu la yi na wo fofo be wòakpɔ ɖa be ame ka tɔe mahã. Wogblɔ nɛ be, “Míekpɔ awu sia le gbedzi. Yosef tɔe loo alo menye etɔe oa?”
33 And he recognized it, and said, "It is my son's robe. A vicious animal has devoured him. Joseph is without doubt torn to pieces."
Wo fofo kpɔe dze sii enumake. Efa avi gblɔ be, “Ɛ̃, vinye ƒe awue. Lã wɔadã aɖee lée; eme kɔ ƒãa be lã wɔadã aɖe vuvu Yosef.”
34 Then Jacob tore his clothes, and put sackcloth around his waist, and mourned for his son many days.
Israel dze eƒe awuwo, ta akpanya, eye wòfa konyi le via ƒe ku ta kɔsiɖa geɖewo.
35 All his sons and all his daughters rose up to comfort him, but he refused to be comforted. And he said, "Indeed, I will go down to Sheol to my son mourning." And his father wept for him. (Sheol h7585)
Ƒometɔwo katã dze agbagba be yewoafa akɔ nɛ do kpoe. Egblɔna be, “Medi be maku le vinye la fafa me,” eye wògawoa avi hehehe! (Sheol h7585)
36 Now the Midianites sold him into Egypt to Potiphar, an officer of Pharaoh, the captain of the guard.
Midiantɔwo kplɔ Yosef yi Egipte, eye wodzrae na Potifar, ame si nye Egipte fia, Farao ƒe aƒedzikpɔla kple eŋudzɔsrafowo ƒe amegã.

< Genesis 37 >