< Psalms 33 >

1 Rejoice in the LORD, you righteous. Praise is fitting for the upright.
Midzi ha kple dzidzɔ na Yehowa, mi ame dzɔdzɔewo; edze mi ame siwo ƒe dzi to mɔ ɖeka la be woakafui.
2 Give thanks to the LORD with the lyre. Sing praises to him with the harp of ten strings.
Mikafu Yehowa kple kasaŋkuwo, eye miƒo ha nɛ le ka ewo ƒe kasaŋku dzi.
3 Sing to him a new song. Play skillfully with a shout of joy.
Midzi ha yeye nɛ; miƒo ha nɛ kple ŋusẽ, eye míado dzidzɔɣli.
4 For the word of the LORD is right. All his work is done in faithfulness.
Elabena Yehowa ƒe nya nye nyateƒe, eye wòto mɔ ɖeka; etoa nyateƒe le nu siwo katã wòwɔna la me.
5 He loves righteousness and justice. The earth is full of the loving kindness of the LORD.
Yehowa lɔ̃a dzɔdzɔenyenye kple nuteƒewɔwɔ; anyigba yɔ fũu kple eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o.
6 By the word of the LORD the heavens were made; and all their host by the breath of his mouth.
Yehowa ƒe nya wotsɔ wɔ dziƒowoe, eye eƒe numegbɔgbɔ wotsɔ wɔ wo ŋuti nuwoe.
7 He gathers the waters of the sea together as a heap. He lays up the deeps in storehouses.
Eƒo atsiaƒumetsiwo nu ƒu ɖe kpluwo me, eye wòdzra tɔ goglowo ɖo ɖe nudzraɖoƒewo.
8 Let all the earth fear the LORD. Let all the inhabitants of the world stand in awe of him.
Anyigba katã nevɔ̃ Yehowa, eye xexemetɔwo katã nede bubu eŋu.
9 For he spoke, and it was done. He commanded, and it stood firm.
Elabena eƒo nu, eye wòva dzɔ; eɖe gbe, eye wòli ke goŋgoŋgoŋ.
10 The LORD nullifies the counsel of the nations. He makes the thoughts of the peoples to be of no effect.
Yehowa gblẽ dukɔwo ƒe adaŋudedewo me, eye wòtɔtɔ anyigbadzitɔwo ƒe ɖoɖowo.
11 The counsel of the LORD stands fast forever, the thoughts of his heart to all generations.
Ke Yehowa ya ƒe ɖoɖowo nɔa anyi maʋamaʋãe ɖikaa, eye eƒe dzimesusuwo li tso dzidzime yi dzidzime.
12 Blessed is the nation whose God is the LORD, the people whom he has chosen for his own inheritance.
Woayra dukɔ si ƒe Mawue nye Yehowa, ame siwo wòtia be woanyi yeƒe dome.
13 The LORD looks from heaven. He sees all the descendants of Adam.
Yehowa bi kɔ tso dziƒo ke, eye wòkpɔ amegbetɔviwo katã.
14 From the place of his habitation he looks out on all the inhabitants of the earth,
Ele eƒe nɔƒe ke hekpɔ ame siwo katã le anyigba dzi,
15 he who fashions all of their hearts; and he considers all of their works.
eya ame si wɔ ame sia ame ƒe dzi, eye wòléa ŋku ɖe nu sia nu si wowɔna la ŋu.
16 There is no king saved by the multitude of an army. A mighty man is not delivered by great strength.
Aʋakɔ gbogbo si le fia aɖe si la mate ŋu aɖee o, eye ŋusẽ triakɔ hã meɖea kalẽtɔ o.
17 A horse is a vain thing for safety, neither does he deliver any by his great power.
Ne eɖo ɖeɖe dzi la, sɔ maɖe ame si tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe edzi o, togbɔ be ŋusẽ triakɔ le esi hã la, mate ŋu aɖee o.
18 Look, the LORD's eye is on those who fear him, on those who hope in his loving kindness;
Ke Yehowa ƒe ŋku le ame siwo vɔ̃nɛ la ŋu, ame siwo tsɔa woƒe mɔkpɔkpɔ dana ɖe eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la dzi,
19 to deliver their soul from death, to keep them alive in famine.
be wòaɖe wo tso ku ƒe asi me, eye wòana woatsi agbe le dɔŋɔli.
20 Our soul waits for the LORD. He is our help and our shield.
Míele lalam le mɔ kpɔm na Yehowa, eyae nye míaƒe xɔname kple akpoxɔnu.
21 For our heart rejoices in him, because we have trusted in his holy name.
Míaƒe dziwo le dzidzɔ kpɔm le eya amea me, elabena mieka ɖe eƒe ŋkɔ kɔkɔe la dzi.
22 Let your loving kindness be on us, LORD, since we have hoped in you.
O! Yehowa, na wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la, nanɔ mía dzi abe ale si míetsɔ míaƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe dziwò ene.

< Psalms 33 >