< Exodus 10 >

1 The LORD said to Moses, "Go in to Pharaoh, for I have hardened his heart, and the heart of his servants, that I may show these my signs in the midst of them,
Le esia megbe la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Gayi Farao gbɔ, eye nàgatsɔ wò biabia la ɖo eŋkume. Ke mana eya kple eƒe aɖaŋudelawo ƒe dzi me nagasẽ kokoko ale be mate ŋu awɔ nukunu bubuwo, eye maɖe nye ŋusẽ afia.
2 and that you may tell in the hearing of your son, and of your son's son, what things I have done to Egypt, and my signs which I have done among them; that you may know that I am the LORD."
Esiawo anye ŋutinya siwo nàgblɔ na viwòwo kple wò tɔgbuiyɔviwo tso nukunu siwo mele wɔwɔm le Egipte la ŋu! Miƒo nu na wo tso ale si mewɔ Egiptetɔwo wozu abunɛtɔwo kple ale si meɖee fia mi bena nyee nye Yehowa la ŋuti.”
3 Moses and Aaron went in to Pharaoh, and said to him, "This is what the LORD, the God of the Hebrews, says: 'How long will you refuse to humble yourself before me? Let my people go, that they may serve me.
Ale Mose kple Aron wogayi Farao gbɔ, eye wogblɔ nɛ be, “Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la le biabiam be, ‘Zi neni nàgbe toɖoɖom? Ɖe asi le nye amewo ŋu ale be woate ŋu ayi aɖasubɔm.
4 Or else, if you refuse to let my people go, look, tomorrow I will bring locusts into your country,
Ne ègbe asiɖeɖe le ameawo ŋu la, mahe ʋetsuviwo va wò anyigba la dzi etsɔ.
5 and they shall cover the surface of the earth, so that one won't be able to see the earth. They shall eat the residue of that which has escaped, which remains to you from the hail, and shall eat every tree which grows for you out of the field.
Woatsyɔ anyigba la dzi ale gbegbe be anyigba la magadze o. Woaɖu numiemie sue siwo susɔ le kpetsi la megbe kple ati ɖe sia ɖe si le tsitsim le agble dzi.
6 Your houses shall be filled, and the houses of all your servants, and the houses of all the Egyptians; as neither your fathers nor your fathers' fathers have seen, since the day that they were on the earth to this day.'" He turned, and went out from Pharaoh.
Woayɔ wò aƒewo me, wò dumegãwo ƒe aƒewo me kple Egiptetɔwo katã ƒe aƒewo me, nu si mia fofowo loo alo mia tɔgbuiwo mekpɔ kpɔ, tso gbe si gbe wova anyigba sia dzi va se ɖe fifia o.’” Ale Mose trɔ dzo le Farao ŋkume.
7 Pharaoh's servants said to him, "How long will this man be a snare to us? Let the men go, that they may serve their God. Do you not yet know that Egypt is destroyed?"
Farao ƒe aɖaŋudelawo va Farao gbɔ azɔ, eye wobiae be, “Ɖe nèdi be yeatsrɔ̃ mí gbidigbidia? Ɖe mènya be fifia gɔ̃ hã la, nu sia nu gblẽ le Egipte oa? Ɖe asi le ameawo ŋu woayi aɖasubɔ Yehowa, woƒe Mawu la.”
8 Moses and Aaron were brought again to Pharaoh, and he said to them, "Go, serve your God; but who are those who will go?"
Wokplɔ Mose kple Aron va Fia Farao gbɔ. Farao gblɔ na wo azɔ be, “Enyo, miyi miasubɔ Yehowa, miaƒe Mawu la. Ke ame kawoe miedi be woayi kpli mi?”
9 Moses said, "We will go with our young and with our old; with our sons and with our daughters, with our flocks and with our herds will we go; for we must hold a feast to the LORD."
Mose ɖo eŋu be, “Míayi kple mía viŋutsuwo, mía vinyɔnuwo kple míaƒe lãwo, elabena ŋkekenyui ɖu ge míeyina na Yehowa.”
10 He said to them, "The LORD be with you if I will let you go with your dependents. See, evil is clearly before your faces.
Farao yi edzi be, “Yehowa naɖi na mi, nyemaɖe asi le mia kple mia viwo ŋu miayi o. Eme kɔ ƒãa be nu gbegblẽ aɖee mieɖo ɖe ta me.
11 Not so. Go now you who are men, and serve God; for that is what you desire." They were driven out from Pharaoh's presence.
Mi ŋutsuwo ɖeɖe ko, miyi miasubɔ Yehowa, elabena eyae nye nu si miebia.” Ale wonya wo ɖa le Farao ŋkume.
12 The LORD said to Moses, "Stretch out your hand over the land of Egypt for the locusts, that they may come up on the land of Egypt and eat every plant of the land, even all that the hail has left."
Yehowa gblɔ na Mose be, “Keke wò asiwo ɖe Egiptenyigba la dzi, ne ʋetsuviwo nado, woaxɔ anyigba blibo la dzi, eye woaɖu nu sia nu si kpetsi la gblẽ ɖi.”
13 Moses stretched forth his staff over the land of Egypt, and the LORD brought an east wind on the land all that day, and all the night; and when it was morning, the east wind brought the locusts.
Mose do eƒe atikplɔ ɖe dzi, eye Yehowa na ɣedzeƒeya aɖe ƒo le ŋkeke kple zã blibo la me. Esi ŋu ke la, ɣedzeƒeya la he ʋetsuviwo vɛ.
14 The locusts went up over all the land of Egypt, and rested in all the borders of Egypt. They were very grievous. Before them there were no such locusts as they, neither after them shall be such.
Ʋetsuviawo xɔ anyigba la dzi tso liƒo dzi yi liƒo dzi. Esiae nye ʋetsuviwo ƒe vava vɔ̃ɖitɔ le Egipte ƒe ŋutinya blibo la me, eye etɔgbi magava akpɔ o,
15 For they covered the surface of the whole earth, so that the land was destroyed, and they ate every plant of the land, and all the fruit of the trees which the hail had left. There remained nothing green, either tree or plant of the field, through all the land of Egypt.
elabena ʋetsuviawo xe anyigba la ƒe ŋkume, eye woxe ɣe hã ƒe ŋkume; ale viviti do ɖe anyigba la dzi. Gawu la, woɖu ati kple gbe ɖe sia ɖe si kpetsi la gblẽ ɖi, ale be nu mumu si nye ati alo gbe la ƒe ɖeke kura meganɔ Egiptenyigba blibo la dzi o.
16 Then Pharaoh called for Moses and Aaron in haste, and he said, "I have sinned against the LORD your God, and against you.
Farao ɖo du sesẽ aɖe ɖe Mose kple Aron enumake, eye wògblɔ na wo be, “Mewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, miaƒe Mawu kple miawo ŋutɔ hã ŋu.
17 Now therefore please forgive my sin again, and pray to the LORD your God, that he may also take away from me this death."
Migatsɔ nye nu vɔ̃ kem zi mamlɛtɔ sia ko, eye miaɖe kuku na Yehowa, miaƒe Mawu la be wòaɖe fukpekpe vɔ̃ɖi sia ɖa le dzinye.”
18 He went out from Pharaoh, and prayed to God.
Le esia ta Mose dzo le Farao gbɔ, eye wòɖe kuku na Yehowa,
19 The LORD turned an exceeding strong west wind, which took up the locusts, and drove them into the Red Sea. There remained not one locust in all the borders of Egypt.
eye Yehowa ɖo ɣetoɖoƒeya sesẽ aɖe ɖa, eye wòkplɔ ʋetsuviawo katã yi ɖakɔ ɖe Ƒu Dzĩ la me. Ʋetsuvi ɖeka pɛ gɔ̃ hã megasusɔ ɖe Egiptenyigba dzi o!
20 But the LORD hardened Pharaoh's heart, and he did not let the children of Israel go.
Ke Yehowa gana Farao ƒe dzi me gasẽ kokoko, eye meɖe asi le Israelviwo ŋu o.
21 The LORD said to Moses, "Stretch out your hand toward the sky, that there may be darkness over the land of Egypt, even darkness which may be felt."
Yehowa gblɔ na Mose be, “Do wò asi ɖe dziƒo ekema viviti tsiɖitsiɖi ado ɖe Egiptenyigba la dzi.”
22 Moses stretched forth his hand toward the sky, and there was a thick darkness in all the land of Egypt three days.
Mose wɔ alea, eye blukɔ tsiɖitsiɖi aɖe do ɖe Egiptenyigba blibo la dzi ŋkeke etɔ̃.
23 They did not see one another, neither did anyone rise from his place for three days; but all the children of Israel had light in their dwellings.
Le ɣeyiɣi siawo katã me la, Egiptetɔwo megatea ŋu ʋãna o, le esime kekeli nɔ Israelviwo gbɔ abe tsã ene.
24 Then Pharaoh called to Moses and to Aaron and said, "Go, serve the LORD. Only let your flocks and your herds stay behind. Let your dependents also go with you."
Farao yɔ Mose, eye wògblɔ nɛ be, “Miyi miasubɔ Yehowa, gake miagblẽ miaƒe lãwo ɖe afi sia. Miate ŋu akplɔ mia viwo gɔ̃ hã ayii.”
25 Moses said, "You must also give into our hand sacrifices and burnt offerings, that we may sacrifice to the LORD our God.
Mose ɖo eŋu be, “Kpao, ele be míakplɔ míaƒe lãwo hã ayi hena vɔsa kple numevɔsa na Yehowa, míaƒe Mawu la.
26 Our livestock must also go with us; not a hoof is left behind, for of it we must take to serve the LORD our God; and we do not know with what we must serve the LORD, until we come there."
Míagblẽ lã aɖeke ɖi o, eye lã aɖeke ƒe afɔkli gɔ̃ hã matsi anyi o, elabena ele be míasa vɔ na Yehowa, míaƒe Mawu la, eye míate ŋu anya lã siwo wòatia o, va se ɖe esime míaɖo afi ma.”
27 But the LORD hardened Pharaoh's heart, and he wouldn't let them go.
Ale Yehowa gana Farao ƒe dzi me gasẽ, eye meɖe asi le ameawo ŋu o.
28 Pharaoh said to him, "Get away from me. Make sure you never see my face again; for in the day you see my face you shall die."
Farao blu ɖe Mose ta be, “Bu le afi sia kaba! Mègana makpɔ wò mo azɔ gbeɖegbeɖe o. Gbe si gbe nàgado ɖe nye ŋkume la, ku kee nàku.”
29 Moses said, "You have spoken well. I will not see your face again."
Mose ɖo eŋu be, “Enyo; mesee. Nyemagado ɖe wò ŋkume azɔ o.”

< Exodus 10 >