< Proverbs 8 >

1 Doesn't wisdom cry out? Doesn't understanding raise her voice?
Ɖe nunya mele ɣli dom le ame yɔm oa? Ɖe gɔmesese mekɔ eƒe gbe dzi oa?
2 On the top of high places by the way, where the paths meet, she stands.
Etsi tsitre ɖe kɔkɔƒe siwo le mɔto la tame, afi si afɔmɔwo do go le.
3 Beside the gates, at the entry of the city, at the entry doors, she cries aloud:
Ele tsitre ɖe dua ƒe agbowo ƒe mɔ xa kple agbo la me le ɣli dom sesĩe be,
4 "To you men, I call. I send my voice to the sons of humankind.
“O ŋutsuwo, miawoe mele ɣli dom na eye mekɔ nye gbe dzi na amegbetɔƒomea katã.
5 You simple, understand prudence. You fools, be of an understanding heart.
Mi bebewuwo, midze nunya; mi bometsilawo gɔmesese nesu mia si.
6 Hear, for I will speak excellent things. The opening of my lips is for right things.
Miɖo to elabena nya xɔasiwo le asinye be magblɔ; meke nye nu be magblɔ nu si le dzɔdzɔe.
7 For my mouth speaks truth. Wickedness is an abomination to my lips.
Nye nu gblɔa nu si le eteƒe, elabena nye nuyi tsri vɔ̃ɖivɔ̃ɖi.
8 All the words of my mouth are in righteousness. There is nothing crooked or perverse in them.
Nye numenyawo katã le dzɔdzɔe; ɖeke meglɔ̃ alo nye ayemenya o.
9 They are all plain to him who understands, right to those who find knowledge.
Wo katã le dzɔdzɔe na ame si si sidzedze le; fɔɖiɖi mele wo ŋu na ame siwo si gɔmesese le o.
10 Receive my instruction rather than silver; knowledge rather than choice gold.
Tia nye amehehe ɖe klosalo teƒe kple nye gɔmesese ɖe sika nyuitɔ teƒe
11 For wisdom is better than rubies. All the things that may be desired can't be compared to it.
elabena nunya xɔ asi wu adzagba eye nu siwo dim wò dzi le la ƒe ɖeke mesɔ kplii o.
12 "I, wisdom, have made prudence my dwelling. Find out knowledge and discretion.
“Nye, nunya kple ŋuɖɔɖoe nɔa teƒe ɖeka; gɔmesese kple sidzedze le asinye.
13 The fear of Jehovah is to hate evil. I hate pride, arrogance, the evil way, and the perverse mouth.
Yehowa vɔvɔ̃e nye be nàlé fu vɔ̃, eya ta metsri dada kple ɖokuidodoɖedzi, agbe baɖa nɔnɔ kple nya dzodzrowo gbɔgblɔ.
14 Counsel and sound knowledge are mine. I have understanding and power.
Tɔnyee nye aɖaŋudede kple afia nyui tsotso, gɔmesese kple ŋusẽ le asinye.
15 By me kings reign, and rulers decree justice.
Dzinyee fiawo tona ɖua fia eye dziɖulawo dea se siwo le dzɔdzɔe.
16 By me princes rule; nobles, and all the righteous rulers of the earth.
Dzinyee dumegãwo tona kplɔa du eye nenema kee nye bubume siwo le dzi ɖum le anyigba dzi.
17 I love those who love me. Those who seek me diligently will find me.
Melɔ̃a ame siwo lɔ̃am eye ame siwo diam la kpɔam.
18 With me are riches, honor, enduring wealth, and prosperity.
Hotsui kple bubu bɔ ɖe asinye, nenema kee nye kesinɔnu siwo megblẽna o kple dzidzedze.
19 My fruit is better than gold, yes, than fine gold; my yield than choice silver.
Nye kutsetse nyo wu sika nyuitɔ, eye nu si dona tso menye la ƒo klosalo nyuitɔ ta sãa.
20 I walk in the way of righteousness, in the midst of the paths of justice;
Mezɔna le dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzi kple nuteƒewɔwɔ ƒe toƒewo,
21 That I may give wealth to those who love me. I fill their treasuries.
eye mekɔa kesinɔnu ɖe ame siwo lɔ̃am la dzi, henana woƒe nudzraɖoƒewo gbagbana.
22 "Jehovah created me in the beginning of his way, before his works of old.
“Yehowa dzim abe eƒe nuwɔwɔwo ƒe ŋgɔgbetɔ ene, hafi wòava wɔ nuwo le blema.
23 I was set up from everlasting, from the beginning, before the earth existed.
Etɔ asi dzinye tso mavɔ me ke, tso gɔmedzedzea me, hafi xexea me nava dzɔ.
24 When there were no depths, I was brought forth, when there were no springs abounding with water.
Wodzim esime atsiaƒuwo menɔ anyi o, eye vudo siwo dzia tsi fũu la hã menɔ anyi o.
25 Before the mountains were settled in place, before the hills, I was brought forth;
Hafi woatsɔ towo ada ɖe woƒe nɔƒewo, eye togbɛwo nadzɔ la, nye la, wodzim xoxo.
26 while as yet he had not made the earth, nor the fields, nor the beginning of the dust of the world.
Hafi wòava wɔ anyigba alo gbegbe alo anyigbadziʋuʋudediwo gɔ̃ hã la, wodzim xoxo.
27 When he established the heavens, I was there; when he set a circle on the surface of the deep,
Menɔ afi ma hafi wòtsɔ dziƒowo ɖo wo nɔƒe eye wòdzidze dzite da ɖe gogloƒewo tame.
28 when he established the clouds above, when the springs of the deep became strong,
Esi wòɖo lilikpowo ɖe dziƒo, eye wòli ke tɔ goglowo ƒe dzɔtsoƒe,
29 when he gave to the sea its boundary, that the waters should not violate his commandment, when he marked out the foundations of the earth;
esi wòɖo liƒo na atsiaƒu be eƒe tsiwo magbɔ teƒe si wòde se be woase la dzi o eye wòɖo anyigba gɔme la, medzɔ xoxo.
30 then I was the craftsman by his side. I was a delight day by day, always rejoicing before him,
Ale menye aɖaŋudɔwɔla nɔ eƒe axadzi, dzidzɔ yɔ menye gbe sia gbe eye metsoa aseye le eŋkume ɣe sia ɣi.
31 Rejoicing in his whole world. My delight was with the sons of men.
Medzɔ dzi le eƒe xexe blibo la me eye amegbetɔwo ƒe nu do dzidzɔ nam.
32 "Now therefore, son, listen to me, for blessed are those who keep my ways.
“Eya ta, azɔ la, mi vinyewo, miɖo tom; woayra ame siwo lé nye mɔwo me ɖe asi.
33 Hear instruction, and be wise. Do not refuse it.
Ɖo to nye sededewo eye nàdze nunya, mègado tokue o.
34 Blessed is the man who hears me, watching daily at my gates, waiting at my door posts.
Woayra ame si ɖoa tom, nɔa ŋudzɔ le nye ʋɔtru nu gbe sia gbe eye wòlalana le nye kpui nu
35 For whoever finds me, finds life, and will obtain favor from Jehovah.
elabena ame si ke ɖe ŋutinye la, ke ɖe agbe ŋu eye wòxɔa amenuveve tso Yehowa gbɔ.
36 But he who sins against me wrongs his own soul. All those who hate me love death."
Ke ame si mete ŋu ke ɖe ŋutinye o la, wɔa nu vevi eɖokui eye ame siwo katã léa fum la lɔ̃a ku.”

< Proverbs 8 >