< Psalms 31 >

1 [For the Chief Musician. A Psalm by David.] In you, LORD, I take refuge. Let me never be disappointed. Deliver me in your righteousness.
David ƒe ha na hɛnɔ la. O! Yehowa, mewòe mebe ɖo; mègana ŋu nakpem akpɔ gbeɖe o; ɖem le wò dzɔdzɔenyenye la ta.
2 Bow down your ear to me. Deliver me speedily. Be to me a strong rock, a house of defense to save me.
Ƒu to anyi ɖe ŋunye, va kaba nàɖem, nànye nye xɔxɔ ƒe agakpe kple mɔ sesẽ ne nàɖem.
3 For you are my rock and my fortress, therefore for your name's sake lead me and guide me.
Le wò ŋkɔ la ta, kplɔm, eye nàfia mɔm, elabena wòe nye nye agakpe kple mɔ sesẽ.
4 Pluck me out of the net that they have laid secretly for me, for you are my stronghold.
Ɖem le mɔ si woɖo ɖi nam la me, elabena wòe nye nye mɔ sesẽ.
5 Into your hands I commit my spirit. You redeem me, LORD, God of truth.
Asiwò me metsɔ nye gbɔgbɔ de, eya ta Yehowa, nyateƒe ƒe Mawu, va nàɖem.
6 I hate those who regard lying vanities, but I trust in the LORD.
Metsri ame siwo ku ɖe legba maɖinuwo ŋu; ke nye la meku ɖe Yehowa ŋu.
7 I will be glad and rejoice in your loving kindness, for you have seen my affliction. You have known my soul in adversities.
Makpɔ dzidzɔ, eye matso aseye le wò lɔlɔ̃ la me, elabena èkpɔ nye hiã henya nye luʋɔ ƒe nuxaxa.
8 You have not shut me up into the hand of the enemy. You have set my feet in a large place.
Mètsɔm de asi na nye futɔ o, ke boŋ èɖo nye afɔ gbadzaƒe.
9 Have mercy on me, LORD, for I am in distress. My eye, my soul, and my body waste away with grief.
O! Yehowa, kpɔ nublanui nam, elabena nye dzi ʋu dzo, nuxaxa na nye ŋkuwo dzi wɔ dɔ̃ɔ, eye konyifafa na nye luʋɔ kple ŋutilã gbɔdzɔ.
10 For my life is spent with sorrow, my years with sighing. My strength fails because of my affliction, and my bones waste away.
Vevesese sɔŋ yɔ nye agbe me, eye ŋeŋe xɔ nye agbenɔƒewo me. Ŋusẽ vɔ le ŋunye le nye fukpekpewo ta, eye nye ƒuwo hã nyunyɔ ɖe lãme nam.
11 Because of all my adversaries I have become utterly contemptible to my neighbors, A fear to my acquaintances. Those who saw me on the street fled from me.
Le nye futɔwo ƒe nuwɔnawo ta mezu alɔmeɖenu na nye aƒelikawo vevie ŋutɔ. Mezu ŋɔdzinu na xɔ̃nyewo, eye ame siwo do gom le mɔtata dzi la sina le nunye.
12 I am forgotten from their hearts like a dead man. I am like broken pottery.
Woŋlɔm be abe ɖe meku xoxo ene, ale mezu ze gbagbã.
13 For I have heard the slander of many, terror on every side, while they conspire together against me, they plot to take away my life.
Mese ame geɖewo ƒe ameŋugblẽnyawo; ŋɔdzi ɖe to ɖem, wode adaŋu tso ŋunye, eye woɖo nugbe be yewoaɖe nye agbe ɖa.
14 But I trust in you, LORD. I said, "You are my God."
Ke wò, Yehowa, dzie meka ɖo; megblɔ be, “Wòe nye nye Mawu.”
15 My times are in your hand. Deliver me from the hand of my enemies, and from those who persecute me.
Nye ɣeyiɣiwo le asiwò me; ɖem tso nye futɔwo kple ame siwo le yonyeme tim la ƒe asi me.
16 Make your face to shine on your servant. Save me in your loving kindness.
Na wò mo naklẽ ɖe wò dɔla dzi, ɖem le wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta.
17 Let me not be disappointed, LORD, for I have called on you. Let the wicked be disappointed. Let them be silent in Sheol. (Sheol h7585)
O! Yehowa, mègana ŋu nakpem o, elabena wòe medo ɣli na; ke na ŋu nakpe ame vɔ̃ɖiwo, eye ɖoɖoe nazi le wo nu le yɔme. (Sheol h7585)
18 Let the lying lips be mute, which speak against the righteous insolently, with pride and contempt.
De ga nu na woƒe alakpanuyiwo, elabena wotsɔa dada kple ɖekematsɔleme gblɔa nya vlo ɖe ame dzɔdzɔe ŋu.
19 Oh how great is your goodness, which you have stored up for those who fear you, which you have worked for those who take refuge in you, before the descendants of Adam.
Wò nu nyui siwo nèdzra ɖo ɖi na ame siwo vɔ̃a wò la lolo ŋutɔ. Nu nyui siwo nèkɔ ɖe ame siwo si wò tso dzi le amewo ƒe ŋkume la lolo.
20 In the shelter of your presence you will hide them from the plotting of man. You will keep them secretly in a dwelling away from the strife of tongues.
Èɣla wo ɖe ɣaɣlaƒe si le gbɔwò, tso amewo ƒe ayemenuwo gbɔ. Èɣla wo ɖe nɔwòƒe be woanɔ dedie tso aɖeɖiƒoame gbɔ.
21 Praise be to the LORD, for he has shown me his marvelous loving kindness in a besieged city.
Woakafu Yehowa, elabena eɖe eƒe nukulɔlɔ̃ la fiam le esime mele du si ŋu woƒu kpo ɖo la me.
22 As for me, I said in my haste, "I am cut off from before your eyes." Nevertheless you heard the voice of my petitions when I cried to you.
Megblɔ le nye dzikatsoƒo me be: “Woɖem ɖa le wò ŋkume azɔ!” Ke hã la, èse nye nublanuiɣlidodo esi meyɔ wò be nàxɔ nam.
23 Oh love the LORD, all you his faithful ones. The LORD preserves the faithful, and fully recompenses him who behaves arrogantly.
Milɔ̃ Yehowa, mi eƒe ame kɔkɔewo! Yehowa kpɔa nuteƒewɔlawo ta, ke eɖoa eteƒe na dadalawo wòsɔa gbɔ dea woƒe nuwɔnawo nu.
24 Be strong, and let your heart take courage, all you who hope in the LORD.
Misẽ ŋu, eye milé dzi ɖe ƒo, mi ame siwo katã tsɔ miaƒe mɔkpɔkpɔ de Yehowa me.

< Psalms 31 >