< Matthew 21 >
1 And when they came near to Jerusalem, and came to Bethphage, to the Mount of Olives, then Jesus sent two disciples,
Esi wòsusɔ vie Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo naɖo Yerusalem la, wova ɖo du aɖe si woyɔna be Betfage si le Amito la ŋu la me. Le afi sia la, Yesu dɔ eƒe nusrɔ̃la eve ɖo ɖe kɔƒe aɖe si le wo ŋgɔ la me.
2 saying to them, “Go on into the village in front of you, and immediately you will find a donkey bound, and a colt with her—having loosed, you bring to Me;
Egblɔ na wo be, “Ne miege ɖe kɔƒea me ko la, miakpɔ tedzinɔ aɖe kple via le ka me. Mitu ka wo, eye miakplɔ wo vɛ.
3 and if anyone may say anything to you, you will say that the LORD has need of them, and immediately He will send them.”
Ne ame aɖe bia gbe mi la, migblɔ nɛ ko be, ‘Aƒetɔ lae le wo hiãm, eye ne miegblɔ esia la, womagabia nya aɖeke mi o.’”
4 And all this came to pass, that it might be fulfilled that was spoken through the prophet, saying,
Wowɔ esia be woawu nyagblɔɖi si wogblɔ da ɖi le blema ke la nu be,
5 “Tell the daughter of Zion, Behold, your King comes to you, meek, and mounted on a donkey, and a colt, a foal of a beast of burden.”
“Migblɔ na Zion vinyɔnuvi la be, ‘Wò Fia la gbɔna gbɔwò, edo tedzi kple tedzivi si nye dɔwɔlã!’”
6 And the disciples having gone and having done as Jesus commanded them,
Nusrɔ̃la eveawo wɔ ɖe Yesu ƒe gbe dzi,
7 brought the donkey and the colt, and put on them their garments, and set [Him] on them;
eye woyi ɖakplɔ tedziawo vɛ nɛ. Azɔ wotsɔ woƒe awuwo ɖo ɖe tedziawo dzi, eye Yesu nɔ wo dzi.
8 and the very great multitude spread their own garments in the way, and others were cutting branches from the trees, and were strewing in the way,
Ame geɖewo ŋutɔ le ameha la dome tsɔ woƒe avɔwo kple awuwo ɖo ɖe mɔtata dzi le eŋgɔ; bubuwo hã ŋe deʋayawo kple atilɔwo ɖo ɖe eŋgɔ be wòazɔ wo dzi.
9 and the multitudes who were going before, and who were following, were crying, saying, “Hosanna to the Son of David, blessed is He who is coming in the Name of the LORD; Hosanna in the highest!”
Ameha la ƒe akpa aɖe dze eŋgɔ, eye bubu hã kplɔe ɖo kplikplikpli nɔ ɣli dom be, “Hosana na Fia David ƒe Vi la!” “Woayra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me!” “Hosana le dziƒo ʋĩi!”
10 And He having entered into Jerusalem, all the city was moved, saying, “Who is this?”
Esi Yesu ge ɖe Yerusalem dua me la, zi gã aɖe ŋutɔ tɔ; ame sia ame kloe nɔ biabiam be, “Ame kae nye ame sia mahã?”
11 And the multitudes said, “This is Jesus the prophet, who [is] from Nazareth of Galilee.”
Ame siwo nɔ Yesu ŋu la ɖo eŋu be, “Eyae nye Yesu, Nyagblɔɖila si tso Nazaret le Galilea.”
12 And Jesus entered into the temple of God, and cast forth all those selling and buying in the temple, and the tables of the money-changers He overturned, and the seats of those selling the doves,
Azɔ Yesu yi gbedoxɔ la me, eye wònya nudzralawo do goe le teƒea. Etu afɔ gaɖɔlilawo ƒe kplɔ̃wo ƒu anyi, eye wòkaka akpakpadzralawo ƒe kplɔ̃wo hã.
13 and He says to them, “It has been written: My house will be called a house of prayer; but you made it a den of robbers.”
Egblɔ na wo be, “Woŋlɔ ɖi be, ‘Nye gbedoxɔ anye gbedoɖaƒe’, gake miawo la, mietsɔe wɔ ‘fiafitɔwo ƒe nɔƒee.’”
14 And there came to Him blind and lame men in the temple, and He healed them,
Esi wònya ameawo vɔ la, ŋkuagbãtɔwo kple tekunɔwo va egbɔ, eye wòda gbe le wo ŋu le gbedoxɔ la me,
15 and the chief priests and the scribes having seen the wonderful things that He did, and the children crying in the temple, and saying, “Hosanna to the Son of David,” were much displeased;
gake esi Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple sefialawo kpɔ nukunu dzɔatsu siwo wòwɔ, eye wose ɖevi suetɔ kekeake hã wònɔ ɣli dom le gbedoxɔ la me be, “Hosana na Fia David ƒe Vi la” la, dɔ me ve wo ŋutɔ.
16 and they said to Him, “Do You hear what these say?” And Jesus says to them, “Yes, did you never read, that, Out of the mouth of babies and sucklings You prepared praise?”
Wobiae be, “Èse nu si gblɔm ɖevi siawo lea?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ɛ̃, gake miexlẽe kpɔ be, “‘Èdzra kafukafu kple dodoɖedzi ɖe ɖeviwo kple vidzĩwo ƒe nu me’ oa?”
17 And having left them, He went forth out of the city to Bethany, and lodged there,
Esia megbe la, etrɔ yi Betania, eye wòtsi afi ma dɔ.
18 and in the morning turning back to the city, He hungered,
Esi ŋu ke, eye Yesu fɔ gayina Yerusalem le ŋdi me la, dɔ wui le mɔa dzi.
19 and having seen a certain fig tree on the way, He came to it, and found nothing in it except leaves only, and He says to it, “No more fruit may be from you—throughout the age”; and instantly the fig tree withered. (aiōn )
Ekpɔ gboti aɖe le mɔa to, ale wòzɔ ɖe edzi be yeakpɔ kutsetse aɖe le edzi agbe aɖu mahã? Ke esi wòva ɖo atia te la, aŋgbawo ko wòkpɔ le edzi. Yesu gblɔ na gboti la be, “Tso egbe sia yina la, màgatse ku gbeɖe o!” Enumake gboti la yrɔ ɖe tsitrenu. (aiōn )
20 And the disciples having seen, wondered, saying, “How did the fig tree instantly wither?”
Nu sia wɔ nuku na nusrɔ̃lawo ŋutɔ, ale wobiae be, “Nu kae na be gboti la yrɔ enumake?”
21 And Jesus answering said to them, “Truly I say to you, if you may have faith, and may not doubt, not only this of the fig tree will you do, but even if to this mountain you may say, Be lifted up and be cast into the sea, it will come to pass;
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Le nyateƒe me la, ne xɔse vavã le mia si, eye ɖikeke mele mia me o la, miate ŋu awɔ nu siawo, eye nu siwo miawɔ la akɔ wu esiwo mewɔ kura gɔ̃ hã. Miate ŋu agblɔ na to si kpɔm miele le afii kura gɔ̃ hã be, ho nàyi aɖadze atsiaƒu me, eye wòava eme enumake.
22 and all—as much as you may ask in the prayer, believing, you will receive.”
Nu sia nu si miabia to gbedodoɖa kple xɔse me la woana mi.”
23 And He having come into the temple, there came to Him when teaching the chief priests and the elders of the people, saying, “By what authority do You do these things? And who gave You this authority?”
Yesu yi gbedoxɔ la me, eye esi wònɔ nu fiam la, nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo va egbɔ hebiae be, “Ŋusẽ kae nèkpɔ hafi le nu siawo wɔm, eye ame kae na ŋusẽ sia wò?”
24 And Jesus answering said to them, “I will ask you—I also—one word, which if you may tell Me, I also will tell you by what authority I do these things;
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nye hã mabia nya ɖeka mi. Ne mieɖo eŋuti nam la, ekema nye hã magblɔ afi si mekpɔ ŋusẽ tsoe hafi le nu siawo wɔm la na mi.
25 the immersion of John, from where was it? From Heaven, or from men?” And they were reasoning with themselves, saying, “If we should say, From Heaven, He will say to us, Why, then, did you not believe him?
Yohanes ƒe mawutsidetaname ɖe, afi ka wòtso? Dziƒo wòtso loo alo amewo gbɔ wòtsoa?” Wodzro nya sia me le wo ɖokuiwo dome, eye wogblɔ be, “Ne míegblɔ be, ‘Etso dziƒo’ la, abia mí be, ‘Ekema nu ka ŋuti miexɔ edzi se o ɖo?’
26 And if we should say, From men, we fear the multitude, for all hold John as a prophet.”
Ke ne míegblɔ be, ‘Etso amewo gbɔ’ la, míele vɔvɔ̃m na nu si ameawo awɔ, elabena wo katã woxɔe se be Yohanes nye Nyagblɔɖila.”
27 And answering Jesus they said, “We have not known.” He said to them—He also, “Neither do I tell you by what authority I do these things.
Ale woɖo nya la ŋu na Yesu be, “Míenya o.” Tete Yesu hã gblɔ na wo be, “Nye hã nyemagblɔ afi si mexɔ mɔɖeɖe tsoe hafi le nu siawo wɔm la na mi o.”
28 And what do you think? A man had two children, and having come to the first, he said, Child, go, today be working in my vineyard.
Azɔ Yesu yi edzi gblɔ be, “Aleke miekpɔ tso nya si gbɔna la ŋuti? Ŋutsu aɖe si si viŋutsu eve nɔ la gblɔ na tsitsitɔ be, ‘Vinye, yi nàwɔ dɔ le agble me nam egbe.’
29 And he answering said, I will not, but at last, having regretted, he went.
“Ɖevi la ɖo eŋu be, ‘Nyemayi o.’ Ke emegbe la, etrɔ eƒe susu, eye wòyi agble la me ɖawɔ dɔ la.
30 And having come to the second, he said in the same manner, and he answering said, I [go], lord, and did not go;
“Fofoa va ɖevitɔ hã gbɔ eye wògblɔ nɛ be wòawɔ nenema. Ɖevi la ɖo eŋu nɛ be, ‘Papa mayi.’ Ke egbe meyi o.
31 which of the two did the will of the father?” They say to Him, “The first.” Jesus says to them, “Truly I say to you that the tax collectors and the prostitutes go before you into the Kingdom of God,
“Le ɖevi eve siawo dome ɖe, ame kae wɔ fofoa ƒe gbe dzi?” Wogblɔ bena, “Gbãtɔ lae.” Azɔ Yesu ɖe lododo la gɔme na wo be, “Le nyateƒe me la, ame vɔ̃ɖiwo kple gbolowo kura age ɖe mawufiaɖuƒe la me hafi miawo miava yi,
32 for John came to you in the way of righteousness, and you did not believe him, and the tax collectors and the prostitutes believed him, and you, having seen, did not regret at last—to believe him.
elabena Yohanes Mawutsidetanamela gblɔe na mi be, midzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, eye miaku ɖe Mawu ŋu, gake mieɖo toe o. Ke ame vɔ̃ɖiwo kple gbolowo ɖo toe, eye wodzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ. Ke nu si vɔ̃ɖi wu lae nye be, esi miekpɔ be ame siawo dzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ hã la, metsɔ fu le lãme na mi gɔ̃ hã be miawo hã miadzudzɔ o, ke boŋ miesẽ dzi me goŋgoŋgoŋ.
33 Hear another allegory: There was a certain man, a householder, who planted a vineyard, and put a hedge around it, and dug in it a winepress, and built a tower, and gave it out to farmers, and went abroad.
“Miɖo to miase lododo sia ɖa. Agbledela aɖe de waingble gã aɖe, eye wòtɔ kpɔ ƒo xlãe. Etu nɔƒe tɔxɛ na agble la ŋu dzɔla, eye wòtu wainfiaƒe hã. Azɔ etsɔ agblea de asi na agbledelawo be woawɔ dɔ le eme, ale be yeama viɖe si ado tso eme la kpli wo. Le esia wɔwɔ vɔ megbe la, agbletɔ la ŋutɔ dzo yi du bubu aɖe me.
34 And when the season of the fruits came near, he sent his servants to the farmers, to receive the fruits of it,
“Esi nuŋeɣi ɖo la, eɖo dɔlawo ɖe agblea dzi kpɔlawo gbɔ be woaxɔ yeƒe viɖe vɛ na ye.
35 and the farmers having taken his servants, one they scourged, and one they killed, and one they stoned.
Ke agbledzikpɔlawo dze ame dɔdɔawo dzi wu ɖeka, ƒo ɖeka vevie, eye woƒu kpe etɔ̃lia.
36 Again he sent other servants more than the first, and they did to them in the same manner.
“Agbletɔ la gaɖo dɔla bubu geɖewo ɖa, gake wowɔ fu woawo hã abe ame dɔdɔ gbãtɔwo ene.
37 And at last he sent to them his son, saying, They will respect my son;
Mlɔeba la, agbletɔ la dɔ Via ŋutsu ɖa kple susu sia be woade bubu eya ŋu, elabena enye via.
38 and the farmers having seen the son, said among themselves, This is the heir, come, we may kill him, and may possess his inheritance;
“Gake kpao! Esi agbledzikpɔla siawo kpɔ ŋutsuvia wògbɔna la, wogblɔ na wo nɔewo be, ‘Ɛhɛ̃, ame siae le fofoa ƒe dome nyi ge, ale be teƒe sia katã gbɔna etɔ zu ge. Mía tɔwo, mina míawui be agble sia nazu mía tɔ!’”
39 and having taken him, they cast [him] out of the vineyard, and killed him;
Ale wohe agbletɔ la ƒe vi la do goe le agble la me, eye wowui.
40 whenever therefore the lord of the vineyard may come, what will he do to these farmers?”
Yesu yi edzi bia wo be, “Nenye be agbletɔ la ŋutɔ gbɔ ɖe, nu ka miebu be awɔ agbledzikpɔla vɔ̃ɖi siawo?”
41 They say to Him, “Evil men—he will grievously destroy them, and will give out the vineyard to other farmers who will give back to him the fruits in their seasons.”
Yudatɔwo ƒe amegãwo ɖo eŋu nɛ be, “Ana woawu ame vɔ̃ɖi siawo, eye wòaxɔ agble la atsɔ na ame siwo awɔ eƒe gbe dzi la.”
42 Jesus says to them, “Did you never read in the Writings: A stone that the builders disallowed, it became head of a corner; from the LORD has this come to pass, and it is wonderful in our eyes?
Yesu gabia wo be, “Miexlẽ le mawunya me kpɔ be, “‘Kpe si xɔtulawo gbe be yewomazã o lae va zua dzogoedzikpe na xɔ la oa? Esia menye nu wɔnuku aɖe si Aƒetɔ la wɔ oa’?
43 Because of this I say to you that the Kingdom of God will be taken from you, and given to a nation bringing forth its fruit;
“Nya si gblɔm mele na mi la gɔme kpuie koe nye be woaxɔ mawufiaɖuƒe la le mia si atsɔ na dukɔ bubu si atsɔ viɖe si nye Mawu tɔ la vɛ nɛ.
44 and he who is falling on this stone will be broken, and on whomsoever it may fall it will crush him to pieces.”
Nyateƒe, nya sia ɖe wòle abe kpe ene; ame si akli kpe sia la, aŋe kluikluiklui, eye ame si dzi kpe sia age adze la, agbã gudugudu.”
45 And the chief priests and the Pharisees having heard His allegories, knew that He speaks of them,
Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple Farisitɔwo kpɔe dze sii be yewoe nye agbledzikpɔla vɔ̃ɖi siwo ŋu Yesu ƒo nu le le lododo la me, eye yewo ŋuti wòle nya la gblɔm ɖo.
46 and seeking to lay hold on Him, they feared the multitudes, seeing they were holding Him as a prophet.
Esia ta wodi vevie be yewoawui, gake wonɔ vɔvɔ̃m be ne yewolée la, ameha la atɔ zi, elabena wonya be ameha la xɔe se be Yesu nye Nyagblɔɖila.