< Jeremiah 42 >

1 And they come near—all the heads of the forces, and Johanan son of Kareah, and Jezaniah son of Hoshaiah, and all the people from the least even to the greatest—
Emegbe, asrafomegãwo katã kpe ɖe Yohanan, Karea ƒe vi, Yezania, Hosaya ƒe vi kple ameha la katã ŋu tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi va
2 and they say to Jeremiah the prophet, “Please let our supplication fall before you, and pray for us to your God YHWH for all this remnant; for we have been left a few out of many, as your eyes see us;
gblɔ na Nyagblɔɖila Yeremia be, “Míeɖe kuku na wò, se míaƒe kokoƒoƒo eye nàdo gbe ɖa na Yehowa, wò Mawu la ɖe ameha mamlɛawo ta elabena abe ale si nèle ekpɔmii fifia ene la, togbɔ be miesɔ gbɔ tsã hã la, azɔ la, ame ʋɛ aɖewo koe susɔ.
3 and your God YHWH declares to us the way in which we walk, and the thing that we do.”
Ɖe kuku na Yehowa, wò Mawu la be wòafia afi si míayi kple nu si míawɔ la mí.”
4 And Jeremiah the prophet says to them, “I have heard: behold, I am praying to your God YHWH according to your words, and it has come to pass, the whole word that YHWH answers you, I declare to you—I do not withhold a word from you.”
Nyagblɔɖila Yeremia ɖo eŋu na wo be, “Mese nya si miegblɔ; kpɔ ɖa, maɖe kuku na Yehowa, míaƒe Mawu la abe ale si miebia ene, magblɔ nya sia nya si wògblɔ nam la na mi eye nyemaɣla ɖeke ɖe mi o.”
5 And they have said to Jeremiah, “YHWH is against us for a true and faithful witness, if—according to all the word with which your God YHWH sends you to us—we do not do so.
Wogblɔ na Yeremia be, “Ɖekoe Yehowa nanye ɖasefo anukwaretɔ kple nuteƒewɔla ɖe mía ŋu ne míewɔ ɖe nu sia nu si Yehowa, wò Mawu la dɔ wò be nàgblɔ na mí la dzi o.
6 Whether [it is] good or evil, to the voice of our God YHWH, to whom we are sending you, we listen; because it is good for us when we listen to the voice of our God YHWH.”
Eɖanye nya nyui alo nya vɔ̃ o, míaɖo to Yehowa, míaƒe Mawu la ame si gbɔ míele dɔwòm ɖo, be eme nanyo na mí, elabena míaɖo to Yehowa, míaƒe Mawu la.”
7 And it comes to pass, at the end of ten days, that there is a word of YHWH to Jeremiah,
Le ŋkeke ewo megbe la, Yehowa ƒe nya va na Yeremia.
8 and he calls to Johanan son of Kareah, and to all the heads of the forces that [are] with him, and to all the people, from the least even to the greatest,
Ale wòyɔ Karea ƒe vi, Yohanan kple asrafomegã siwo katã le eŋu kple ameha la katã tso ɖeviwo dzi yi ɖe tsitsiawo dzi.
9 and he says to them, “Thus said YHWH, God of Israel, to whom you sent me, to cause your supplication to fall before Him:
Egblɔ na wo be, “Ale Yehowa Israel ƒe Mawu la, ame si gbɔ miedom ɖo be matsɔ miaƒe kokoƒoƒo nɛ la gblɔe nye esi:
10 If you certainly dwell in this land, then I have built you up, and I do not throw down; and I have planted you, and I do not pluck up; for I have relented concerning the calamity that I have done to you.
‘Ne mienɔ anyigba sia dzi la, matu mi eye nyemagbã mi o, mado mi eye nyemaho mi o, elabena gbegblẽ si mehe va mia dzii la vem ŋutɔ.
11 Do not be afraid of the king of Babylon, whom you are afraid of; do not be afraid of him—a declaration of YHWH—for I [am] with you, to save you, and to deliver you from his hand.
Migavɔ̃ na Babilonia fia si vɔ̃m miele fifia o. Yehowa be migavɔ̃ nɛ o, elabena meli kpli mi be maxɔ na mi eye maɖe mi tso eƒe asi me.
12 And I give mercies to you, and he has pitied you, and caused you to return to your own ground.
Makpɔ nublanui na mi, be eya hã nakpɔ nublanui na mi eye wòaɖo mi te le miaƒe anyigba dzi.’
13 And if you are saying, We do not dwell in this land—not to listen to the voice of your God YHWH,
“Ke ne miegblɔ be, ‘míanɔ anyigba sia dzi o,’ miegbe toɖoɖo Yehowa, miaƒe Mawu la
14 saying, No; but we enter the land of Egypt, that we see no war, and do not hear the sound of a horn, and are not hungry for bread; and we dwell there—
eye ne miegblɔ be, ‘Gbeɖe, míayi aɖanɔ Egipte, afi si míakpɔ aʋa teƒe le, ase kpẽ ƒe ɖiɖi loo, alo abolo mahiã mí le o la,’
15 And now, therefore, hear a word of YHWH, O remnant of Judah! Thus said YHWH of Hosts, God of Israel: If you really set your faces to enter Egypt, and have gone to sojourn there,
ekema mise Yehowa ƒe nya, ‘O mi ame siwo susɔ ɖe Yuda, ale Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Ne mieɖoe kplikpaa be yewoayi Egipte, eye mieyi ɖanɔ afi ma la,
16 then it has come to pass, the sword that you are afraid of, overtakes you there, in the land of Egypt; and the hunger, because of which you are sorrowful, cleaves after you there in Egypt, and there you die.
ekema yi si miele vɔvɔ̃m na la ava tu mi le afi ma eye dɔwuame si le ŋɔ dzim na mi la hã akplɔ mi ɖo ayi Egipte, afi mae miaku ɖo.
17 Thus are all the men who have set their faces to enter Egypt to sojourn there; they die—by sword, by hunger, and by pestilence, and there is not a remnant and an escaped one to them, because of the calamity that I am bringing in on them;
Le nyateƒe me, ame siwo katã ɖoe kplikpaa be yewoaɖanɔ Egipte la aku ɖe yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ƒe asi me, wo dometɔ aɖeke matsi agbe alo asi le gbegblẽ si mahe va wo dzii la nu o.”’
18 for thus said YHWH of Hosts, God of Israel: As My anger and My fury have been poured out on the inhabitants of Jerusalem, so My fury is poured out on you in your entering Egypt, and you have been for an execration, and for an astonishment, and for a reviling, and for a reproach, and you do not see this place anymore.
Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Abe ale si wotrɔ nye dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ kɔ ɖe ame siwo nɔ Yerusalem dzii ene la, nenema kee woatrɔ nye dɔmedzoe helĩhelĩ la akɔ ɖe mia dzii ne mieyi ɖe Egipte. Miazu ɖiŋudonu, ŋɔdzinu, atamkanu kple alɔmeɖenu eye miagakpɔ teƒe sia akpɔ gbeɖe o.’
19 YHWH has spoken against you, O remnant of Judah, do not enter Egypt: certainly know that I have testified against you today;
“O Yuda ƒe ame mamlɛawo, Yehowa gblɔ na mi be, ‘Migayi Egipte o.’ Nenɔ nyanya me na mi, be egbe mexlɔ̃ nu mi, be
20 for you have showed yourselves perverse in your souls, for you sent me to your God YHWH, saying, Pray for us to our God YHWH, and according to all that our God YHWH says, so declare to us, and we have done [it];
miewɔ vodada gã aɖe, esi miedɔm ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la gbɔ hegblɔ be, ‘Ɖe kuku na Yehowa, miaƒe Mawu la na mí; gblɔ nu sia nu si wòagblɔ na wò la na mí eye míawɔ ɖe edzi.’
21 and I declare to you today, and you have not listened to the voice of your God YHWH, and to anything with which He has sent me to you.
Megblɔe na mi egbe gake miewɔ ɖe nu siwo katã Yehowa, miaƒe Mawu la gblɔ nam be magblɔ na mi la dzi haɖe o.
22 And now, certainly know that by sword, by famine, and by pestilence you die, in the place that you have desired to go to sojourn there.”
Eya ta azɔ maka ɖe edzi na mi be miaku ɖe yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ƒe asi me, le teƒe si mieɖo be yewoayi aɖanɔ.”

< Jeremiah 42 >