< Deuteronomy 28 >
1 “And it has been, if you listen diligently to the voice of your God YHWH, to observe to do all His commands which I am commanding you today, that your God YHWH has made you highest above all the nations of the earth,
“Ne èwɔ Yehowa, wò Mawu la ƒe se siwo katã mele mia nam egbe la dzi pɛpɛpɛ la, awɔ wò nàzu dukɔ gãtɔ le xexea me,
2 and all these blessings have come on you and overtaken you, because you listen to the voice of your God YHWH:
eye yayra siawo katã agbã go ɖe dziwò ne àɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe.
3 Blessed [are] you in the city, and blessed [are] you in the field.
Woayra wò le du me kple agble me siaa.
4 Blessed [is] the fruit of your womb, and the fruit of your ground, and the fruit of your livestock, the increase of your oxen, and the wealth of your flock.
Woayra wò alimeviwo, eye wò agblemenukuwo, wò lãwo ƒe viwo, wò nyiwo kple wò alẽwo siaa adzi ɖe edzi.
5 Blessed [is] your basket and your kneading-trough.
Woayra wò kusi kple wò amɔze.
6 Blessed [are] you in your coming in, and blessed [are] you in your going out.
Woayra wò ne èva aƒe me kple ne èdo go.
7 YHWH makes your enemies, who are rising up against you, to be struck before your face; in one way they come out to you, and in seven ways they flee before you.
“Yehowa aɖu wò futɔwo dzi le ŋgɔwò. Woaƒo ƒu alũ ɖe dziwò, gake woaka ahlẽ asi to teƒe adre le ŋgɔwò!
8 YHWH commands the blessing with you in your storehouses, and in every putting forth of your hand, and has blessed you in the land which your God YHWH is giving to you.
Yehowa ayra wò kple nuku nyuiwo kple nyi siwo ƒe lãme nyo. Ana nàkpɔ dzidzedze le nu sia nu si nàwɔ ne èva ɖo anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nawòm la dzi.
9 YHWH establishes you to Himself for a holy people, as He has sworn to you, when you keep the commands of your God YHWH and have walked in His ways;
“Yehowa wò Mawu atrɔ wò nàzu dukɔ kɔkɔe na eɖokui abe ale si wòdo ŋugbe be yeawɔ ne ànya wɔ ɖe yeƒe sewo dzi, eye nàzɔ le yeƒe mɔwo dzi la ko ene.
10 and all the peoples of the land have seen that the Name of YHWH is called by you, and they have been afraid of you.
Dukɔwo katã le xexea me adze sii be Yehowa tɔ nènye, eye woƒe nu aku.
11 And YHWH has made you abundant in good, in the fruit of the womb, and in the fruit of your livestock, and in the fruit of your ground, on the ground which YHWH has sworn to your fathers to give to you.
“Yehowa ana nu nyuiwo wò le anyigba la dzi ale be viwòwo, wò lãwo kple wò agblemenukuwo nasɔ gbɔ fũu abe ale si wòdo ŋugbe ene.
12 YHWH opens his good treasure to you—the heavens—to give the rain of your land in its season, and to bless all the work of your hand, and you have lent to many nations, and you do not borrow.
Yehowa aʋu dziƒo nu, tsi adza na wò, eye wòana agblemenukuwo wò ɣe sia ɣi. Ayra nu sia nu si nàwɔ; àdo nugbana na dukɔ geɖewo, gake wò ŋutɔ ya màdo nugbana le wo si o.
13 And YHWH has set you for head and not for tail; and you have been only above, and are not beneath, for you listen to the commands of your God YHWH, which I am commanding you today, to keep and to do,
Ne mianya ɖo to, eye miawɔ Yehowa miaƒe Mawu ƒe se siwo mele dedem na mi egbea dzi ko la, Yehowa awɔ wò nàzu ta, eye mànye asike o; àɖu dzi le nu sia nu me ɣe sia ɣi.
14 and you do not turn aside from all the words which I am commanding you today [to] the right or left, to go after other gods, to serve them.
Ke yayra siawo dometɔ ɖe sia ɖe ku ɖe ale si màɖe asi le se siwo mede na wò la dzi wɔwɔ ŋu le mɔ aɖeke nu o la ŋu. Gawu la, mèkpɔ mɔ asubɔ mawu bubu aɖeke gbeɖegbeɖe o.”
15 And it has been, if you do not listen to the voice of your God YHWH, to observe to do all His commands and His statutes which I am commanding you today, that all these revilings have come on you and overtaken you:
“Ne màɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe o, eye màwɔ ɖe eƒe se kple ɖoɖo siwo mexlẽ na wò egbea dzi o la, Mawu ƒe fiƒode siawo katã ava dziwò, eye woaɖi ŋuwò.
16 Cursed [are] you in the city, and cursed [are] you in the field.
Ne èle du me la, aɖi ŋuwò eye ne èle agble hã, aɖi ŋuwò.
17 Cursed [is] your basket and your kneading-trough.
Aɖi wò kusi kple wò amɔze hã ŋu.
18 Cursed [is] the fruit of your body, and the fruit of your land, the increase of your oxen, and the wealth of your flock.
Aɖi wò alimeviwo, wò agblemenukuwo, wò nyiwo kple wò alẽwo hã ŋu.
19 Cursed [are] you in your coming in, and cursed [are] you in your going out.
Ne èva aƒe me la, aɖi ŋuwò, ne èdo go hã aɖi ŋuwò.
20 YHWH sends the curse, the trouble, and the rebuke on you, in every putting forth of your hand which you do, until you are destroyed, and until you perish quickly, because of the evil of your doings [by] which you have forsaken Me.
“Yehowa ŋutɔ aƒo fi ade wò; àtɔtɔ, eye màkpɔ dzidzedze le nu sia nu si nàwɔ la me o va se ɖe esime wò ŋutɔ nàtsrɔ̃ mlɔeba le ale si nègblẽ Mawu ɖi la ta.
21 YHWH causes the pestilence to cleave to you until He consumes you from off the ground to where you are going in to possess it.
Yehowa akplɔ dɔvɔ̃ ade dowòme va se ɖe esime nàtsrɔ̃ ɖa keŋkeŋ le anyigba si dzi yim nèle la ƒe ŋkume.
22 YHWH strikes you with consumption, and with fever, and with inflammation, and with extreme burning, and with sword, and with blasting, and with mildew, and they have pursued you until you perish
Yehowa akplɔ kpedɔ, ŋudza, lãmedɔ bubuwo, dɔvɔ̃ kple aʋawɔwɔ ade dowòme. Ana wò agblemenukuwo nayrɔ, eye woadzi ŋɔviwo. Dzɔgbevɔ̃e siawo katã adze yowòme va se ɖe esime nàtsrɔ̃, eye nuwò nayi.
23 And your heavens which [are] over your head have been bronze, and the earth which [is] under you iron;
“Dziƒowo asẽ dzi me abe akɔbli ene ɖe wò tame, eye anyigba anɔ abe gayibɔ ene ɖe tewò.
24 YHWH gives dust and ashes [for] the rain of your land; it comes down on you from the heavens until you are destroyed.
Anyigba la aƒu abe ʋuʋudedi ene le kuɖiɖi ta, eye ahom atu, eye kekuiwo atsrɔ̃ wò.
25 YHWH makes you struck before your enemies; in one way you go out to them, and in seven ways you flee before them, and you have been for a trembling to all kingdoms of the earth;
“Yehowa ana wò futɔwo naɖu dziwò. Wò aʋakɔ aƒo ƒu azɔ ayi aʋa, ke atɔtɔ, aka ahlẽ le futɔwo ŋkume, eye nàtsa tsaglalã le anyigbadzidukɔwo dome.
26 and your carcass has been for food for every bird of the heavens and for the beast of the earth, and there is none causing [them] to tremble.
Wò ame kukuwo azu nuɖuɖu na xewo kple gbemelãwo, eye ame aɖeke manɔ anyi anya wo ɖa o.
27 YHWH strikes you with the ulcer of Egypt, and with lumps, and with scurvy, and with itch, of which you are not able to be healed.
“Yehowa, wò Mawu la aɖo Egiptetɔwo ƒe ƒoƒoe, anyi kple akpa ɖe dowòme, eye atike manɔ anyi na wo dometɔ aɖeke o.
28 YHWH strikes you with madness, and with blindness, and with astonishment of heart;
Ana tsukuku, ŋkuagbã, vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya nadze dziwò;
29 and you have been groping at noon, as the blind gropes in darkness; and you do not cause your ways to prosper; and you have been only oppressed and plundered [for] all the days, and there is no savior.
àtsa asi le ŋdɔkutsu dzatsi nu abe ale si ŋkuagbãtɔ tsaa asi le viviti me ene tututu. Nu siwo katã nàwɔ la dometɔ aɖeke madze edzi na wò o. Woate wò ɖe to; woada adzo wò enuenu, eye naneke maɖe wò o.
30 You betroth a woman, and another man lies with her; you build a house, and do not dwell in it; you plant a vineyard, and do not make it common;
“Ŋutsu bubu sãa aɖe nyɔnu si ta nèbia, ame bubu sãa anɔ aƒe si nètso la me, eye ame bubu sãa aɖu waingble si nède la me kutsetsewo.
31 your ox [is] slaughtered before your eyes, and you do not eat of it; your donkey [is] violently taken away from before you, and it is not given back to you; your sheep [are] given to your enemies, and there is no savior for you.
Woafli wò nyitsuwo ƒe lã le wò ŋutɔ wò ŋkume, ke woƒe lãkɔ kakɛ aɖeke gɔ̃ hã maka nu na wò o. Woanya wò tedziwo dzoe le wò ŋkume, eye womagatrɔ ava gbɔwò gbeɖe o. Woatsɔ wò alẽwo na wò futɔwo, eye ame aɖeke manɔ anyi axɔ na wò o.
32 Your sons and your daughters [are] given to another people, and your eyes are looking and consumed for them all the day, but your hand is not to God!
Ànɔ viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo kpɔm hafi woakplɔ wo adzoe abe kluviwo ene. Wò ŋkuwo atsi wo ŋu, wò dzi agbã, gake màte ŋu awɔ naneke o.
33 A people whom you have not known eat the fruit of your ground and all your labor; and you have been only oppressed and bruised [for] all the days;
Didiƒe dukɔ aɖe si ƒe ŋkɔ mèse kpɔ gɔ̃ hã o la aɖu wò agblemenuku siwo nèƒã kple kutrikuku geɖe. Woate wò ɖe anyi, eye woafiti wò ɣe sia ɣi.
34 and you have been mad because of the sight of your eyes which you see.
Dzɔgbevɔ̃e siwo nàkpɔ woaƒo xlã wò la ana nàku tsu.
35 YHWH strikes you with a severe ulcer on the knees and on the legs (of which you are not able to be healed), from the sole of your foot even to your crown.
Yehowa ana ƒoƒoe naƒo wò tso tagbɔ va se ɖe afɔgɔme.
36 YHWH causes you and your king whom you raise up over you to go to a nation which you have not known, you and your fathers, and you have served other gods there—wood and stone;
“Yehowa, wò Mawu la aɖe aboyo wò kple fia si nàɖo la ayi dukɔ aɖe si ŋu wò ŋutɔ kple tɔgbuiwòwo siaa miebu kpɔ o la me, àsubɔ mawu siwo wowɔ kple ati kple kpe.
37 and you have been for an astonishment, for an allegory, and for a byword among all the peoples to where YHWH leads you.
Àzu ŋɔdzinu, lodonu kple alɔmeɖenu le dukɔwo katã dome, elabena Yehowa aɖe wò aƒu gbe.
38 You take much seed out into the field, and you gather little in, for the locust consumes it;
“Àƒã nukuwo fũu, gake nuku ʋɛ aɖewo ko nàŋe, elabena ʋetsuviwo agblẽ wò nukuawo.
39 you plant vineyards and have labored, but you do not drink wine, nor gather [grapes], for the worm consumes it;
Àde waingblewo, eye nàwɔ dɔ le wo me kple vevidodo nu, ke màɖu woƒe tsetseawo o, eye màno wain si woafia tso wo me hã o, elabena ŋɔ aɖu wo.
40 olives are yours in all your border, but you do not pour out oil, for your olive falls off.
Amitiwo amie ɖe afi sia afi, gake màkpɔ ami wòasɔ gbɔ be nàsi na ɖokuiwò gɔ̃ hã o.
41 You beget sons and daughters, but they are not with you, for they go into captivity;
Woalé viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo abe kluviwo ene adzoe le gbɔwò.
42 the locust possesses all your trees and the fruit of your ground;
Ʋetsuviwo agblẽ wò atiwo kple wò waingblewo.
43 the sojourner who [is] in your midst goes up very high above you, and you go down very low;
Amedzro siwo le dowòme la anɔ hotsui kpɔm ɖe edzi,
44 he lends [to] you, and you do not lend [to] him; he is for head and you are for tail.
le esime wò ŋutɔ nànɔ ahe dam ɖe edzi. Woado nugbana na wò, ke wò ya màdo naneke na wo o! Woawoe anye ta, eye wò ŋutɔ nàzu asike!
45 And all these curses have come on you, and pursued you, and overtaken you, until you are destroyed, because you have not listened to the voice of your God YHWH, to keep His commands and His statutes which he has commanded you;
“Fiƒode siawo katã aɖi ŋuwò, eye woanɔ yowòme va se ɖe esime nàtsrɔ̃ keŋkeŋ le esi nègbe be yemaɖo to Yehowa, wò Mawu o la ta.
46 and they have been on you for a sign and for a wonder, also on your seed—for all time.
Ŋɔdzinu siawo ava wò kple wò dzidzimeviwo dzi, eye woanye nusɔsrɔ̃ na wò.
47 Because that you have not served your God YHWH with joy and with gladness of heart, because of the abundance of all things—
Esi mèsubɔ Yehowa wò Mawu kple dzidzɔ le nu nyui siwo katã wòwɔ na wò o la ta,
48 you have served your enemies, whom YHWH sends against you, in hunger, and in thirst, and in nakedness, and in lack of all things; and He has put a yoke of iron on your neck until He has destroyed you.
Yehowa ana nàzu kluvi na wò futɔwo le dɔwuame, tsikɔwuame kple amamanɔnɔ me. Nu sia nu ahiã wò. Yehowa ade gakɔkuti kɔ na wò va se ɖe esime wòatsrɔ̃ wò ɖa gbidii.
49 YHWH lifts up a nation against you from afar, from the end of the earth—it flies as the eagle—a nation whose tongue you have not heard,
“Yehowa akplɔ dukɔ aɖe si ƒe gbe mèse o la tso didiƒe ke, wòava dze dziwò abe ale si hɔ̃ dzea eƒe nuɖuɖu dzi ene.
50 a nation of fierce countenance, which does not accept the face of the aged and does not favor the young;
Dukɔ sia me tɔwo nye ame nyanyrawo, ame siwo makpɔ nublanui na ɖeviwo alo ame tsitsiwo o.
51 and it has eaten the fruit of your livestock and the fruit of your ground, until you are destroyed; which does not leave to you grain, new wine, and oil, the increase of your oxen, and the wealth of your flock, until it has destroyed you.
Woaɖu nu le wò aƒe me va se ɖe esime wò nyiwo, agblemenukuwo, bli, wain yeye, ami, nyiviwo kple alẽviwo navɔ keŋkeŋ.
52 And it has laid siege to you in all your gates until your walls come down—the high and the fortified ones in which you are trusting, in all your land; indeed, it has laid siege to you in all your gates, in all your land which your God YHWH has given to you.
Dukɔ ma aɖe to ɖe wò duwo, eye wòamu wò gli kɔkɔ siwo ŋu nèɖoa ŋu ɖo be woaxɔ na ye la aƒu anyi.
53 And you have eaten the fruit of your body, [the] flesh of your sons and your daughters (whom your God YHWH has given to you), in the siege and in the constriction with which your enemies constrict you.
Àɖu wò ŋutɔ viwò ŋutsuviwo kple viwò nyɔnuviwo ƒe lã gɔ̃ hã le ɣeyiɣi vɔ̃ siwo gbɔna, esime woaɖe to ɖe wò la me.
54 The man who is tender in you, and who [is] very delicate—his eye is evil against his brother, and against the wife of his bosom, and against the remnant of his sons whom he leaves,
Nublanuikpɔnamela gãtɔ siwo le dowòme la asẽ ŋuta le eya ŋutɔ nɔvia ŋutsu, srɔ̃a lɔlɔ̃a kple via siwo aganɔ agbe la ŋu.
55 against giving to one of them of the flesh of his sons whom he eats, because he has nothing left for himself in the siege and in the constriction with which your enemy constricts you in all your gates.
Mana viawo ƒe lã si ɖum wòanɔ hã wo o, le dɔtoto si va dua me esi futɔwo ɖe to ɖee ta.
56 The tender woman in you, and the delicate, who has not tried the sole of her foot to place on the ground because of delicateness and because of tenderness—her eye is evil against the husband of her bosom, and against her son, and against her daughter,
Wò nyɔnu bɔbɔe si malɔ̃ be yeatu afɔ anyigba na gɔ̃ hã o la, agbe mana nu srɔ̃a lɔlɔ̃a, via ŋutsuwo kple via nyɔnuwo gɔ̃ hã o.
57 and against her seed which comes out from between her feet, even against her sons whom she bears, for she eats them in secret, in the lacking of everything, in the siege and in the constriction with which your enemy constricts you within your gates.
Aɣla amenɔ si le eƒe atawo dome kple vidzĩ si wòdzi la ɖe wò ale be eya ɖeka nate ŋu aɖu wo le adzame. Le ɣeyiɣi si me woaɖe to ɖe dua la, dɔwuame kple fukpekpe si wò futɔwo ahe vɛ la nu asẽ ŋutɔŋutɔ.
58 If you do not observe to do all the words of this law which are written in this scroll, to fear this honored and fearful Name—your God YHWH—
“Ne ègbe mèwɔ se siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me dzi o, eye nèto esia me gbe, mèvɔ̃ Yehowa, wò Mawu la ƒe ŋkɔ si ŋu bubu kple ŋɔdzi le o la,
59 then YHWH has made your strokes extraordinary, and the strokes [against] your seed [are] great strokes that are persisting and severe sicknesses that are persisting.
ekema Yehowa ahe dɔvɔ̃ si nu matso o la va wò kple viwòwo dzi.
60 And He has brought back all the diseases of Egypt on you, from the presence of which you have been afraid, and they have cleaved to you.
Yehowa ahe Egiptetɔwo ƒe dɔléle siwo nèvɔ̃na ŋutɔ la ava dziwò, eye woaxɔ anyigba la dzi.
61 Also every sickness and every stroke which is not written in the scroll of this law—YHWH causes them to go up on you until you are destroyed,
Menye nu siawo ɖeɖe ko ava dziwò o! Yehowa ahe dɔléle ɖe sia ɖe si le xexea me la, esiwo dzi wometɔ asii le Segbalẽ sia me o hã ava dziwò va se ɖe esime nàtsrɔ̃ gbidigbidi.
62 and you have been left with few men, whereas that you would have been as stars of the heavens for multitude, for you have not listened to the voice of your God YHWH.
Togbɔ be miesɔ gbɔ abe ɣletiviwo ene kpɔ hã la, mia dometɔ ʋɛ aɖewo koe asusɔ. Esiawo katã ava eme ne mèɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe o.
63 And it has been, as YHWH has rejoiced over you to do you good and to multiply you, so YHWH rejoices over you to destroy you and to lay you waste; and you have been pulled away from off the ground to where you are going in to possess it;
Abe ale si Yehowa kpɔ dzidzɔ le ŋuwò, wɔ nu wɔnuku mawo na wò, eye wòna nèdzi sɔ gbɔ ene la, nenema kee, le ɣeyiɣi si gbɔna me la, Yehowa akpɔ dzidzɔ le ale si wòatsrɔ̃ wò ŋu, eye nàbu le anyigba la dzi,
64 and YHWH has scattered you among all the peoples, from the end of the earth even to the [other] end of the earth; and you have served other gods there which you have not known, you and your fathers—wood and stone.
elabena Yehowa aka wò ahlẽ ɖe dukɔwo katã dome tso anyigba la ƒe seƒe ɖeka yi eƒe seƒe bubu. Le afi ma la, àsubɔ mawu siwo wowɔ kple ati kple kpe, mawu siwo wò ŋutɔ kple tɔgbuiwòwo mienya o!
65 And you do not rest among those nations, indeed, there is no resting place for the sole of your foot, and YHWH has given to you a trembling heart, and failing of eyes, and grief of soul there;
Le dukɔ mawo dome la, màkpɔ dzidzeme o, elabena Yehowa ana vɔvɔ̃dzi kple viviti wò, eye wòana nuxaxa kple vɔvɔ̃ nana wò ŋutilã nanyunyɔ.
66 and your life has been hanging in suspense before you, and you have been afraid by night and by day, and you do not have assurance in your life;
Àtsi dzodzodzoe le wò agbe ŋu, ànɔ agbe le vɔvɔ̃ me zã kple keli, eye naneke mana nàxɔe ase be ŋu ake ɖe ye o.
67 in the morning you say, O that it were evening! And in the evening you say, O that it were morning! (From the fear of your heart, with which you are afraid, and from the sight of your eyes which you see.)
Le ŋdi la, àgblɔ be, ‘O! Zã mee wòanye hafi!’ Le fiẽ me la, àgblɔ be, ‘O! Ŋkeke me wòanye hafi!’ Àgblɔ nya siawo le ŋɔdzinu siwo aƒo xlã wò la ta.
68 And YHWH has brought you back to Egypt in ships, by the way of which I said to you, You do not add to see it anymore; and you have sold yourselves to your enemies there, for menservants and for maidservants, and there is no buyer.”
Ekema Yehowa agbugbɔ mi aɖo ɖe Egipte le tɔdziʋuwo me togbɔ be edo ŋugbe na mi be miagade afi ma o hã hafi! Le afi ma la, miatsɔ mia ɖokuiwo ana woaƒle abe kluviwo ene, gake ame aɖeke madi be yeaƒle mi gɔ̃ hã o.”