< 1 Kings 19 >
1 And Ahab declares to Jezebel all that Elijah did, and all of how he slew all the prophets by the sword,
Azɔ la, Ahab gblɔ nu siwo katã Eliya wɔ, ale si wòwu nyagblɔɖilawo katã kple yi la na Yezebel
2 and Jezebel sends a messenger to Elijah, saying, “Thus the gods do, and thus do they add—surely about this time tomorrow, I make your life as the life of one of them.”
eya ta Yezebel ɖo dɔlawo ɖe Eliya be woagblɔ nɛ be, “Mawuawo nefiam ne woagafiam ɖe edzi nenye be etsɔ woaleawoɣi la, nyemewɔ wò agbe abe wo dometɔ ɖeka tɔ ene o.”
3 And he fears, and rises, and goes for his life, and comes to Beer-Sheba, that [is] Judah’s, and leaves his young man there,
Ale Eliya si, le eƒe agbe ta heyi Beerseba si nye du aɖe le Yuda. Egblẽ eƒe subɔla ɖe afi ma.
4 and he himself has gone a day’s journey into the wilderness, and comes and sits under a certain broom tree, and desires his soul to die, and says, “Enough, now, O YHWH, take my soul, for I [am] not better than my fathers.”
Eya ɖeka zɔ mɔ ŋkeke blibo la yi gbedzi. Enɔ anyi ɖe ati aɖe te eye wòdo gbe ɖa be Yehowa nana yeaku. Egblɔ na Yehowa be, “Eglom azɔ, ɖe nye agbe ɖa, mele kuku ge gbe ɖeka kokoko; nyemenyo wu tɔgbuinyewo o.”
5 And he lies down and sleeps under a certain broom tree, and behold, a messenger is reaching toward him and says to him, “Rise, eat”;
Eliya mlɔ ati la te eye wòdɔ alɔ̃. Ke mawudɔla aɖe va nyɔe le alɔ̃ me eye wògblɔ nɛ be wòafɔ aɖu nu!
6 and he looks attentively, and behold, at his bolster [is] a cake [on] burning stones, and a dish of water, and he eats, and drinks, and turns, and lies down.
Etsa ŋku eye wòkpɔ abolo si mem wonɔ le kpe xɔdzowo dzi kple tsikplu aɖe! Ale wòɖu nu, no tsi la eye wògamlɔ anyi.
7 And the messenger of YHWH turns back a second time, and is reaching toward him, and says, “Rise, eat, for the way is too great for you”;
Mawudɔla la gava zi evelia, ganyɔe hegagblɔ nɛ be, “Fɔ, nàgaɖu nane elabena mɔ didi aɖe le ŋgɔ na wò.”
8 and he rises, and eats, and drinks, and goes in the power of that food [for] forty days and forty nights, to the mountain of God—Horeb.
Ale wòfɔ, ɖu nu, no nu eye nuɖuɖu la do ŋusẽe ale gbegbe be wòte ŋu zɔ mɔ ŋkeke blaene kple zã blaene yi Horeb to, Mawu ƒe to la dzi.
9 And he comes in there, to the cave, and lodges there, and behold, the word of YHWH [is] to him, and says to him, “What are you [doing] here, Elijah?”
Eliya ge ɖe agado aɖe me eye wòtsi afi ma dɔ. Yehowa ƒe gbe va nɛ be, “Eliya, nu ka wɔm nèle le afi sia?”
10 And he says, “I have been very zealous for YHWH, God of Hosts, for the sons of Israel have forsaken Your covenant—they have thrown down Your altars, and they have slain Your prophets by the sword, and I am left, I, by myself, and they seek my life—to take it.”
Eɖo eŋu be, “Meʋã ŋu ɖe Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ la nu. Israelviwo gbe nu le wò nubabla la gbɔ. Wogbã wò vɔsamlekpuiwo ƒu anyi eye wowu wò nyagblɔɖilawo kple yi. Nye koe susɔ eye azɔ la, wole didim be yewoawu nye hã.”
11 And He says, “Go out, and you have stood on the mountain before YHWH.” And behold, YHWH is passing by, and a wind—great and strong—is tearing mountains, and shattering rocks before YHWH, [but] YHWH [is] not in the wind; and after the wind [is] a shaking, [but] YHWH [is] not in the shaking;
Yehowa gblɔ nɛ be, “Do go, natsi tsitre ɖe to la dzi le Yehowa ŋkume elabena Yehowa ava tso eme ayi.” Tete yaƒoƒo sesẽ aɖe kaka toawo, gbã agakpeawo le Yehowa ŋkume gake Yehowa menɔ yaƒoƒo sesẽ la me o. Anyigbaʋuʋu kplɔ yaƒoƒo sesẽ la ɖo, gake Yehowa menɔ anyigbaʋuʋu la me o
12 and after the shaking [is] a fire, [but] YHWH [is] not in the fire; and after the fire [is] a voice [like] a small whisper;
Dzo bibi kplɔ anyigbaʋuʋu la ɖo gake Yehowa menɔ dzo bibi la me o. Gbe bɔlɔe aɖe kplɔ dzo bibi la ɖo.
13 and it comes to pass, at Elijah’s hearing [it], that he wraps his face in his robe, and goes out, and stands at the opening of the cave, and behold, a voice [speaks] to him, and it says, “What are you [doing] here, Elijah?”
Esi Eliya se gbe bɔlɔe la la, ehe eƒe awu ʋlaya tsyɔ mo eye wòdo ɖe gota ɖatsi tsitre ɖe agado la ƒe mɔnu. Tete gbe aɖe gblɔ nɛ be, “Eliya, nu ka wɔm nèle le afi sia?”
14 And he says, “I have been very zealous for YHWH, God of Hosts; for the sons of Israel have forsaken Your covenant, they have thrown down Your altars, and they have slain Your prophets by the sword, and I am left, I, by myself, and they seek my life—to take it.”
Eliya ɖo eŋu be, “Meʋã ŋu ɖe Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ la nu. Israelviwo gbe nu le wò nubabla la gbɔ, wogbã wò vɔsamlekpuiwo ƒu anyi eye wowu wò nyagblɔɖilawo kple yi. Nye ɖeka koe susɔ eye azɔ la, wole didim be yewoawu nye hã.”
15 And YHWH says to him, “Go, return on your way to the wilderness of Damascus, and you have gone in, and anointed Hazael for king over Aram,
Yehowa gblɔ nɛ be, “Trɔ, nàlé mɔ si dzi nèto va eye nàyi ɖe Damasko gbegbe. Ne èɖo afi ma la, si ami na Hazael wòanye fia ɖe Aram dzi.
16 and you anoint Jehu son of Nimshi for king over Israel, and you anoint Elisha son of Shaphat, of Abel-Meholah, for prophet in your stead.
Le esia megbe la, nàsi ami na Yehu, Nimsi ƒe vi, wòazu Israel fia eye nàsi ami na Elisa, Safat ƒe vi, tso Abel Mehola ne wòanye nyagblɔɖila ɖe tewòƒe.
17 And it has been, he who has escaped from the sword of Hazael, Jehu puts to death, and he who has escaped from the sword of Jehu, Elisha puts to death;
Yehu awu ame sia ame si asi le Hazael ƒe yi nu eye Elisa awu ame sia ame si asi le Yehu ƒe yi nu.
18 and I have left in Israel seven thousand—all the knees that have not bowed to Ba‘al, and every mouth that has not kissed him.”
Ke hã la, magblẽ ame akpe adre ɖe Israel, ame siwo medze klo na Baal o eye wometsɔ woƒe nuwo gbugbɔ nu nɛ o.”
19 And he goes there, and finds Elisha son of Shaphat, and he is plowing; twelve yoke [are] before him, and he [is] with the twelfth; and Elijah passes over to him, and casts his robe at him,
Ale Eliya yi ɖakpɔ Elisa, Safat ƒe vi la, esi wònɔ agble ŋlɔm kple nyiwo ƒe hatsotso wuiɖekɛ siwo yome wònɔ. Ewu bo la ŋɔŋlɔ nu kple nyiawo ƒe hatsotso mamlɛtɔ. Eliya te ɖe eŋu, tsɔ eƒe dziwui da ɖe eƒe abɔta eye wòtrɔ dzo.
20 and he forsakes the ox, and runs after Elijah, and says, “Please let me give a kiss to my father and to my mother, and I go after you.” And he says to him, “Go, turn back, for what have I done to you?”
Elisa gblẽ nyitsuawo ɖe afi ma, ƒu du ɖatu Eliya eye wògblɔ nɛ be, “Gbã la, na mayi aɖaklã fofonye kple danye ekema mayi kpli wò!” Eliya gblɔ nɛ be, “Yi, nàtrɔ gbɔ! Nu kae na wò lãme le ƒoƒom ale?”
21 And he turns back from after him, and takes the yoke of the ox, and sacrifices it, and with [the] instruments of the ox he has boiled its flesh, and gives to the people, and they eat, and he rises, and goes after Elijah, and serves him.
Elisa trɔ yi eƒe nyiawo gbɔ, wu wo dometɔ eve eye wòtsɔ nyiawo ƒe kɔkutiawo do dzoe heme woƒe lã. Ena lã la dɔwɔla bubuawo eye wo katã woɖu nu nyuie. Le esia megbe la, edze Eliya yome abe eƒe kpeɖeŋutɔ ene.