< 1 Kings 2 >
1 And when the days of David drew near that he should die, he charged Solomon his son, saying,
Esi Fia David ƒe kuɣi ɖo vɔ la, egblɔ na via, Solomo be:
2 I am going the way of all the earth; but be thou strong, and become a man;
“Mele demagbɔnugbe yim eya ta lé dzi ɖe ƒo, nàwɔ kalẽ.
3 And keep the charge of the Lord thy God, to walk in his ways, to keep his statutes, his commandments, and his ordinances, and his testimonies, as it is written in the law of Moses; in order that thou mayest prosper in all that thou doest, and whithersoever thou turnest thyself;
Wɔ nu siwo katã Yehowa, wò Mawu ɖo na wò. Wɔ eƒe se siwo katã woŋlɔ ɖe Mose ƒe agbalẽ me la dzi ale be nu sia nu si nàwɔ le go ɖe sia ɖe me la nadze edzi na wò.
4 In order that the Lord may fulfill his word which he hath spoken concerning me, saying, If thy children take heed to their way, to walk before me in truth with all their heart and with all their soul, there shall never fail thee, said he, a man on the throne of Israel.
Ne èwɔ alea la, ekema Yehowa awɔ ŋugbe si wòdo nam la dzi. Ŋugbe siae nye be ne vinyewo kple woƒe dzidzimeviwo azɔ nyuie, eye woawɔ nuteƒe na ye, Mawu la, ekema wo dometɔ ɖeka anye fia na Israel ɣe sia ɣi eye nye fiaɖuƒe nu mayi akpɔ o.
5 And thou also knowest well what Joab the son of Zeruyah hath done to me, what he did to the two captains of the armies of Israel, unto Abner the son of Ner, and unto 'Amassa the son of Yether, whom he slew, and shed the blood of war in peace, and put the blood of war upon his girdle that was about his loins, and on his shoes that were on his feet.
“Ènya be Yoab, Yeruya vi wu nye Israelʋafia eve, Abner kple Amasa. Eble amewo be aʋa mee yewu wo le, le esime wònye ŋutifafa ƒe ɣeyiɣiwo mee wòwu wo le.
6 Do therefore according to thy wisdom, and let not his hoary head go down in peace to the grave. (Sheol )
Ame nyanue nènye eye ànya nu si nàwɔ; mègana wòaku le ŋutifafa me o. (Sheol )
7 But unto the sons of Barzillai the Gil'adite show thou kindness, and let them be of those that eat at thy table; for so they came near to me when I fled from before Abshalom thy brother.
“Ke ve Barzilai, Gileadtɔ la ƒe viwo nu elabena wove nunye esi mesi le vinye Absalom nu.
8 And, behold, thou hast with thee Shim'i the son of Gera, the Benjamite of Bachurim, who cursed me with a grievous curse on the day when I went to Machanayim; but who came down to meet me at the Jordan, and I swore to him by the Lord, saying, I will not put thee to death with the sword.
“Èɖo ŋku Simei, ame si nye Gera, Benyamintɔ tso Bahurim ƒe vi dzia? Eƒo fi dem vevie esime meyina Mahanaim. Ke esi wòva kpem le Yɔdan tɔsisi la nu la, medo ŋugbe nɛ le Yehowa ŋkɔ me be nyemawui o.
9 But now leave him not unpunished; for thou art a wise man; know then what thou oughtest to do unto him, and bring thou down his hoary head with blood to the grave. (Sheol )
Ke azɔ la, mègabui ame maɖifɔe o. Nunyalae nènye; ànya nu si nàwɔe. Ɖo eƒe ta ƒowɔ la ɖe yɔ me to ʋu me.” (Sheol )
10 And David slept with his fathers, and was buried in the city of David.
Ale David ku eye woɖii ɖe Yerusalem, David ƒe du la me.
11 And the days that David reigned over Israel were forty years: in Hebron he reigned seven years, and in Jerusalem he reigned thirty and three years.
Eɖu fia ɖe Israel dzi ƒe blaene, ƒe adre le Hebron, ƒe blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃ le Yerusalem.
12 Then sat Solomon upon the throne of David his father; and his kingdom was established greatly.
Solomo zu fia yeye ɖe fofoa, David teƒe eye nuwo tsɔ afɔ nyuie le eƒe fiaɖuƒe la me.
13 And Adoniyah the son of Chaggith came to Bath-sheba' the mother of Solomon: and she said, Is thy coming for peace? And he said, For peace.
Gbe ɖeka la, Adoniya, Hagit ƒe vi la va Fia Solomo dada, Batseba gbɔ. Batseba biae be, “Ŋutifafae nètsɔ vɛa?” Adoniya ɖo eŋu be, “Ɛ̃, ŋutifafa mee meva le.
14 He said moreover, I have a word for thee. And she said, Speak.
Le nyateƒe me la, meva be maɖe kuku na wò, nàve nunye le mɔ tɔxɛ aɖe nu.” Batseba biae be, “Nu kae?”
15 And he said, Thou well knowest that mine was the kingdom, and that on me all Israel had set their faces, that I should reign: nevertheless the kingdom was turned about, and became my brother's; for from the Lord was it [made] his.
Adoniya ɖo eŋu be, “Tsã la, fiaɖuƒe la nye tɔnye eye Israel katã bu be nyee anye fia yeyea hafi. Ke nuwo va trɔ eye nu sia nu va yi nɔvinye boŋ ƒe asi me elabena nenemae Yehowa di be wòanɔ.
16 And now there is one petition I am going to ask of thee, do not turn me away. And she said unto him, Speak.
Azɔ la, medi be mabia wò nàna kpekpeɖeŋu tɔxɛ aɖem. Meɖe kuku, mègagbe kpekpeɖeŋu sia nanam o.” Batseba biae be, “Nu kae?”
17 And he said, Speak, I pray thee, unto Solomon the king, [for he will not turn thee away, ] that he may give me Abishag the Shunammite for wife.
Eɖo eŋu be, “Ƒo nu na Fia Solomo nam elabena menya be awɔ nu sia nu si nàbiae. Ƒo nu nɛ nam be wòatsɔ Abisag, Sunami nyɔnu la nam maɖe.”
18 And Bath-sheba' said, Well: I will speak for thee unto the king.
Batseba ɖo eŋu be, “Enyo, mabiae na wò.”
19 Bath-sheba' thereupon went unto king Solomon, to speak unto him for Adoniyah; and the king rose up to meet her, and bowed himself unto her, and then sat down on his throne, and placed a chair for the king's mother; and she sat on his right hand.
Ale Batseba yi be yeagblɔ nya la na Fia Solomo le Adoniya ƒe ŋkɔ me. Esi wòɖo fia la gbɔ ko la, fia la tso le eƒe fiazikpui dzi, bɔbɔ eye wòde ta agu na dadaa. Eɖe gbe be woatsɔ fiazikpui aɖe ada ɖe ye tɔ gbɔ na ye dada, ale dadaa nɔ eƒe ɖusime.
20 Then said she, There is one small petition I am going to ask of thee; do not turn me away. And the king said unto her, Ask on, my mother; for I will not turn thee away.
Dadaa gblɔ nɛ be, “Meva be mabia nane wò; meka ɖe edzi be màgbe nu si mabia wò la wɔwɔ o.” Fia la biae be, “Nu kae, danye? Ènya be, màbia nanekem magbe o.”
21 And she said, Let Abishag the Shunammite be given to Adoniyah thy brother for wife.
Dadaa gblɔ nɛ be, “Ɖe mɔ nɔviwò, Adoniya naɖe Abisag.”
22 And king Solomon answered and said unto his mother, And why dost thou ask Abishag the Shunammite for Adoniyah? rather ask for him the kingdom; for he is my elder brother; — even for him, and for Ebyathar the priest, and for Joab the son of Zeruyah.
Fia Solomo ɖo ŋu na dadaa be, “Nu ka ta nèle Abisag, Sunami nyɔnu la biam na Adoniya ɖo? Bia fiaɖuƒe la hã na eya kple nunɔla Abiata kple Aʋafia Yoab si nye Zeruya ƒe vi la elabna fonyee.”
23 Then swore king Solomon by the Lord, saying, May God do so to me, and may he thus continue, if Adoniyah have not spoken this word against his own life.
Tete Fia Solomo tsɔ Yehowa ka atam be, “Mawu nafiam agafiam ɖe edzi, ne Adoniya metsɔ eƒe agbe xe fe ɖe nu si wòbia la ta o!
24 And now, as the Lord liveth, who hath established me, and seated me on the throne of David my father, and who hath made me a house, as he hath spoken, this very day shall Adoniyah be put to death.
Ke azɔ la, zi ale si Yehowa le agbe, ame si tsɔm ɖo fofonye, David ƒe fiazikpui dzi eye wòɖo fiaɖuƒe anyi nam abe ale si wòdo ŋugbe ene la, woawu Adoniya egbea!”
25 And king Solomon sent by the hand of Benayahu the son of Yehoyada'; and he fell upon him so that he died.
Ale Fia Solomo ɖo Benaya ɖa be wòayi aɖawu Adoniya eye wòyi ɖawui kple yi.
26 And unto Ebyathar the priest said the king, Go to 'Anathoth, unto thy own fields; for thou art a man worthy of death; but on this day will I not put thee to death; because thou hast borne the ark of the Lord Eternal before David my father, and because thou was afflicted in all wherein my father was afflicted.
Le esia megbe la, fia la gblɔ na nunɔla Abiata be, “Yi wò aƒe me le Anatɔt; ele be woawu wò hã gake nyemawu wò fifia o elabena wòe tsɔ Aƒetɔ la ƒe nubablaɖaka la le fofonye ƒe fiaɖuɣi eye nèkpe fu sia fu kplii to eƒe xaxaɣiwo katã me.”
27 So Solomon banished Ebyathar that he should not be priest unto the Lord, to fulfill the word of the Lord, which he had spoken concerning the house of 'Eli in Shiloh.
Ale Solomo nya Abiata be magawɔ dɔ abe Yehowa ƒe nunɔla ene o. Ale wona Yehowa ƒe nya si wògblɔ ɖi ɖe Eli kple eƒe dzidzimeviwo ŋu le Silo la va eme.
28 And the report came to Joab; for Joab had turned after Adoniyah, though he had not turned after Abshalom. And Joab fled unto the tabernacle of the Lord, and caught hold on the horns of the altar.
Yoab nye aʋafia na David ƒe aʋakɔ eye mede Absalom dzi o, ke ede Adoniya ya dzi. Esi Yoab se Adoniya ƒe ku la, eƒu du yi ɖadi sitsoƒe le Agbadɔ la me eye wòlé vɔsamlekpui la ƒe lãdzowo ɖe asi.
29 And it was told to king Solomon that Joab had fled unto the tabernacle of the Lord; and that, behold, he was close by the altar. Then sent Solomon Benayahu the son of Yehoyada,' saying, Go, fall upon him.
Esi Fia Solomo se nya sia la, eɖo Benaya ɖa be wòayi aɖawui.
30 And Benayahu came to the tabernacle of the Lord, and said unto him, Thus hath said the king, Come forth. And he said, No; but here will I die. And Benayahu brought the king word again, saying, Thus hath Joab spoken, and thus hath he answered me.
Benaya yi agbadɔ la me; ekpɔ Yoab eye wògblɔ nɛ be, “Fia Solomo be, ‘do go!’” Yoab ɖo eŋu be, “Ao, medi be maku ɖe afi sia.” Ale Benaya trɔ yi fia la gbɔ hegblɔ nɛ be, “Ale Yoab gblɔ eye ale wòɖo eŋu nam enye esi.”
31 Then said the king unto him, Do as he hath spoken, and fall upon him, and bury him; and remove [thus] the innocent blood, which Joab hath shed, from me, and from the house of my father.
Fia la gblɔ be, “Wɔ eƒe didi dzi, wui le vɔsamlekpui la gbɔ eye nàɖii. Esia aɖe amewo wuwu dzodzro ƒe fɔɖiɖi ɖa le nye kple fofonye ƒe ƒome la dzi.
32 And may the Lord bring back his blood-guiltiness upon his own head, because he fell upon two men more righteous and better than he, and slew them with the sword, while my father David knew it not, Abner the son of Ner, the captain of the army of Israel, and 'Amassa the son of Yether, the captain of the army of Judah.
Ekema Yehowa ana ame eve siwo nyo wui hafi wòwu wo la ƒe nu vɔ̃ nanɔ eya ŋutɔ dzi elabena fofonye ƒe asi menɔ Aʋafia Abner, Israelʋakɔ la ƒe kplɔla gã la kple Aʋafia Amasa, Yudaʋakɔwo ƒe kplɔla gã la ƒe ku me o.
33 And their blood shall return upon the head of Joab, and upon the head of his seed for ever; but unto David, and unto his seed, and unto his house, and unto his throne, may there be peace for ever from the Lord.
Ame siawo wuwu ƒe nu vɔ̃ nanɔ Yoab kple eƒe dzidzimeviwo dzi tegbetegbe eye Mawu nakpɔe be David kple eƒe dzidzimeviwo meɖi fɔ le ame siawo wuwu me o.”
34 So Benayahu the son of Yehoyada' went up, and fell upon him, and slew him: and he was buried in his own house in the wilderness.
Ale Benaya trɔ yi agbadɔ la me eye wòwu Yoab. Woɖi eƒe kukua ɖe eƒe aƒe xa le gbegbe.
35 And the king appointed Benayahu the son of Yehoyada' in his place over the army; and Zadok the priest did the king appoint in the place of Ebyathar.
Fia Solomo ɖo Benaya aʋafia gãe ɖe Yoab teƒe eye wòtsɔ Zadok ɖo nunɔla ɖe Abiata teƒe.
36 And the king sent and called for Shim'i, and said unto him, Build thee a house in Jerusalem, and dwell there, and thou shalt not go forth from there hither or thither.
Fia la ɖo du ɖe Simei eye wògblɔ nɛ be, “Tu xɔ na ɖokuiwò ɖe Yerusalem eye nànɔ afi ma; mègayi teƒe bubu aɖeke o.
37 And it shall be, that on the day thou goest out, and passest over the brook Kidron, thou shalt know for certain that thou shalt surely die: thy blood shall be upon thy own head.
Gbe si gbe nàtso Kidron bali la la, nànya nyuie be yeaku eye yeƒe ʋu anɔ ye ŋutɔ ƒe ta dzi.”
38 And Shim'i said unto the king, It is well: as my Lord the king hath spoken, so will thy servant do. And Shim'i dwelt in Jerusalem many days.
Simei gblɔ nɛ be, “Mesee; mawɔ nu sia nu si nye aƒetɔ fia la gblɔ.” Ale wònɔ Yerusalem ɣeyiɣi didi aɖe.
39 And it came to pass at the end of three years, that two servants of Shim'i ran away unto Achish the son of Ma'achah the king of Gath: and they told unto Shim'i, saying, Behold, thy servants are in Gath.
Le ƒe etɔ̃ megbe la, Simei ƒe kluvi eve si yi Gat fia, Akis gbɔ. Esime Simei se be wole afi ma la,
40 And Shim'i arose, and saddled his ass, and went to Gath to Achish to seek his servants; and Shim'i went, and brought his servants from Gath.
edo tedzi yi Gat le Akis gbɔ be yeadi yeƒe kluviwo. Esi wòkpɔ eƒe kluviawo la, ekplɔ wo va Yerusalem.
41 And it was told to Solomon that Shim'i had gone from Jerusalem to Gath, and had returned.
Fia Solomo se be Simei dzo le Yerusalem yi Gat eye wòtrɔ gbɔ.
42 And the king sent and called for Shim'i, and said unto him, Did I not make thee swear by the Lord, and warned thee, saying, On that day thou goest out, and walkest abroad hither or thither, know for certain that thou shalt surely die? and thou saidst unto me, It is well, I have heard?
Eyɔe hebiae be, “Ɖe nyemeɖo na wò be nànɔ Yerusalem alo nàku oa? Wò ŋutɔ mèɖo eŋu gblɔ be, ‘Mesee; mawɔ nu sia nu si nènya gblɔ ko’ oa?
43 Why then hast thou not kept the oath of the Lord, and the commandment with which I charged thee?
Ekema nu ka ta mèwɔ míaƒe ɖoɖo kple nye se la dzi o?”
44 The king said moreover to Shim'i, Thou well knowest all the wickedness of which thy heart is conscious, that thou hast done to David my father: and the Lord bringeth back thy wickedness upon thy own head;
“Nya kae le asiwò le nu vɔ̃ɖi siwo katã nèwɔ ɖe fofonye, Fia David, ŋu la ta? Yehowa nabia hlɔ̃ wò
45 But king Solomon will be blessed, and the throne of David will be established before the Lord for ever.
gake wòakɔ eƒe yayra gã ɖe Solomo dzi ale be David ƒe fiazikpui la ali ke le Yehowa ƒe ŋkume tegbee.”
46 So the king commanded Benayahu the son of Yehoyada', who went out, and fell upon him, so that he died. And the kingdom was established in the hand of Solomon.
Enumake Fia Solomo ɖe gbe eye Benaya kplɔ Simei yi gota eye wòwui. Ale Solomo ƒe fianyenye li ke ɖe Israel dukɔ la me.